Telefon Dzi Ðaseɖiɖi Siwo Kpɔa Dzidzedze
1 Menye gbeƒãɖeɖe nyanyuia koe nye mí Yehowa Ðasefowo ƒe taɖodzinu o, ke boŋ be míatsɔ Fiaɖuƒegbedasia ayi na amesiame si míate ŋui hãe. (Dɔw. 10:42; 20:24) Togbɔ be aƒeme yi aƒeme dɔa koŋ dzie míetona ɖoa amewo gbɔ hã la, míenyae be dɔa wɔwɔ tsitotsito nenema gɔ̃ hã menaa míeɖoa amesiame gbɔ o. Eyata be ‘míawɔ míaƒe subɔsubɔdɔa bliboe’ la, míezãa mɔnu bubuwo hã—si me telefon dzi ɖaseɖiɖi hã le—tsɔ dia amesiwo si alẽwo ƒe nɔnɔme le.—Tim. II, 4:5.
2 Le teƒe geɖe la, amewo le aƒe siwo ŋu wodzɔna vevie me, aƒe siwo me ƒome geɖewo le, alo nuto siwo ƒe mɔnu agbo le, eye esesẽna be míawɔ aƒeme yi aƒeme dɔa le teƒe siawo. Le anyigbamama siwo me míete ŋu wɔa aƒeme yi aƒeme dɔa le gɔ̃ hã me la, ame gbogbo aɖewo menɔa aƒeme o. Ke hã la, gbeƒãɖela geɖe te ŋu le dzidzedze kpɔm le amesiawo gbɔ ɖom to telefon dzi. Atsu kple asi aɖe siwo nɔ aƒeme yi aƒeme dɔa wɔm le ŋdi aɖe me mete ŋu tu ame asieke le aƒeme o. Esi wotrɔ yi Fiaɖuƒe Akpata me la, wova di amesiawo le nɔƒefiagbalẽ si me telefon xexlẽdzesiwo le la me. Wozã xexlẽdzesiawo ƒo ka eye woke ɖe aƒemenɔla enyi ŋu!
3 Ðe wòsesẽna na wò be nàtsɔ telefon dzi ɖaseɖiɖi akpe ɖe wò subɔsubɔdɔa ŋua? Nɔviŋutsu ɖeka lɔ̃ ɖe dzi be: “Nyemedina be ame aɖeke naƒo ka adzra nu nam o, eyata ɖaseɖiɖidɔa ƒe akpa sia medzroam o.” Gake le kaƒoƒo zi eve pɛ ko megbe la, egblɔ be: “Edzɔ dzi nam ŋutɔ! Nyemebui kpɔ be ate ŋu adzɔ alea o, gake edzɔ dzi nam ŋutɔ! Amewo ɖea dzi ɖi le telefon dzi, eye nusianu si nàhiã le asitsɔƒe. Esia nyo ale gbegbe!” Nɔvinyɔnu aɖe hã se le eɖokui me nenema: “Telefon dzi ɖaseɖiɖi metsɔa fu lãme nam kura o. Le nyateƒe me la, nyemedi be mawɔe o. Gake metee kpɔ eye mekpɔe be etsea ku ŋutɔ. Meto telefon dzi ɖaseɖiɖi dzi kpɔ tɔtrɔyi 37 eye mekpɔ Biblia-nusɔsrɔ̃ geɖe wu esi mate ŋu awɔ!” Wò hã àte ŋu akpɔ dzidzedze ne ète telefon dzi ɖaseɖiɖi kpɔ.
4 Ðoɖowɔwɔ Ðe Telefon Dzi Ðaseɖiɖi Ŋu: Hamea ƒe ɖaseɖiɖidɔa katã le subɔsubɔdɔdzikpɔla ƒe dzikpɔkpɔ te. Ne ehiã la, hamemegãwo ƒe ha ate ŋu atia hamemegã bubu alo subɔsubɔdɔwɔla si dze be wòawɔ dɔ kplii awɔ ɖoɖo ɖe telefon dzi ɖaseɖiɖi ŋu. Ele be nɔviŋutsu si kpɔa anyigbamama dzi hã nanɔ eme, elabena eyae ama anyigbamama na nɔviwo ahawɔ nuŋlɔɖi siwo sɔ. Adzɔ dzi na nutome sue dzikpɔla hã be wòakpɔ alesi ɖoɖoa le dzidzedze kpɔmee.
