INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • km 6/01 axa 1
  • Nɔ “Nu Nyui Wɔwɔ” Dzi

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Nɔ “Nu Nyui Wɔwɔ” Dzi
  • Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2001
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Ðeɖi Megate Ŋuwò le Nu Nyui Wɔwɔ me O
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2005
  • Nɔ Yehowa Ƒe Habɔbɔa Ŋu Kplikplikpli
    Ðoɖo Hena Yehowa Ƒe Lɔlɔ̃nu Wɔwɔ
  • Sɔhɛwo—Mido Dzidzɔ na Yehowa ƒe Dzi
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1993
  • Kpɔ Dzidzɔ Kple Dzidzɔ Mawu La
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2001
Kpɔ Bubuwo
Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2001
km 6/01 axa 1

Nɔ “Nu Nyui Wɔwɔ” Dzi

1 Afɔ nyui aɖee wònye nèɖe esime nèva zu Yehowa Mawu subɔla. Gake nusi nye gbetɔame azɔ le ɣeyiɣi sesẽ siawo me enye alesi nàyi edzi alé “nu nyui wɔwɔ” me ɖe asi. (Gal. 6:9) Togbɔ be esia bia kutrikuku hã la, àte ŋu awɔe. To mɔ ka dzi?

2 Na Yesu ƒe Tamesusu Nanɔ Asiwò: Àte ŋu ado dzi le tetekpɔwo me, ne ètsɔa wò susu ɖoa Fiaɖuƒemɔkpɔkpɔa dzi abe alesi Yesu wɔe ene. (Heb. 12:2, 3) Kakaɖedzi nenɔ asiwò be Yehowa lɔ̃ wò eye be edi be nàkpɔ dzidzedze. (Pet. II, 3:9) Xɔ eyama dzi se bliboe, eye nàka ɖe edzi be akpe ɖe ŋuwò. (Kor. I, 10:13) Nɔ gbedodoɖa dzi ɖaasi, eye nàbia Yehowa be wòakpe ɖe ŋuwò be nàdo dzi. (Rom. 12:12) Dzi nedzɔ wò kple kakaɖedzi be wò dzidodo ana tenɔnɔ nyui nanɔ asiwò le Mawu ŋkume. (Rom. 5:3-5) ‘Kristo Yesu ƒe tamesusu’ si anɔ asiwò la ana dzidzeme wò eye wòana Yehowa ƒe dzi nakpɔ dzidzɔ.—Rom. 15:5; Lod. 27:11.

3 Nɔ Nu Nyui Wɔwɔ Dzi: Wɔ mɔnuɖoɖo siwo Yehowa na eƒe amewo be woakpe ɖe wo ŋu woanɔ nu nyui wɔwɔ dzi la ŋudɔ blibo. Lé Mawu ƒe Nya la xexlẽ kple Biblia-srɔ̃gbalẽ si dɔla nuteƒewɔla kple aɖaŋudzela ƒe ha ta sɔsrɔ̃ ƒe ɖoɖowɔɖi nyui me ɖe asi. Dzra ɖo nyui, nàde kpekpeawo katã, eye nàkpɔ gome le wo me. De ha kple gbɔgbɔ me nɔviŋutsuwo kple nɔvinyɔnuwo do ŋgɔ na Kristotɔwo ƒe kpekpewo kple ne wokpã. Ðo gbeadzisubɔsubɔdɔa ƒe taɖodzinu nyuiwo na ɖokuiwò be nàte ŋu akpɔ gome le eme bliboe eye nàdzi wò gbeƒãɖeɖe na ame bubuwo ƒe ŋutetewo ɖe dzi.

4 Esia dzie nàte ŋu ato alé nu nyui wɔwɔ me ɖe asi eye wòana nànɔ dzidzɔ kpɔm. Nɔviŋutsu aɖe si le Italy gblɔ le nya sia ŋu be: “Ne megbɔ tso Yehowa ƒe subɔsubɔdɔa wɔƒe va aƒeme le fiẽ me la, mesenɛ le ɖokuinye me be ɖeɖi te ŋunye nyateƒe. Gake mekpɔa dzidzɔ eye medaa akpe na Yehowa be ena dzidzɔ sia si ame aɖeke mate ŋu axɔ le asinye o lam.” Le esia ta wò hã yi nu nyui wɔwɔ dzi, be nàkpɔ dzidzɔ geɖe.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe