Ƒe 2002 “Fiaɖuƒe Gbeƒãɖela Veviedonulawo” Yehowa Ðasefowo ƒe Nutome Gã Takpekpe
1 “Dzi dzɔm, esime wogblɔ nam be: Mina míayi Yehowa ƒe me.” (Ps. 122:1) Le ŋkuléle ɖe hakpala la ƒe nyawo ŋu me la, de dzesi (1) alesi wòse le eɖokui me esime wokpee be wòava kpɔ gome le Yehowa subɔsubɔ me, (2) zɔhɛ nyui siwo nɔ esi, amesiwo hã di vevie be yewoakpɔ gome le nyateƒe tadedeagu me, kple (3) dzadzraɖo siwo wòhiã be woawɔ atsɔ akpe amewo bene woaƒo ƒu, ahazɔ mɔ ayi Mawu ƒe aƒemee.
2 Ðe hakpala la ƒe nyawo meɖe míawo ŋutɔ hã ƒe seselelãmewo gblɔ ne míese be wole ɖoɖowo wɔm na míaƒe takpekpe si le ŋgɔ gbɔna oa? Míenɔa mɔkpɔkpɔ me vevie ne míeɖo ŋku dzidzɔ siwo míaƒe takpekpe siwo va yi he vɛ dzi, kple mɔnukpɔkpɔ si gale ŋgɔ be mía kple mía hati siwo lɔ̃a Yehowa míaganɔ ƒuƒoƒo tɔxɛ aɖe me ake. Wowɔ ɖoɖo be míawɔ ŋkeke etɔ̃ ƒe “Fiaɖuƒe Gbeƒãɖela Veviedonulawo” Nutome Gã Takpekpewo le Ghana ƒe alɔdzea ƒe anyigbamama me godoo le ƒe 2002 me. Fifia enye ɣeyiɣi si wòle be míawɔ ɖoɖowo nyuie be míayi ahakpɔ viɖe tso gbɔgbɔmenuɖukplɔ̃ gã si woɖo na mí me bliboe.
3 “Xɔnuvi nuteƒewɔla kple nunyala” la dze gbɔgbɔmenuɖuɖu si sɔ ɖe ɣeyiɣia dzi si woatsɔ aɖo kplɔ̃e le takpekpea me la dzadzraɖo gɔme. (Luka 12:42) Wowɔ takpekpe si tututu hame ɖesiaɖe ade la ŋu ɖoɖowo kple susu be amewo nagasɔ gbɔ fũ akpa ɖe takpeƒea o. Gakpe ɖe eŋu la, nɔviŋutsu geɖewo dze takpekpedɔdzikpɔƒe vovovoawo ƒe ɖoɖowo gɔme xoxo bene “woawɔ nuwo katã, alesi dze ɖe eteƒeteƒe.” (Kor. I, 14:40) Esi wowɔ ɖoɖo ɖe nu geɖe ŋu xoxo na míaƒe viɖe kple dzidzɔkpɔkpɔ ta la, nukae mí ame ɖekaɖekawo míate ŋu awɔ le dzadzraɖo ɖe takpekpea ŋu me?
4 Wɔ Ðoɖo Fifia be Nàde Ŋkeke Etɔ̃awo Katã: Ðe wòahiã be nàbia mɔ le wò dɔtɔ gbɔ be nàte ŋu ade takpekpe si wotia na mi ƒe ŋkekeawo katã? Yehowa sea egɔme be dɔtɔ aɖewo nye amesiwo “wòsesẽ be woadze wo ŋu.” (Pet. I, 2:18, NW) Gake míaƒe takpekpewo le vevie ŋutɔ, eye míedi be míadze agbagba ɖesiaɖe be míade ŋkeke etɔ̃awo katã. Te ɖe Yehowa ŋu le gbedodoɖa me le nya siawo tɔgbe ŋu, eye nàbia eƒe mɔfiame bene nu nyui nado tso eme.—Nex. 2:4.
