“Míewɔ Dɔ le Míaƒe Anyigbamama me Zi Gbɔ Zi Geɖe!”
1 Ðe nèse le ɖokuiwò me kpɔ be yewɔ dɔ le yeƒe anyigbamama me edziedzi ale gbegbe be amesiwo ƒe nɔnɔme ɖi alẽ aɖeke megale eme oa? Ðewohĩ ègblɔ le tame be: ‘Menya alesi ameawo awɔ nui. Nukata manɔ amesiwo metsɔ ɖeke le eme o gbɔ yim kokoko?’ Nyateƒee wònye be wowɔa dɔ le anyigbamama geɖewo me edziedzi. Gake ele be míaxɔ esia kple dzidzɔ, menye kple dziɖeleameƒo o. Nukatae? Bu susu ene siwo le ete ŋu kpɔ.
2 Wose Míaƒe Gbedodoɖa: Yesu gblɔ be: “Nuŋeŋe la sɔ gbɔ, ke dɔwɔlawo mede ha o; eyaŋuti miɖe kuku na nuŋeŋe la ƒe Aƒetɔ bena, wòadɔ dɔwɔlawo aɖo ɖe eƒe nuŋeŋe la me.” (Luka 10:2) Míeƒo koko na Yehowa ƒe geɖe hena kpekpeɖeŋu. Míekpɔ dɔwɔla bubu siwo hiã la azɔ le teƒe geɖe, eye míele anyigbamamaa kpem ɖo edziedzi. Ðe dzi medzɔa mí be Yehowa se míaƒe gbedodoɖa oa?
3 Kutrikuku Naa Wotsea Ku Nyui: Le anyigbamama si me wowɔ dɔ le edziedzi gɔ̃ hã me la, amewo le to ɖom Fiaɖuƒegbedasia eye wova le si dzem nyateƒea. Eyata ele be míayi dzi anɔ wo gbɔ yim edziedzi kple mɔkpɔkpɔ be míake ɖe dzi anukwaretɔwo ŋu. (Yes. 6:8-11) Miyi amesiwo le miaƒe anyigbamama me la gbɔ ‘edziedzi,’ abe alesi Yesu ƒe nusrɔ̃la gbãtɔwo wɔe ene, ahanɔ agbagba dzem be mianyɔ woƒe ɖetsɔleme ɖe Mawu ƒe Fiaɖuƒe la ŋu.—Mat. 10:6, 7.
4 Hame geɖewo le Portugal kpea woƒe anyigbamama ɖo kwasiɖa ɖesiaɖe, gake wogale kekem ɖe amesiwo ƒe nɔnɔme ɖi alẽwo ŋu kokoko. Nɔvinyɔnu aɖe koŋ wɔa esia kple dzidzɔ ɣesiaɣi. Egblɔ be: “Medoa gbe ɖa na Yehowa be wòakpe ɖe ŋunye makpɔ ame aɖe si atsɔ ɖe le Biblia sɔsrɔ̃ me, hafi yia gbeadzi ŋdi sia ŋdi.” Gbeɖeka ewɔ ɖoɖo kple ɖawɔla aɖewo le ɖawɔƒe aɖe be yeava srɔ̃ nu kpli wo. Gake emegbe la, ame ɖeka koe va hena nua sɔsrɔ̃. Ame ma gblɔ be: “Medo dzidzɔ na ame mamlɛawo o, gake edoa dzidzɔ na nye ya.” Le ɣleti ɖeka pɛ ko me la enɔ Biblia-nusɔsrɔ̃ eve wɔm le eɖokui si. Ema megbe kpuie ko la, eva xɔ nyɔnyrɔ, eye wòƒo eɖokui ɖe mɔɖeɖedɔa wɔwɔ me emegbe!
5 Míele Dɔa Nu Wum: Míele gbeƒã ɖem nyanyuia, abe alesi Yesu gblɔe ɖi be woawɔe ene. (Mat. 24:14) Le afisiwo amewo ‘medi be yewoaɖo to mí le o’ gɔ̃ hã la, míele nyanya nam wo to gbeƒãɖeɖedɔa me. Míenya be ame aɖewo asẽ dzime alo atsi tre ɖe nyateƒea ŋu kura gɔ̃ hã. Ke hã, ele be míaxlɔ̃ nu amesiawo kokoko tso Yehowa ƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ si gbɔna ŋuti.—Xez. 2:4, 5; 3:7, 8, 19.
