Nyabiaɖaka
◼ Ne míele ɖase ɖim le telefon dzi la, ɖe wòahiã be míaƒo nu tso nudzɔdzɔ ƒe ɖoɖoa ŋua?
Ne míele ɖase ɖim na ame aɖe ŋkume kple ŋkume la, anya wɔ be míaɖe nu me nɛ be lɔlɔ̃nu faa nudzɔdzɔwo koŋue wotsɔna doa alɔ xexeame katã ƒe Biblia-fiafia dɔ si wɔm Yehowa Ðasefowo le eye be míexɔa nudzɔdzɔ mawo kple dzidzɔ. Gake mele be míabia be woadzɔ nu alo aƒo nu tso nudzɔdzɔ ƒe ɖoɖoa ŋu ne míele ɖase ɖim le telefon dzi gbeɖe o, elabena woate ŋu atsɔe be ga biamee míele to telefon dzi. Míezãa Yehowa Ðasefowo ƒe subɔsubɔdɔa tsɔ tsaa asii le mɔ aɖeke nu o.—Kor. II, 2:17.
◼ Ne míele ɖase ɖim na ame aɖe le telefon dzi eye wògblɔ be yemedi be Yehowa Ðasefowo nagaƒo ka na ye azɔ o ɖe, nukae wòle be míawɔ?
Ele be míawɔ ɖe amea ƒe nudidiwo dzi. Ele be woawɔ nuŋlɔɖi si me amea ƒe ŋkɔ anɔ ahaɖo ɣletiŋkeke ɖe edzi atsɔ ade agbalẽkotoku si me anyigbamama ma ŋuti nyatakakawo le me bena gbeƒãɖelawo magaƒo ka aɖo ɖe afima ɣebubuɣi o. Zi ɖeka le ƒe me la, ele be woadzro amesiwo gblɔ be míagaƒo ka na yewo o la ƒe nuŋlɔɖiwo me. Le subɔsubɔdɔdzikpɔla ƒe mɔfiafia te la, woate ŋu adee asi na gbeƒãɖela bibi, ɖɔŋuɖowo be woayi amesiawo gbɔ akpɔ ɖa be aleke woƒe nukpɔsusu le fifia hã.—Kpɔ January 1994 Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ me Nyabiaɖaka.