5 Dzeƒedidi Ŋuti Mɔfiamewo: Míele Xɔbiagbalẽviwo ɖom ɖe hame ɖesiaɖe. Ne miedi be takpekpedɔdzikpɔlawo nadi xɔ na mi la, taflatse mikpe Xɔbiagbalẽvia ɖo, mitsɔe na hamea ƒe agbalẽŋlɔla wòato eme, eye emegbe miaɖoe ɖe takpekpe si miade la wɔƒe. MIGAÐO Xɔbiagbalẽviwo kple takpekpea ŋu lɛta bubuwo ɖe alɔdzedɔwɔƒea le Accra O.
6 Woana dzeƒe nɔvi aɖewo ɖe amewo ƒe aƒeme. Takpekpea wɔɣi DZAA KOE woana xɔ siawo mí. Amesiwo woana dzeƒe siawoe la nakpɔ egbɔ be wo kple wo viwo wɔ nu le bubumɔ nu le woƒe aƒea tɔ ƒe aƒeme eye womanɔ amesi gbɔ wodze la ƒe nuwo me kam alo agblẽ woƒe nunɔamesiwo alo age ɖe teƒe siwo mele be woage ɖo le aƒea me o. Ne xɔtɔwo do go kuxi aɖewo le go sia me la, ele be wòana takpekpea ƒe xɔdidɔwɔƒea dzi kpɔla nanya enumake, eye adzɔ dzi nɛ be yeana kpekpeɖeŋu.
7 Amesiwo meɖoa Xɔbiagbalẽviwo ɖa hafi va ɖo takpedua me o la hea kuxiwo vɛ na takpekpedɔdzikpɔlawo elabena eva hiãna be woadi dzeƒe na vavala siawo le ɣeyiɣi kpui aɖe me. Ðoɖowɔwɔ le ɣeyiɣi kpui me alea ate ŋu agblẽ ga geɖe. Eyata vavala siwo katã adi be takpekpedɔdzikpɔlawo nadi dzeƒe na yewo la nakpe Xɔbiagbalẽwo ɖo ahaɖo wo ɖe takpekpe ɖoɖowɔlawo ɣeyiɣi didi aɖe do ŋgɔ. Kɔledzikpo siwo dzi takpekpevalawo dzena la dometɔ aɖewo le ga gbogbowo biam azɔ ɖe vavalawo dometɔ ɖesiaɖe ƒe teƒea tsitsi dɔ zã ɖesiaɖe ta. Eyata ehiã be míadzra ɖo ɖe gadzɔdzɔ be woatsɔ axe dzeƒea ŋu fewoe ŋu, eɖanye sukukpo dzi loo alo ame aɖe ƒe aƒemee o.
8 Lé Ŋku Ðe Hamea Me Tɔwo Ŋu: Ne míekpɔ be nɔviŋutsu alo nɔvinyɔnu aɖewo ƒe ŋutilãmenuhiahiã aɖewo ta takpekpea yiyi asesẽ na wo la, ɖe míate ŋu ‘akeke mía ɖokui’ le míaƒe lɔlɔ̃ ɖeɖe fia me ahana kpekpeɖeŋu woa? (Kor. II, 6:12, 13; Mose V, 15:7) Nuwɔwɔ alea ƒe dzie Paulo de ƒo le Korintotɔwo II, 8:14. Nukatae màkpe amesiawo tɔgbe be woaɖo gbɔwò ayi takpekpea o? Ne mɔɖelawoe wonye la, anɔ eme be nuteƒekpɔkpɔ tuameɖo geɖe le wo si woagblɔ le mɔzɔzɔa me. Ne hamea me tɔ tsitsiwoe wonye la, ɖewohĩ teokrasi subɔsubɔ ƒe ŋutinya tuameɖo aɖe si miese kpɔ o la le wo si woagblɔ. Ðe hadede kple nɔviŋutsu kpakple nɔvinyɔnu siawo makpɔ ŋusẽ nyui aɖe ɖe mia kple wò ƒomea dzi oa? Woakpɔ ŋudzedze ɖe wò dɔmenyonyo alea ŋu, eye Yehowa hã aɖo eteƒe na wò.—Lod. 28:27; Mat. 10:42.