5 Ne teƒe aɖewo le miaƒe anyigbamama me siwo miete ŋu kpena ɖo le aƒeme yi aƒeme subɔsubɔdɔa me o la, ke ele be woawɔe wòazu telefon ƒe anyigbamama. Nɔviŋutsu si wode dɔ sia asi na aɖo adrɛs siwo ava zu anyigbamama la ɖe ɖoɖo nyui nu, eye woama wo woanɔ suesue ale be woate ŋu akpe wo ɖo edziedzi. Ele be woade dzesi anyigbamama ƒe nɔnɔmetata siwo dzi teƒe siwo woɖo ɖi na telefon dzi ɖaseɖiɖi le.
6 Afikae miate ŋu akpɔ telefon xexlẽdzesiwo le? Ðewohĩ miate ŋu akpɔ nɔƒefiagbalẽ siwo me telefon xexlẽdzesiwo hã le la le dutoƒogbalẽdzraɖoƒewo. Ne wowɔ aƒe siwo ŋu wodzɔna vevie ƒe telefon xexlẽdzesifiagbalẽ wòle vovo la, ɖewohĩ miate ŋu akpɔ xexlẽdzesiawo le eme. Alo woate ŋu aŋlɔ amesiwo le teƒea ƒe ŋkɔ siwo le nɔƒefiagbalẽ si le woƒe akpataa me la me eye emegbe miava di wo le telefongbalẽ ŋutɔŋutɔ me.
7 Ele na hamemegãwo be woatsɔ dzo ɖe dɔ sia ŋu vevie to ɖoɖowɔwɔ be amesiwo kpɔ nuteƒe le telefon dzi ɖaseɖiɖidɔa me nana kpekpeɖeŋu ame bubuwo hã, alo to Mɔɖelawo ƒe Kpekpeɖeŋu Nana Ame Bubuwo ƒe ɖoɖoa me. Woate ŋu azã Subɔsubɔ Kpekpea ƒe akpa si ku ɖe miaƒe nuhiahiãwo ŋu ɣeaɖewoɣi atsɔ aƒo nu tso alesi woawɔ ɖaseɖiɖidɔa ƒe akpa sia wòanyo wu ŋu.
8 Ne hamemegãwo va srã amesiwo tsi teƒe ɖeka alo dɔnɔwo kpɔ la, woate ŋu ade dzi ƒo na wo be woakpɔ gome le telefon dzi ɖaseɖiɖi me. Ðewohĩ hamemegã ate ŋu aƒo ka na ame ʋɛ aɖewo gbeƒãɖela la nakpɔ. Emegbe ate ŋu ana mɔnukpɔkpɔ gbeƒãɖela la be eya hã naƒo ka. Ame geɖe siwo dze egɔme alea zãna aɖabaƒoƒo ʋɛ aɖewo gbesiagbe tsɔ ƒoa kae, eye evivia wo nu ŋutɔ.
9 Aɖaŋuɖoɖo Siwo Na Wokpɔa Dzidzedze: Esi Yesu nɔ eƒe nusrɔ̃lawo dɔm be woaɖaɖe gbeƒã la, ‘edɔ wo eveveve.’ (Luka 10:1) Nukatae? Enyae be dɔwɔwɔ ɖekae ana woasrɔ̃ nu ahade dzi ƒo na wo nɔewo. Nenemae wòle le telefon dzi ɖaseɖiɖi hã gome. To dɔwɔwɔ ɖekae me la, miate ŋu asrɔ̃ nu tso mia nɔewo gbɔ, adzro alesi amewo xɔ nya lae me, ahaɖo aɖaŋu le nusi miawɔ ne miegaƒo ka ŋu. Le kaƒoɣi gɔ̃ hã la, miate ŋu akpe ɖe mia nɔewo ŋu le nyatakaka siwo sɔ didi me.
