Dzra Ðo ɖe Yesaya ƒe Nyagblɔɖia Sɔsrɔ̃ Ŋu!
1 “Tadeagula wɔnuteƒewo ate ŋu aka ɖe edzi be Yehowa . . . maɖe mɔ Satana ƒe xexea nanɔ anyi adidi ŋkeke ɖeka pɛ hã wu alesi dzɔdzɔenyenye bia o.” Dzideƒonamenya kae enye esi! Afikae woyɔ nya sia tsoe? Yesaya ƒe Nyagblɔɖi-Enye Kekeli na Ameƒomea Katã I mee. Ðe Yesaya ƒe nyagblɔɖia ɖe susu si tae míaƒo nya ta dzideƒotɔe alea me na mía? Ẽ! Le Biblia-gbalẽ ma me la, wote gbe ɖe ɖeɖekpɔkpɔ dzi eme kɔ nyuie na amesiame. (Yes. 25:9) Esia ta ade dzi ƒo na mí ŋutɔ be míasrɔ̃ Mawu ƒe Nya ƒe akpa sia le Hame ƒe Agbalẽ me Nusrɔ̃ƒea. Ðe míayi aɖakpɔ gome le eme kwasiɖa sia kwasiɖaa? Nukatae wòle be míayi?
2 Woyɔ Yehowa le Yesaya 30:20 be míaƒe “Nufiala Gãtɔ.”(NW) Ele be Kristotɔ ɖesiaɖe naɖo to nyuie ne Yehowa le nu ƒom na mí to eƒe Nya kple Biblia-srɔ̃gbalẽ siwo “dɔla nuteƒewɔla kple aɖaŋudzela” nana dzi. (Mat. 24:45; Yes. 48:17, 18) Esia le alea le Yesaya ƒe Nyagblɔɖi I ƒe agbalẽa gome. Aleke nàwɔ aɖe vi geɖe tso emee?
3 Dzra Ðo be Nàkpɔ Gome le Eme: Ðo ɣeyiɣi agbɔsɔsɔ aɖe ɖi kwasiɖa sia kwasiɖa nàtsɔ adzra ɖo ɖe agbalẽ me nusɔsrɔ̃a ŋu. Xlẽ memama siwo woasrɔ̃ la ɖekaɖeka. De ŋugble le nyabiabia siwo le agbalẽa me la dometɔ ɖesiaɖe ŋu. De dzesi ŋuɖoɖoawo ɖe wò agbalẽa me. Woŋlɔ mawunyakpukpui siwo woyɔ tso Yesaya ƒe agbalẽa me kple ŋɔŋlɔdzesi siwo nyɔ yibɔɔ. Xlẽ wo nyuie. Xlẽ ŋɔŋlɔ siwo woyɔ gake womeŋlɔ womenyawo o be nàkpɔ alesi wowɔ ɖeka kple nyatiae. De ŋugble le nusi srɔ̃m nèle la ŋu. Emegbe nàna wo dzadzraɖoa naɖe vi na ame bubuwo hã le miaƒe agbalẽ me nusrɔ̃ƒea.
4 Nɔviŋutsu si le agbalẽ me nusɔsrɔ̃a dzi kpɔm nana vavalawo katã nawɔ Biblia ŋudɔ nyuie be woakpɔ viɖe ŋutɔŋutɔ si le nusi srɔ̃m wole la me adze sii. Ne wòe woyɔ be naɖo nya ŋu gbã la, na wò ŋuɖoɖoa nanɔ kpuie ahanɔ tẽ. Ne ame bubu aɖe na ŋuɖoɖoa xoxo la, àte ŋu aɖe nusi me dzrom miele me ɖe edzi. Ðewohĩ ate ŋu afia alesi mawunyakpukpui vevi aɖe ɖo kpe nyaa dzii. Dze agbagba nàɖo nya ŋu le wò ŋutɔ wò nyagbewo me, eye nàse vivi na gomekpɔkpɔ le numedzodzroa me.
5 Mina míatsɔ didi vevie adzro gbedasi xɔasi si le Yesaya ƒe agbalẽa me la me. Ade dzi ƒo na mí be míanɔ agbe le dzidzɔkpɔkpɔ me gbesiagbe atsɔ anɔ Yehowa ƒe ŋkekea lalam!—Yes. 30:18.