Eme Menyo Na Mí Le Gbɔgbɔ Me Alea Gbegbe Kpɔ O!
1 Edzroa ame akpa gãtɔ vevie be ŋkeke aɖe naɖo esi dzi yewoate ŋu agblɔ le be, “Eme menyo na mí alea gbegbe kpɔ o!” Le woƒe susu me la, ŋkeke ma aɖo esime ŋutilãmenuwo anɔ wo si fũ, si ana ‘woagbɔ ɖe eme, aɖu nu, ano nu, ahaɖu agbe.’ (Luka 12:19) Gake fifi laa la, míawo míegblɔna le gbɔgbɔ me gɔmesese nu be naneke mehiãa mí o. (Ps. 34:11) Aleke ema dzɔe?
2 Lododowo 10:22 gblɔ be “Yehowa ƒe yayra wɔa ame kesinɔtɔ.” Mí amesiwo ŋu Mawu kpɔa ŋudzedze ɖo alea la míate ŋu agblɔ le nyateƒe me be Mawu “tsɔ nuwo katã na mí fũ be, míawɔ wo ŋuti dɔ.” (Tim. I, 6:17) Esia na míezu kesinɔtɔwo wu le anyigba dzi!
3 Ŋudzedzekpɔkpɔ Ðe Míaƒe Yayrawo Ŋu: Mía dometɔ ʋee aɖewo ko sie ŋutilãmenuwo do agbogbo ɖo. Gake woyra mí elabena míetsia dzi ɖe míaƒe gbesiagbenuhiahiãwo ŋu fũ akpa o. Yehowa nya nusiwo hiã mí, eye edo ŋugbe be yeawɔ wo na mí. (Mat. 6:31-33) Kakaɖedzi si wòna mí la naa susumekɔdzeanyi si tɔgbe meli o la mí.
4 Gake míaƒe gbɔgbɔ me yayrawo gɔ̃ hã sɔ gbɔ wu. Míaƒe agbe nɔ te ɖe gbɔgbɔmenuɖuɖu si tsoa Yehowa gbɔ dzi. (Mat. 4:4) Dɔ wua amesiwo trɔna ɖe xexememɔnuwo ŋu dia gbɔgbɔmenuɖuɖu, evɔ míawo ya míeɖua nu ɖia ƒo henoa nu ɖia kɔ. (Yes. 65:13) ‘Dɔla nuteƒewɔla’ la naa sidzedze si nu metsona o, si kplɔa ame yia agbe mavɔ me la mí.—Mat. 24:45; Yoh. 17:3.
5 Míaƒe nɔviwo ƒe habɔbɔ xɔasi si le xexeame katã na míedea ha kple mía nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu lɔ̃ame siwo le anyigba ƒe akpa sia akpa la lɔlɔ̃tɔe. (Yoh. 13:35) Míaƒe hamea nye ŋutifafanɔƒe, afisi míate ŋu akpɔ akɔfafa kple gbɔdzɔe le. Hamemegãwo le míaƒe luʋɔwo ŋu dzɔm, eye wokpena ɖe mía ŋu be míanɔ te ɖe kuxi vovovo geɖe nu. (Heb. 13:17) Tete ɖe mía nɔviwo ŋu naa míedea dzi ƒo na mía nɔewo, eye edoa ŋusẽ mí be míaku kutri.—Rom. 1:11, 12.
6 Míaƒe dɔa gɔ̃ hã nye yayra. Dɔ geɖe sesẽ eye dzidzeme mele eme o. Nyanyuia gbɔgblɔ naa ame bubuwo tsoa aseye eye wònyea dzidzɔ na míawo hã. (Dɔw. 20:35) Míeɖua agbe le míaƒe dɔsesẽwɔwɔwo katã ta nyateƒe.—Nyagb. 2:24.
7 Gawu la, etsɔme mɔkpɔkpɔ wɔnuku aɖe le mía si. (Rom. 12:12) Míele mɔ kpɔm na dzɔdzɔenyenye ƒe xexe yeye deblibo si me míanɔ kple míaƒe lɔlɔ̃tɔwo le dzidzɔ kple ŋutifafa me tegbee la! Mɔkpɔkpɔ sia nye kesinɔnu si xɔ asi wu nusianu si míate ŋu akpɔ tso xexe sia me.—Tim. I, 6:19.
8 Aleke Míate Ŋu Aɖe Míaƒe Ŋudzedzekpɔkpɔ Afiae? Míate ŋu aɖo nusiwo Yehowa wɔ na mí la teƒe nɛ gbeɖe o. Míaƒe ŋudzedzekpɔkpɔ koe míate ŋu aɖe afia to (1) akpedada nɛ gbesiagbe ɖe eƒe amenuveve si míedze na hafi o ta (Ef. 5:20), (2) to ɖoɖoe atsɔ aɖee fia be míelɔ̃e (Yoh. I, 5:3), (3) gbeƒãɖeɖe nyanyui la atsɔ akɔ eƒe ŋkɔ ŋuti (Ps. 83:18), kple (4) nuwɔwɔ aduadu si tso dzi blibo me atsɔ do alɔ Kristo-hame lae.—Tim. I, 3:15.
9 Mía tɔ dzɔ be míenye amesiwo kpɔa dzidzɔ wu le anyigba dzi. (Ps. 144:15b) Mina míaƒe nɔnɔme, nuwɔna, kple subɔsubɔ naɖe dzidzɔ si kpɔm míele le míaƒe gbɔgbɔ me paradiso me la fia. Eme menyo na mí alea gbegbe kpɔ o!