10 Be wò susu nadze akɔ anyi ahanɔ nyaa ŋu la, nɔ anyi ɖe afisi wòanya wɔ be nusiwo nàtsɔ awɔ ɖaseɖiɖidɔa—Biblia, Reasoning-gbalẽa, Nusi Mawu Di ƒe agbalẽ gbadza, magazinewo, kple agbalẽ bubuwo—nanɔ asitsɔƒe le ŋgɔwò. Ŋlɔ dzeɖonya aɖewo eye nàda wo ɖe afisi nàte ŋu akpɔ wo le. Nɔ klalo be nàwɔ nuŋlɔɖi nyui siwo sɔ, eye ŋkeke kple ɣeyiɣi si nèƒo ka la nanɔ eme ale be nànya ɣeyiɣi si wòasɔ be nàgaƒo ka atu ɖetsɔleme si woɖe fia ɖo.
11 Amewo ɖɔa ŋu ɖo vevie ne wose amesi womenya o la ƒe gbe le telefon dzi. Eyata do vivi ɖe ame ŋu, ƒo nu xɔlɔ̃wɔwɔtɔe, eye nàdze aɖaŋu. Wò gbe koe aƒemenɔla atsɔ anya wò nɔnɔme kple anukwareɖiɖi. Ðe dzi ɖi eye nàƒo nu faa. Ƒo nu blewu eme nakɔ eye nàkɔ gbe dzi alesi sɔ be woase wò nyawo. Ðe mɔ na aƒemenɔla be wòaƒo nu. Yɔ wò ŋkɔ katã nɛ, eye nàgblɔ be yele nutoa me. Míedi be amewo nasusui be telefon dzi nudzralawoe míenye o. Le esi teƒe be nàgblɔe be yele ka ƒom na aƒe alo xɔ aɖe koŋ me nɔlawo katã la, na wòanye mia kple amea dome nya ko.
12 Telefon Dzi Dzeɖonyawo: Woate ŋu atrɔ asi le ŋgɔdonya geɖe siwo dze le Reasoning-gbalẽa ƒe axa 9-15 [alo agbalẽvi si nye Alesi Nàdze Biblia me Dzeɖoɖowo Gɔme Ahayi Wo Dzii ƒe axa 2-7] ŋu wòasɔ na telefon dzi ɖaseɖiɖi. Àte ŋu agblɔ be: “Mele ka ƒom na wò elabena nyemate ŋu ava gbɔwò ŋutɔŋutɔ o. Nusita meƒo ka na wò enye be mase wò nukpɔsusu ku ɖe nyabiabia vevi aɖe ŋu.” Ekema bia nya lae.
13 Woate ŋu azã dzeɖonya si dze le “Nuvlowɔwɔ/Dedienɔnɔ” te ale: “Miefɔ nyuiea? Ŋkɔnyee nye _____. Nutoa mee nye hã mele. Medi be naka ɖe edzi be menye nu dzram mele o eye nyemele numekuku aɖeke hã wɔm o. Meƒo ka be magblɔ alesi metsɔ ɖe le ame ŋutɔ ƒe dedienɔnɔ me na wò. Wole nu vlo geɖe wɔm le míaƒe nutoa me ŋutɔ, eye egblẽa nu le míaƒe agbenɔnɔ ŋu. Èsusu be ɣeyiɣi aɖe ava esime amewo katã ate ŋu azɔ le ablɔdzi le zã me eye womavɔ̃ oa? [Na wòaɖo eŋu.] Na maxlẽ ŋugbe si Mawu do le esia ŋu na wò.”
14 Nu nyui geɖe dona tsoa eme ne wodo Biblia-nusɔsrɔ̃ ɖe amewo gbɔ tẽ le telefon dzi. Woate ŋu awɔ alesi míesrɔ̃nɛ afia le aɖabaƒoƒo ʋɛ aɖewo me. Gblɔ be yedi be yeava srãe kpɔ le aƒeme hena nusɔsrɔ̃a dzi yiyi, alo ne amea mele lɔlɔ̃m o la, gblɔ be yewoayi nusɔsrɔ̃a dzi ŋkeke bubu le telefon dzi.
