Subɔsubɔ Kpekpe Ƒe Ðoɖowɔɖi
Kwasiɖa si Dze Egɔme November 12
Hadzidzi 170
8 min: Miaƒe gbeƒãɖeɖewo. Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ me Gbeƒãɖeɖe tiatiawo. Gblɔ ɖoɖo siwo miewɔ ɖe kwasiɖanuwuwua ƒe gbeadzisubɔsubɔdɔ ŋu. Dzro “Fiaɖuƒe Akpata Tutu Ŋu Nya Yeyewo” me.
12 min: “Ðo Ŋu Ðe Yehowa Ŋu Hena Ŋusẽdodo.”a Gblɔ nya siwo le October 1, 1999, ƒe Gbetakpɔxɔ, axa 18-19, memama 6-8 kpee kpuie.
12 min: “Takpekpewo—Wonye Dzidzɔkpɔɣiwo!” Hamemegã ƒe nuƒo. Ðe nusita wowɔa Yehowa ƒe amewo ƒe kpekpe gãwo le Biblia ƒe ɣeyiɣiawo me kple nusita wogaɖea vi egbea me. Kpekpe siawo nye hadede si doa ŋusẽ ame eye woganyea gbɔgbɔmemenyinu xɔasi hã na mí. Te gbe ɖe nutome gã takpekpea dede ŋkeke etɔ̃awo katã ƒe vevienyenye dzi.
13 min: “Míewɔa Nu ‘Alesi Dze ɖe Eteƒeteƒe.’”b Ƒo nu tso ɖoɖo gbogbo siwo wòle be woawɔ hafi woate ŋu awɔ takpekpe ŋu. Te gbe ɖe ɖoɖo siwo wowɔ na míaƒe viɖe la dzi wɔwɔ ƒe vevienyenye dzi. Dzro mɔ siwo dzi mí katã míate ŋu aɖe bubu si dze afia le eye míaxe mɔ na kuxiwo me.
Hadzidzi 31 kple gbedodoɖa hena kpakpã.
Kwasiɖa si Dze Egɔme November 19
Hadzidzi 172
8 min: Miaƒe gbeƒãɖeɖewo. Gakɔntabubu.
10 min: Miaƒe nuhiahiãwo.
13 min: “Ðo To Nàxɔ Nufiame Geɖe.” Nuƒo kple nyatia me dzodzro kple nyaselawo. Ðe nusita nufiame siwo míexɔna le takpekpewo nye gbɔgbɔmenuɖuɖu si míehiã vevie la me. Ƒo nu tso ɣeyiɣi gbogbo si wozãna kple agbagba si gbegbe wodzena hafi te ŋu wɔa takpekpe siawo la ŋu. Kpe nyaselawo be woaƒo nu tso nusi amesiame ate ŋu awɔ bene eya ŋutɔ kple ame bubuwo naɖe vi gbogbotɔ kekeake tso eme la ŋu. Te gbe ɖe nusiwo ta wòle be mí katã míanɔ míaƒe nɔƒe hafi takpekpea nadze egɔme la dzi.
14 min: “Wɔ Nu Nyui ne Woakafu Wò!”c Ðe nusita ame geɖe ƒe susu nɔa mía ŋu ne míeyi takpekpe gãwo la me. Nya nyui siwo nukpɔlawo gblɔna le mía ŋu la nye ɖaseɖiɖi le Fiaɖuƒea ŋu, gake ne wogblɔ nya vɔ̃ ɖe mía ŋu la, ate ŋu anya amewo ɖa le míaƒe nyawo sese ŋu. Gblɔ nusiwo wòle be míawɔ atsɔ aɖe Kristotɔwo ƒe nɔnɔme nyuiwo afia, si me míaƒe ɖetsɔtsɔ le eme na amewo anukwaretɔe hã le.
Hadzidzi 105 kple gbedodoɖa hena kpakpã.
Kwasiɖa si Dze Egɔme November 26
Hadzidzi 177
15 min: Miaƒe gbeƒãɖeɖewo. Ƒo nu tso dukɔa katã kple hamea ƒe July gbeadzisubɔsubɔdɔ ƒe akɔntabubu ŋu. Ðo ŋku edzi na gbeƒãɖelawo be woatsɔ November gbeadzisubɔsubɔ ƒe akɔntabubu ana. Tsɔ aɖaŋuɖoɖo siwo le “Nya si Míagblɔ le Magazineawo Ŋu,” wɔ magazine nana ƒe wɔwɔfia eve siwo ŋu wodzra ɖo le nyuie—le ɖeka me la, woazã December 1 ƒe Gbetakpɔxɔ eye woazã December 8 ƒe Nyɔ! na evelia. Emegbe fia alesi míate ŋu akpɔ ŋgɔdonya si míazã ne míele Ame Vevitɔ ƒe agbalẽa alo agbalẽ bubu siwo míana le December me la dometɔ aɖe nam. Kpɔ nyati si nye “Presentations” ƒe tanya sue si nye “List by Publication” te le Watch Tower Publications Index me. Gblɔ eƒe kpɔɖeŋu ɖeka alo eve na nyaselawo.
