Alesi Míaƒo Nya Ðe Amewo Nui
1 Wova nya apostolo Paulo be enye subɔla si ƒoa nya ɖe ame nu. (Dɔw. 19:26) Fia Agripa gɔ̃ hã gblɔ nɛ be: “Esusɔ ʋee, naƒoe ɖe nunye be, nawɔm mazu kristotɔ.” (Dɔw. 26:28) Nukae na Paulo te ŋu ƒo nya ɖe amewo nu le eƒe subɔsubɔdɔa me nenema? Edzroa Ŋɔŋlɔawo me, eye wòtrɔa eƒe numeɖeɖewo wòsɔna na eƒe nyaselawo.—Dɔw. 28:23.
2 Ele be míawo hã míasrɔ̃ Paulo aƒo nya ɖe amewo nu le míaƒe subɔsubɔdɔa me. Aleke míawɔe? Eyae nye be míazã nugɔmesese eye míaɖo to ne míele nu ƒom kple ame bubuwo. (Lod. 16:23) Afɔɖeɖe vevi etɔ̃ akpe ɖe mía ŋu le esia wɔwɔ me.
3 Ðo To Nyuie: Ne amea le nu ƒom la, ɖo to nàdi nya si dzi mia kplii mielɔ̃ ɖo le eƒe nyaa me. Ne amea do tsitretsiɖeŋunya aɖe ɖa la, dze agbagba nànya nusi na wògblɔ nya ma. Akpe ɖe ŋuwò nànya nusi tututu wòxɔ se, nusita wòxɔe se, kple nusita wòka ɖe edzi. (Lod. 18:13) Dze aɖaŋu nàtsɔ ana wòagblɔe.
4 Bia Nyawo: Ne ame aɖe gblɔ be yexɔ Mawuɖekaetɔ̃ dzi se la, àte ŋu abia be: “Ðe nèxɔ Mawuɖekaetɔ̃ dzi se xoxoxoa?” Yi edzi nàbiae be: “Èsrɔ̃ nu tso nya si Biblia gblɔ le nya ma ŋu la ŋuti nyuie kpɔa?” Àte ŋu abia hã be: “Ne Mawuɖekaetɔ̃ ƒe akpa aɖee Mawu nye la, ɖe míate ŋu akpɔ mɔ be Biblia nagblɔe eme nakɔ oa?” Alesi amea aɖo wo ŋui akpe ɖe ŋuwò mia kple amea miade ŋugble tso nusi Ŋɔŋlɔawo gblɔ ŋu.
5 Zã Nya Siwo Ana Wòabu Tame: Ðasefo aɖe bia nyɔnu aɖe si xɔe se be Yesu nye Mawu la be: ‘Ne èdi be yeawɔ alesi ame eve sɔ kple wo nɔewo ƒe kpɔɖeŋui la, ƒomekadodo kae nàzã?’ Eɖo eŋu be: “Mate ŋu azã ŋutsu eve siwo nye nɔviwo.” Ðasefoa gblɔ be: “Àte ŋu àzã venɔviwo gɔ̃ hã. Gake esi Yesu fia mí be míabu Mawu be enye mía Fofo kple ye ŋutɔ be Vi la, nuka gɔmee wòdi be míase?” Nyaa me kɔ na nyɔnua be ame ɖeka tsi wu hekpɔ ŋusẽ wu. (Mat. 20:23; Yoh. 14:28; 20:17) Wozã nyaƒoɖeamenu ƒe aɖaŋu tsɔ ɖo eƒe susu kple dzi gbɔ.
6 Enye nyateƒe be aleke ke susu le míaƒe dzeɖonya me hesɔe o, menye amesiamee axɔ nyateƒea o. Gake abe Paulo ene la, mina míado vevie nu adi dzi anukwaretɔwo le míaƒe anyigbamama me, eye míaƒo nya ɖe wo nu be woaxɔ Fiaɖuƒegbedasia.—Dɔw. 19:8.