Nusɔsrɔ̃ tso Video si Nye The Bible—Accurate History, Reliable Prophecy Me
Ðe nàte ŋu aɖo biabia siawo ŋu le video sia kpɔkpɔ vɔ megbea? (1) Ameka Gbɔe Biblia me nya siwo ŋu kakaɖedzi le la tso? (Dan. 2:28) (2) Aleke Biblia ƒo nu tso blema Egipte ŋu wòsɔ pɛpɛpɛe, eye aleke nyagblɔɖi si le Yesaya 19:3, 4 va emee? (3) Aleke tomenukuku ɖo kpe nya si Biblia gblɔ le Asiriatɔwo, woƒe fiawo, kple Asiria ƒe nuwuwu ŋu dzii? (Nax. 3:1, 7, 13) (4) Babilon ŋuti nyagblɔɖi kawoe va eme? (5) Nukae Medo-Persia wɔ na Mawu ƒe amewo? (6) Aleke Daniel 8:5, 8 va emee, eye ɣeyiɣi didi kae wogblɔ nya sia ɖi do ŋgɔ? (7) Aleke Yesu ɖee fia be yee nye Mesia vavã la? (8) Egbegbe dunyahedziɖuɖu kawoe na nyagblɔɖi siwo le Nyaɖeɖefia 13:11 kple 17:11 va eme? (9) Nɔnɔme kawoe le video la me si ɖo kpe Nyagblɔla 8:9 ƒe nyateƒenyenye dzi? (10) Aleke nusi nèkpɔ la do ŋusẽ wò dzixɔse le Biblia me ŋugbedodo siwo ku ɖe etsɔme ŋu gome? (11) Aleke nàte ŋu azã dɔwɔnu sia atsɔ ana ame bubuwo nakpɔe be Mawu gbɔe Biblia tso?