INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • km 9/00 axa 4
  • “Ðe Maʋua?”

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • “Ðe Maʋua?”
  • Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2000
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Ðo Taɖodzinuwo Le Subɔsubɔƒe Yeyea Me—Ʋu Yi Afi Si Hiahiã Geɖe Le
    Kristotɔwo Ƒe Agbenɔnɔ Kple Subɔsubɔdɔ​—Kpekpea Ƒe Nusrɔ̃gbalẽ—2022
  • Àte Ŋu ‘Atso Ƒu Ayi Makedonia’?
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2011
  • Mɔ Siwo Dzi Nàto Akeke Wò Subɔsubɔdɔa Ðe Enu
    Ðoɖo Hena Yehowa Ƒe Lɔlɔ̃nu Wɔwɔ
  • Àte Ŋu Atso Ƒu Ayi Makedonia?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2009
Kpɔ Bubuwo
Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2000
km 9/00 axa 4

“Ðe Maʋua?”

1 Le wɔwɔ ɖe Yesu ƒe se si nye “miheyi ɖawɔ dukɔwo katã ne woanye nusrɔ̃lawo” dzi me la, Yehowa subɔla ɖeadzɔgbe geɖe ʋu yi teƒe siwo hiahiã lolo wu le. (Mat. 28:19) Wole Paulo, amesi wɔ ɖe yɔyɔ si nye be: “Tso ƒu va Makedonia, eye naxɔ na mí!” dzi la srɔ̃m. (Dɔw. 16:9) Aleke woate ŋu awɔ esia wòade ame dzii?

2 Ðe Afɔ Vivivi: Ðe anyigbamama si me womewɔa dɔ le edziedzi o le miaƒe hamea sia? Ne ɖe li la, ke àte ŋu ado vevie nu awɔ dɔ le teƒe mawo. Hafi nàtso nya me be yeaʋu la, te ɖe wò hamemegãwo ŋu nàbia wo ne woakpɔe ɖa be èsu te aʋu hã. Àte ŋu abia miaƒe nutome sue dzikpɔla hã ne enya hame aɖe si te ɖe mia gbɔ afisi nàte ŋu akeke wò subɔsubɔdɔa ɖe enu le. Le go bubu me la, ɖewohĩ àdi be yeana kpekpeɖeŋu le dukɔa ƒe akpa bubu aɖe alo le dukɔ bubu me, ne èbu nusi wòabia ŋu vɔ. Ne esia nye wò didi la, ke ele be mia kple wò hamemegãwo ƒe ha miaŋlɔ agbalẽ aɖo ɖe dukɔ si me nèdi be yeasubɔ le ƒe alɔdzedɔwɔƒea, ahagblɔ teokrasi gbanɔamedzi siwo le asiwò. Anyo be nàva kpɔ nutoa me ɖa gbã hafi atso nya me be yeaʋu ayi koŋ loo alo yemaʋu ayi o.

3 Ðɔ Ŋu Ðo le Ʋuʋu Yi Dukɔ Bubu Me Ŋu: Mía nɔvi geɖewo le ʋuʋum le dukɔ bubuwo me yim le esi wole agbenɔnɔ si me dzidzeme le wu dim alo le gbɔdzɔe dim tso ameteteɖeanyi si me ta. Esia wɔe be wo dometɔ aɖewo va ge ɖe ame gblẽku siwo doa ŋugbe na wo be yewoakpe ɖe wo ŋu be dukɔ yeyea me nanya nɔ na wo gake ɖeko wo tafaa wo xɔa woƒe ga hegblẽa wo ɖi emegbe la si me. Le go aɖewo me la, amesiawo dometɔ aɖewo dzea agbagba be yewoazi ʋuʋula siawo dzi ade agbegbegblẽnɔnɔ ƒe kluvinyenye me gɔ̃ hã. Ne wogbe la, woɖea asi le wo ŋu ɖe yame le dukɔ si me woʋu yi me. Eyata nɔnɔme si me ʋuʋula siawo va nɔna va vloe wu esi me wonɔ le wo denyigba dzi. Ete ŋu va dzɔna be wova biana tsoa nɔviwo si be yewoanɔ wo gbɔ alo be woana kpekpeɖeŋu yewo, si va zua agba na Kristotɔwo ƒe ƒome bubu siwo hã dzi kuxiwo kple nɔnɔme sesẽ bubuwo le wòhiã be woakpɔ egbɔ. Ƒome aɖewo dome klã tso wo nɔewo gbɔ eye nu gblẽ le ƒome bubu aɖewo ƒe gbɔgbɔmemenyenye ŋu le ʋuʋu siawo ƒomevi siwo ŋu womebu nyuie o ta.—Tim. I, 6:8-11.

4 Ne èdi be yeaʋu ayi teƒe aɖe le wò ŋutɔ wò dzidzedzekpɔkpɔ ta la, nenɔ susu me na wò be teƒe ka kee nèɖale o, àdze ŋgɔ kuxiwo godoo. Enɔa bɔbɔe be nàɖu kuxiwo dzi le teƒe si nèle xoxo si ƒe gbegbɔgblɔ kple dekɔnu nènya, tsɔ wu be nàdze agbe gɔme le nuto si me nènye amedzro le.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe