Takpekpewo—Wonye Dzidzɔkpɔɣiwo!
1 Yehowa Ðasefowo ƒe takpekpewo nyea ɣeyiɣi si míekpɔa dzidzɔ vevie. Anye ƒe alafa ɖeka kple edzivɔ enye sia la, kpekpe siawo le akpa vevi aɖe wɔm le dzidziɖedzi siwo kpɔm míele le míaƒe habɔbɔa me la me. Tso eƒe gɔmedzedze nyaŋuia ke la, míekpɔe be Yehowa le eƒe yayrawo kɔm ɖe míaƒe xexeame katã ƒe dɔa dzi. Le míaƒe egbeŋkekea me takpekpe gbãtɔ si wowɔ le Chicago, Illinois, le ƒe 1893 me la, ame 360 siwo de la dometɔ 70 tsɔ nyɔnyrɔxɔxɔ ɖe tsi me ɖo kpe woƒe adzɔgbeɖeɖe na Yehowa dzii. Vavala siwo ƒe agbɔsɔsɔme de 9,454,055, le xexeame katã ye de ƒe si va yi ƒe “Mawu ƒe Nyadziwɔlawo” nutome gã takpekpeawo eye ame 129,367 xɔ nyɔnyrɔ. Esia doa dzidzɔ na mí ale gbegbe!
2 Tso Biblia ƒe ɣeyiɣiwo me ke la, Mawu ƒe amewo ƒe ƒuƒoƒowo nyea mɔ vevi ɖedzesi aɖe si dzi wotona tsɔa nufiame si tso Yehowa gbɔ la naa mí. Le Ezra kple Nexemya ƒe ɣeyiɣiwo me la, amehawo ƒu to anyi esime wonɔ Sea xlẽm na wo “tso ŋdi kanya, vaseɖe esime ɣe ɖo ta.” (Nex. 8:2, 3) Esi gbemagbe amehawo se Sea gɔme nyuie wu ta la, ‘wotu aglo gã.’ (Nex. 8:8, 12) Míawo hã míekpɔa dzidzɔ be takpekpewo naa mí mɔnukpɔkpɔ nyui be míaxɔ nufiame nyuiwo kple gbɔgbɔmenuɖuɖu tso Yehowa gbɔ “le ɣeyiɣi nyui dzi” to “dɔla nuteƒewɔla kple aɖaŋudzela” dzi. (Mat. 24:45) Esi Yesu gblɔ be ele be ame nanɔ agbe “ɖe nya sia nya si dona tsoa Mawu ƒe nu me la ŋuti” ta la, takpekpewo le vevie na míaƒe gbɔgbɔmemenyenye tutuɖo.—Mat. 4:4.
3 Agbagba Ðesiaɖe si Nàdze be Yeayi Mazu Dzodzro O: Ele be wòanye mía dometɔ ɖesiaɖe ƒe taɖodzinu be míade ƒe sia me ƒe “Mawu ƒe Nya Fialawo” Nutome Gã Takpekpe bliboa. Ele be míawɔ ɖoɖo be míaɖo takpekpe wɔƒea kaba ŋkeke ɖesiaɖe eye míanɔ anyi vaseɖe esime míawɔ ɖeka kple nɔviawo agblɔ “Amen!” ɖe gbedodoɖa mamlɛa dzi. Bene míate ŋu awɔ esia la, ahiã be míawɔ asitɔtrɔ le míaƒe ɖoɖowo ŋu. Mɔbiabia le dɔme be míayi takpekpea ate ŋu ahe kuxi aɖewo vɛ. Ele be míaɖoe kplikpaa be míawɔ míaƒe ŋutete ɖesiaɖe, eye míagawɔ ɖoɖowo ɖewoɖewoe ko o. Ne míahiã dzeƒewo kple/alo ne míedi be woawɔ ʋu ƒe ɖoɖo na mí la, ele be míatso ɖe wo ŋu kaba. Agbagba ɖesiaɖe si míadze la mazu dzodzro o!
