Zã Nusiwo Dzɔ Nyitsɔ Laa Nàtsɔ Anyɔ Ðetsɔlemee
1 Ðe nàdi be nya ʋãmewo nanɔ ye si ɖaa ale be wòana dzidzɔ nanɔ wò subɔsubɔdɔa me eye wòanyɔ amewo ƒe ɖetsɔleme ɖe Biblia ƒe gbedasia ŋua? Ekema zã xexeame kple wò nutoa me nudzɔdzɔwo nàtsɔ adze dzeɖoɖowo gɔmee. Àte ŋu azã nusiwo dzɔ nyitsɔ laa le nutoa alo dukɔa me alo dukɔwo dome nyadzɔdzɔwo. Nusiawo trɔna ɣesiaɣi. (Kor. I, 7:31) Bu kpɔɖeŋu siwo gbɔna ŋu kpɔ.
2 Gakuxiwo kple agbenɔnɔ ƒe sesẽ nye nusiwo me amewo tsɔ ɖe le vevie. Eyata àte ŋu agblɔ be:
◼ “Ðe nèsee le nyadzɔdzɔ me be wogada ɖe [yɔ nua ƒe ŋkɔ] ƒe asi dzia?” Alo àte ŋu aƒo nu tso dɔmakpɔwɔe ŋu ne dɔwɔƒe gã aɖe ɖe asi le eƒe dɔwɔla geɖe ŋu. Àte ŋu anɔ te ɖe mɔ si dzi nèdi be yeato ayi dzeɖoɖoa dzi la dzi abiae be, “Ðe nèbu nusita agbenɔnɔ le sesẽm alea gbegbe ɖo ŋu kpɔa?” alo “Ðe nèsusui be asesẽ na mí ɣesiaɣi hafi míakpɔ míaƒe nuhiahiãwoa?”
3 Ŋutasẽnuwɔna ŋuti nyatakakawo, abe afɔku siwo dzɔ le ƒomea me alo le sukuviwo dome, nye nu bubu si dzi woate ŋu anɔ te ɖo aɖo dze. Àte ŋu abia be:
◼ “Èxlẽ nu tso [gblɔ nane si dzɔ le nutoa me] si dze le nyadzɔdzɔgbalẽ me la ŋua?” Emegbe nàbia be: “Nuka gbɔe nèsusu be ŋutasẽnuwɔna siwo xɔ aƒe ɖe xexeame la tso?” alo “Èsusu be ɣeyiɣi aɖe ava esime míase le mía ɖokui me be míele dediea?”
4 Nyadzɔdzɔ siwo ku ɖe tsiɖɔɖɔ gblẽnuwo, anyigbaʋuʋuwo, alo ʋunyaʋunyawɔwɔ le xexeame ƒe akpa vovovowo ŋu hã nye nya siwo míate ŋu azã atsɔ anyɔ ɖetsɔlemee. Le kpɔɖeŋu me, àte ŋu abia be:
◼ “Mawu gbɔe [yɔ dzɔdzɔmefɔkua] tsoa?” Alo àte ŋu aƒo nu tso ʋunyaʋunya aɖe si dzɔ le dukɔa me nyitsɔ laa ŋu agblɔ be: “Ne amesiame dia ŋutifafa la, ke nukatae egbɔ ɖoɖo sesẽ alea gbegbe ɖo?”
5 Nɔ ŋudzɔ ɖe nyadzɔdzɔ yeye siwo nàte ŋu azã le wò ŋgɔdonyawo me ŋu. Aɖaŋuɖoɖo nyuiwo dze le Reasoning-gbalẽa ƒe axa 10-11, [alo agbalẽvi si nye Alesi Nàdze Biblia me Dzeɖoɖowo Gɔme Ahayi Wo Dzii ƒe axa 6-7] le tanya si nye “Current Events,” [“Nyadzɔdzɔ Yeyewo”] te. Gake ƒo asa na akpa aɖe dzi dede le dunyahenyawo alo hadomenyawo me. He susu yi Ŋɔŋlɔawo kple Mawu ƒe Fiaɖuƒea boŋ dzi be eyae nye amegbetɔwo ƒe kuxiwo gbɔ kpɔnu ɖeka kolia.