6 Míekpɔ Wu Enu Haɖe O: Menye míaƒe dɔe wònye be míatso nya me le ɣeyiɣi si dzi gbeƒãɖeɖedɔa awu nu ŋu o. Yehowa ya nya ɣeyiɣi si dzi tututu wòawu enu. Enya nenye be ame aɖewo le míaƒe anyigbamama me siwo ava ɖo to nyanyuia. Egbea ame aɖewo gblɔna be yewo metsɔ ɖeke le eme o, gake nya sesẽwo abe—dɔ ƒe gege le ame si, dɔléle sesẽ, lɔlɔ̃tɔ aɖe ƒe ku—ene ƒe dzɔdzɔ ɖe ame dzi ate ŋu ana woadi vevie be yewoaɖo to ɣebubuɣi. Le nazãbubu alo vovomakpɔmakpɔ na toɖoɖo taa, ame geɖewo mese nusi tututu ƒe gbeƒã ɖem míele kpɔ o. Wo sasrã kpɔ edziedzi xɔlɔ̃wɔwɔtɔe ana woakpɔe adze sii ahaɖo to.
7 Amesiwo tsi zu ame tsitsi le ƒe siawo me eye woa ŋutɔwo ɖo woƒe ƒomewo la, va le fɔ lém ɖe agbe ŋu vevie eye wole nya siwo ŋu Mawu ƒe Nya ɖeɖekoe ate ŋu aɖo la biam. Ðetugbi si nye vidada aɖe kpe Ðasefo eve va eƒemee hegblɔ be: “Esi menye ɖevi la, nyemenya nusita danye nyaa Ðasefowo hegblɔna be yemedii la o, esime nusi wodi be yewoawɔ koe nye be yewoadzro Biblia me kple amewo. Eyata meɖo tame be ne meva tsi, ɖe srɔ̃ hele nye ŋutɔ nye aƒe me la, makpe Yehowa Ðasefowo be woava ɖe Biblia me nam.” Emae wòwɔ, wòdzɔ dzi na Ðasefo siwo va srãe kpɔ la.
8 Ðe Wò Nyawo Ate Ŋu Alé Aɖe Wua? Manye amesiwo gbɔ míeyina gbɔe wòtsona ɣesiaɣi be dɔ wɔwɔ le anyigbamama me edziedzi dzena nu sesẽe o. Ɣeaɖewoɣi mía ŋutɔwo gbɔe wòtsona. Ðe míeyina kple dziɖeleameƒoa? Ema ate ŋu akpɔ ŋusẽ ɖe míaƒe nɔnɔme kple míaƒe gbeɖiɖi kpakple míaƒe mo ƒe dzedzeme dzi. Ðe dzonɔameme fia eye nàɖo nukomo. Te mɔnu yeyewo kpɔ. Zã dzeɖoɖomɔnu vovovowo, eye nàwɔ tɔwò sinua be wòanyo ɖe edzi. Ðewohĩ àte ŋu atrɔ wò nyabiabia siwo nètsɔ dzea egɔmee alo ade ŋɔŋlɔ bubuwo dzeɖoɖoa me. Bia nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu bubuwo mɔ siwo dzi woto kpɔ dzidzedze le dɔwɔwɔ le anyigbamama me. Wɔ dɔ kple gbeƒãɖela kple mɔɖela vovovowo, nàsrɔ̃ nusi naa wokpɔa dzidzedze le woƒe subɔsubɔdɔa me.
9 Yehowa ƒe yayra kple ŋudzedzekpɔkpɔ le Fiaɖuƒe gbeƒãɖeɖedɔa dzi, eye gomekpɔkpɔ le eme ɖoa kpe míaƒe lɔlɔ̃ na eyama kple mía havi dzi. (Mat. 22:37-39) Eyata mina míawu míaƒe dɔ la nu blibo, mígana dɔwɔwɔ le anyigbamama me edziedzi nati mí o.