15 Ne èle dzeɖoɖoa nu wum la, lé nane ɖe susu me si dzi nànɔ te ɖo ava srã amea kpɔ loo alo aɖo Biblia-srɔ̃gbalẽ ɖee to posu me. Ne amea medi be yeafia eƒe aƒeme wò o la, ke gblɔ nɛ be yeagaƒo ka nɛ ake. Ate ŋu adzɔ be àƒo ka zi geɖe hafi amea nava ɖe dzi ɖi akpe wò va eƒemee.
16 Xɔ Ŋgɔ Nàƒo Nu: Nɔvinyɔnu aɖe si xɔ ƒe 15 tsɔ telefon dzi ɖaseɖiɖi dze subɔsubɔdɔ gɔme ŋdi aɖe. Eƒo nu kple nyɔnu aɖe si lɔ̃ be yeaxɔ Sidzedze-gbalẽa. Esi nɔvinyɔnua tsɔ agbalẽa yi nɛ le eƒe aƒeme la, nyɔnua di be yeanya alesi ɖetugbia wɔ ke ɖe yeƒe telefon xexlẽdzesi ŋu esi womeŋlɔe ɖe agbalẽ me o ta. Nusi dzɔ enye be menye eyae nɔvinyɔnua nɔ ka ƒom na hafi o! Nyɔnua lɔ̃ wosrɔ̃ nu kplii eye fifia ezu gbeƒãɖela maxɔnyɔnyrɔ.
17 Nɔvinyɔnu aɖe si xɔ telefon ƒe anyigbamama mete ŋu wɔ dɔ le eme o kwasiɖa etɔ̃ sɔŋ le vɔvɔ̃ ta. Nukae na dzi ɖo eƒo wòdze egɔme? Eɖo ŋku nyati si ƒe tanyae nye “Ne Megbɔdzɔ la, Ekema Mesẽa Ŋu” si dze le ƒe February 8, 1997, ƒe Nyɔ! me dzi. Eku ɖe Ðasefo aɖe si ɖia ɖase le telefon dzi togbɔ be dɔnɔ wònye hã la ŋu. Nɔvinyɔnua gblɔ be: “Medo gbe ɖa na Yehowa be wòado ŋusẽm. Mebiae be wòana makpɔ nya siwo matsɔ adze dzeɖoɖoa gɔmee.” Nukae do tso eƒe telefon dzi ɖaseɖiɖi gbãtɔa me? Eka nya ta be: “Yehowa ɖo nye gbedodoɖa ŋu. Ameawo ɖo tom, eye mewɔ ɖoɖo ɖe tɔtrɔyi ŋu.” Emegbe edze Biblia-nusɔsrɔ̃ gɔme le eƒe telefon dzi ɖaseɖiɖi me. Eƒo eta be: “Yehowa gafiam ake be maɖo ŋu ɖe ye ŋu ke menye ɖe ɖokuinye ŋu o.”—Lod. 3:5.
18 Nyateƒea gbɔgblɔ le telefon dzi va zu mɔnu si le dzidzedze kpɔm le gbeƒãɖeɖe nyanyuia me. Dzra ɖo nyuie nàtso dzi blibo me akpɔ gome le eme. Dzi megaɖe le ƒowò ne womexɔ wò le gɔmedzedzea me o. Bia Yehowa ƒe mɔfiafia to gbedodoɖa me, eye nàɖo dze kple amesiwo le gome kpɔm le gbeƒãɖeɖe ƒe akpa dodzidzɔname sia me. Neva eme be míatsɔ hiahiã kpata ƒe susu awɔ míaƒe subɔsubɔdɔa nyuie kple didi be míatso ame aɖeke ɖi le míaƒe anyigbamama me o.—Rom. 10:13, 14.