4 Menye ga homee Yehowa ƒe amewo tsɔ dzidzea viɖe siwo wokpɔna le takpekpewo dede me o. Kpɔ alesi ame aɖewo ɖoe kplikpaa be yewoayi ƒe 1958 ƒe “Mawu ƒe Lɔlɔ̃nu” Dukɔwo Dome Yehowa Ðasefowo ƒe Takpekpe le New York City ƒe kpɔɖeŋu aɖewo ɖa. Nɔviŋutsu ɖeka tu eƒe xɔtudɔwɔƒe kwasiɖa eve sɔŋ be yeayi aɖana kpekpeɖeŋu le takpekpewɔƒea eye be yeakpɔ gome le eme hã. Nɔviŋutsu aɖe si le Virgin-ƒukpowo dzi dzra anyigba ka atɔ̃ be eƒe ƒome bliboa si me ame ade le la nate ŋu ayi. Ðekakpui aɖe kple srɔ̃a dzra woƒe tɔdziʋu sue be woate ŋu akplɔ wo vi etɔ̃a katã, siwo xɔ tso ɣleti eve vaseɖe ƒe adre, ayi takpekpeae. Wogblɔ na dadavi etɔ̃ aɖewo siwo tso California, U.S.A., be ne wodzo le woƒe dɔ gbɔ la, dɔawo maganɔ wo si ne wotrɔ gbɔ o. Gake ema mena wogbe takpekpe wɔdɔɖeamedzi ma dede o.
5 Yehowa Yraa Míaƒe Agbagbadzedzewo: Yehowa ƒe ŋkuwo le eƒe amewo ƒe agbagbadzedzewo ŋu eye wòyraa wo. (Heb. 6:10) Le kpɔɖeŋu me, amesiwo de ƒe 1950 ƒe “Teokrasi Dzidziɖedzi” Takpekpea se nuƒo ʋãme si ƒe tanyae nye “Nuɖoanyi Yeyeawo.” Nɔviŋutsu Frederick Franz nyɔ amesiame ƒe ɖetsɔleme esime wòbia be: “Ðe wòado dzidzɔ na dukɔwo dome takpekpe sia valawo katã be woanya be le afisia fiẽ sia la, amesiwo ate ŋu anye xexeme yeyea ƒe fiawo dometɔ aɖewo le mía dome mahã?” Ƒe 50 kple edzivɔ megbe la, míegakpɔa dzidzɔ kokoko le Psalmo 45:17 ŋu gɔmesese si me wokɔ na mí la ta.
6 Ƒome ƒe ta aɖe si de ƒe si va yi ƒe nutome gã takpekpea gblɔ ŋudzedzekpɔkpɔtɔe be: “Nɔviwo, miate ŋu anya alesi gbegbe nutome gã takpekpe sia nye agbeɖeɖe na mí la bliboe o. Míaƒe ƒomea ʋu yi dugã me le dɔwɔɖui ƒe nyawo ta, gake míeva de dzesii be míaƒe gbɔgbɔmemenyenye va ɖo afɔku me . . . Míegblẽ míaƒe Kristotɔnyenye ƒe agbanɔamedziwo ɖi. Míedzudzɔ kpekpewo dede kple gomekpɔkpɔ le gbeadzisubɔsubɔdɔa me gɔ̃ hã. . . . Takpekpe sia na ŋusẽ gaɖo mía ŋu, eye míegale gbɔgbɔme taɖodzinuwo ɖom ake eye míele ɖoɖo wɔm be míaɖo wo gbɔ.”
7 Yehowa le gbɔgbɔmenuɖuɖu si míehiã la nam mí. Etsɔa nuɖuɖu damiwo ɖoa kplɔ̃ na mí le míaƒe takpekpewo me. Míaƒe ŋudzedzekpɔkpɔ ɖeɖefia ɖe nunana siawo ŋu naʋã mí míagblɔ abe alesi Kornelio gblɔe esi apostolo Petro va srãe kpɔ la ene be: “Azɔ mí katã míele afii le Mawu ƒe ŋku me, bena míase nusiwo katã ƒe se Aƒetɔ la de na wo.” (Dɔw. 10:33) Mina míaɖoe míaƒe taɖodzinui be “míado ɖe Mawu ƒe ŋku me” le ƒe sia me “Mawu ƒe Nya Fialawo” Nutome gã Takpekpea ƒe akpa ɖesiaɖe me bene wòanye dzidzɔ na mí!