Gbeƒãɖeɖe le Xexe si Le Tɔtrɔm Kabakaba Me
1 Aleke nuwo te ŋu trɔna kabakaba enye esi! Le zãdodo ɖeka me la, dzɔdzɔmefɔku aɖe, ganyawo ƒe toyiyi, dunyahehe me ʋunyaʋunyawɔwɔ, alo afɔku aɖe si ŋu nya ɖi hoo ate ŋu ava zu dzeɖonya na amewo. Gake nenema kee amewo ate ŋu atrɔ woƒe susu ɖe nu bubu aɖe hã ŋu kpata. (Dɔw. 17:21; Kor. I, 7:31) Le xexe sia si me nuwo le tɔtrɔm le kabakaba me la, aleke míate ŋu awɔ ahe amewo ƒe susu be míate ŋu agblɔ Fiaɖuƒegbedasia na wo?
2 De Dzesi Nusiwo Ŋu Amewo Tsi Dzi Ðo: Mɔ ɖeka si dzi woate ŋu ato ahe amewo ƒe susue nye to nuƒoƒo tso nudzɔdzɔ yeye ŋu. Gbeɖeka esi Yesu nɔ nu xlɔ̃m eƒe nyaselawo be woade ŋugble vevie tso tenɔnɔ si le woawo kple Mawu dome ŋu la, eƒo nu tso afɔku aɖe si nɔ susu me na wo ŋu. (Luka 13:1-5) Nenema kee ne míele nyanyuia gblɔm la, ele be míadze agbagba aƒo nu tso nyadzɔdzɔ yeye aɖe alo nusi dzɔ le nutoa me si me nutoa me nɔlawo tsɔ ɖe le la ŋu. Gake ne míele nu ƒom tso nya mawo tɔgbe ŋu la, ele be míakpɔ nyuie be míagade dunyahehe alo hadomenyawo dzi o.—Yoh. 17:16.
3 Aleke míawɔ anya nusi ŋu bum amewo le fifia? Ðewohĩ mɔ nyuitɔe nye be míabia nya aɖe eye míaɖo to ase ŋuɖoɖoa. (Mat. 12:34) Ðetsɔtsɔ le amewo me aʋã mí be míade dzesi woƒe nukpɔsusuwo eye míatsɔ ŋuɖɔɖo abia nya geɖe kpee. Nya aɖe si ado tso aƒemenɔla nu ate ŋu aɖe nusi ŋu afima nɔla geɖewo tsi dzi ɖo afia eye wòate ŋu aʋu ɖaseɖiɖi ƒe mɔnu ɖi.
4 Dzeɖonyawo Dzadzraɖo: Míate ŋu azã Reasoning-gbalẽa ne míele dzadzraɖo wɔm ɖe gbeadzisubɔsubɔdɔa ŋu le xexe si me nuwo le tɔtrɔm kabakaba le la me. Aɖaŋuɖoɖo nyui aɖewo dze le alesi míatsɔ nyadzɔdzɔ yeyewo ade míaƒe dzeɖonyawo me le axa 10-11, le tanya siwo nye “Crime/Safety” (Nuvlowɔwɔ kple Dedienɔnɔ) kpakple “Current Events” (Nyadzɔdzɔ Yeyewo) te. Nyatakaka mawo tɔgbe dze le September 2000 Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ, axa 4 me. Ne èle dzadzraɖo wɔm ɖe dzeɖonya ŋu la, ɖoe kplikpaa nàde mawunyakpukpui aɖe si sɔ eme.
5 Esi míele ŋku lém ɖe nusiwo trɔna kabakaba siwo ŋu míaƒe anyigbamama me nɔlawo tsi dzi ɖo ŋu la, ahiã be míatrɔ míaƒe nyanyuia ŋuti dzeɖonyawo be wòasɔ kplii. Esia ana míaƒo nu na amewo tso nusiwo ku ɖe woƒe agbe ŋu tẽ. Esia wɔwɔ ana míakpe ɖe ame geɖe ŋutɔ ŋu be woava nya Amesi ƒe nɔnɔmewo kple dzidzenuwo metrɔna o.—Yak. 1:17.