15 min: “Afikae Mate Ŋu Akpɔ Ɣeyiɣia Le?” Nuƒo kpakple numedzodzro kple nyaselawo. Tsɔ October 1, 2000, ƒe Gbetakpɔxɔ, axa 20-1, memama 9-10, me nyati vevi siwo le tanya sue si nye “Alesi Ame Aɖewo Wɔ Kpɔ Ɣeyiɣi na Nusɔsrɔ̃” me la kpee. Kpe nyaselawo be woagblɔ alesi tututu wowɔ kpɔ ɣeyiɣi ɖe nusiwo le vevie wu ŋu to asiɖeɖe le nusiwo mehiã tututu o ŋu me. Te gbe ɖe alesi wòle vevie be woaɖo ɣeyiɣi ɖi na ɖokuisinusɔsrɔ̃ kple ƒomenusɔsrɔ̃ wɔwɔ, hame ƒe kpekpewo dede, gbeadzidede, kple Biblia xexlẽ gbesiagbee dzi.
15 min: Ðeviwo Le Yehowa Kafum. Numedzodzro kple nyaselawo. Ðevi geɖe le hame akpa gãtɔ me siwo le gome kpɔm le gbeƒãɖeɖedɔa me. Esɔ be woawɔe nenema, ne wòfia be ame tsitsiwoe woaɖe gbeƒã na zi geɖe gɔ̃ hã. (Ps. 148:12, 13; Mat. 21:15, 16) Ne dzilawo kple gbeƒãɖela bubuwo tsɔa ɖe le ɖeviwo me eye wonaa hehe wo hedea dzi ƒo na wo la, wokpɔa dzidzɔ geɖe le gbeadzisubɔsubɔdɔa wɔwɔ me. Kpe nyaselawo be woaɖo aɖaŋu le mɔ siwo dzi woato ade sɔhɛwo ʋɔtru nu yi ʋɔtru nu kple tɔtrɔyi wɔwɔ dɔa me ŋu. Bia tso dzilawo si woagblɔ nusiwo wowɔ tsɔ kpe ɖe wo viwo ŋu be woasrɔ̃ alesi woana magazinewo, azã Biblia le woƒe ɖaseɖiɖi me, kple alesi woaƒo nu dzinɔameƒotɔe le ʋɔtruawo nu. Te gbe ɖe vevienyenye si le ɖeviwo kafukafu me dzi. Bia gbe sɔhɛ gbeƒãɖela ɖeka alo eve ne woagblɔ gbeƒãɖeɖedɔa ƒe akpa si doa dzidzɔ na wo kple nusita wòdoa dzidzɔ na wo.
Hadzidzi 198 kple gbedodoɖa hena kpakpã.
Kwasiɖa si Dze Egɔme December 3
Hadzidzi 179
8 min: Miaƒe gbeƒãɖeɖewo. Dzro “Ghana Betel Kekeɖenudɔa ŋu Nyatakaka” me.
17 min: Nu Vovovo Siwo Le Reasoning-gbalẽa Me. Numedzodzro kple nyaselawo. Ƒo nu tso alesi agbalẽa ƒe akpa vovovowo nye dɔwɔnu vevi le Biblia ƒe nufiafiawo me ɖeɖe me to kpɔɖeŋu siwo gbɔna dzi: Nyagɔmeɖeɖe, si woŋlɔ na “Fiaɖuƒe” (axa 225-6) alo “gbɔgbɔ” (axa 380); gɔmeɖeɖe bubu siwo tso gbegɔmeɖeɖe vovovowo me siwo fia afisi kple alesi wozã Mawu ƒe ŋkɔ le Biblia mee (axa 191-3) alo nyateƒe si ku ɖe dzomavɔ ŋu (axa 169-70); dzixɔse siwo dea vovototo mía kple subɔsubɔha bubuwo me siwo woɖo ɖe ɖoɖonu (axa 199-201) alo alesi ame aɖe awɔ anya subɔsubɔha vavãtɔ (axa 328-30); nuŋlɔɖi siwo ɖe Kristmas ƒe dzɔtsoƒe fia (xaxa 176-8) alo Kristotɔ gbãtɔwo ƒe akpaɖekedzimademade (axa 273-5); dzɔdzɔmeŋutinunya ƒe kpeɖoɖo nuwɔwɔwo ƒe nyateƒenyenye dzi (axa 85-6) alo esi fia afɔku si le atikevɔ̃ɖi zazã kple atamanono me (axa 108-11). De dzi ƒo na gbeƒãɖelawo be woazã dɔwɔnu nyui sia le nufiafia me ɣesiaɣi si mɔnukpɔkpɔa asu wo si le gbeadzisubɔsubɔdɔa me.
20 min: “Yayra Siwo Tsoa Ŋudzedzekpɔkpɔ Ðe Yehowa ƒe Lɔlɔ̃ Ŋu Me—Akpa 1.”
[Etenuŋɔŋlɔwo]
a Ne èle memama 3-6 me dzrom la, kpe hamea be woagblɔ nuteƒekpɔkpɔ dedziƒoname si su wo si le tso aƒeme yi aƒeme, ablɔdzi gbeƒãɖeɖe, tɔtrɔyi wɔwɔ kple Biblia nusɔsrɔ̃ wɔwɔ dɔa me.
b Wò ŋgɔdonya megade aɖabaƒoƒo ɖeka o eye nàtsɔ nyabiabia kple ŋuɖoɖo adzro emee.
c Wò ŋgɔdonya megade aɖabaƒoƒo ɖeka o eye nàtsɔ nyabiabia kple ŋuɖoɖo adzro emee.
Hadzidzi 200 kple gbedodoɖa hena kpakpã.