9 Togbɔ be ƒometɔ siwo nye Kristotɔwo koŋue kpɔa amesiwo ŋu hiahiã tɔxɛwo le gbɔ hã la, hamemegãwo kple ame bubu siwo le hamea me siwo nya nu tso hiahiã mawo ŋu la ate ŋu ana kpekpeɖeŋu le ɖoɖo mawo wɔwɔ me lɔlɔ̃tɔe. (Tim. I, 5:4) Ne wokpe Xɔbiagbalẽviwo ɖo na amesiwo ŋu hiahiã tɔxɛwo le hetsɔe na Hamea ƒe Subɔsubɔ Kɔmiti la, ahiã be kɔmitia nato eme akpɔ be dzeƒedila siawo dze hafi aɖo wo ɖe Xɔdidɔwɔƒea. Hame ƒe agbalẽŋlɔla naŋlɔ eƒe telefon xexlẽdzesi ɖe agbalẽvia dzi, bene Xɔdidɔwɔƒea nate ŋu aƒo ka nɛ ne biabia aɖewo va fɔ ɖe te. Ðo agbalẽvi siawo dometɔ siwo dzi mieda asi ɖo la ɖe takpekpewɔƒea to adrɛs si dze le emedegbalẽvia ƒe axa 6 lia dzi.
10 Takpekpe Bubu Dede: Wotia takpekpe si tsɔ ɖe hame ɖesiaɖe gbɔ be woayi. Ne woawɔ takpekpe eve le gbe ɖeka me le dugã aɖe me la, nɔvi aɖewo adi be yewoayi evea sia. Togbɔ be esia ana dzidedeƒo na ame nɔewo ƒe mɔnukpɔkpɔ nasu mía si geɖe wu hã la, enaa takpekpe me nuzazãwo medea vavalawo nu o eye wògblẽa agbagba si dzem wole be takpekpewo magalolo akpa o me. Eyata míele biabiam tso nɔvi siwo le dugã siwo me woawɔ takpekpewo le si be woayi takpekpe si wotia na wo la ko. Ne wodi be yewoagayi takpekpe bubu le du bubu me la, asɔ na mí nenema. Mɔɖeɖe li na nɔvi siwo wode takpekpe me dɔ kpata aɖewo asi na si wɔe be nuƒoawo ƒe akpa aɖewo to wo ŋu la be woate ŋu agayi takpekpe bubu le dugã ma ke me. Gakpe ɖe eŋu la, ne gbea masemase nyuie wɔe be nɔvi aɖewo di be yewoayi takpekpe le dugã la me si menye esi woƒe hamea ade o la, mɔɖeɖe le eya hã ŋu.
11 Le kɔƒenutome hame aɖewo me la, nanewo abe gbegbɔgblɔ, takpedua, kple ʋu ƒe anyimanɔmanɔ awɔe be wòasɔ na wo wu be woayi takpekpe si mele nuto si wotia na wo la me o. Hame siwo le nɔnɔme sia me ate ŋu atia esi woayi la faa. Mahiã be woaŋlɔ agbalẽ atsɔ abia mɔɖeɖe tso Habɔbɔa gbɔ o. Gake ele be hame siwo ɖoe be yewoayi takpekpe si menye eyae wotia na wo o la nana woƒe nutome sue dzikpɔla nanya do ŋgɔ ale be magawɔ ɖoɖo ɖe wo sasrãkpɔ ŋu le kwasiɖa si me womanɔ anyi o la me o. Ne hamea ayi takpekpe si wotia na wo alo bubu ye woayi o, ele be nɔvi siwo le ʋu ƒe ɖoɖowo dzi kpɔm la nakpɔ egbɔ be ʋu ɖesiaɖe si yewoada la nye ʋu nyui eye afɔku manɔ eɖoɖo me o.
12 Bolgatanga Takpekpe: Míawɔ “Fiaɖuƒe Gbeƒãɖela Veviedonulawo” Nutome Gã Takpekpeawo dometɔ ɖeka le Bolgatanga tso January 3 vaseɖe 5, 2003, le Twi kple Frafra gbewo me. Míele dzi dem ƒo na nɔvi siwo katã le anyiehe siwo ate ŋui la be woayi takpekpe sia. Ðewohĩ Habɔbɔa awɔ ʋu ƒe ɖoɖo tɔxɛwo ɖe mɔ sia zɔzɔ ŋu le ƒe sia hã me. Míele dzi dem ƒo na amesiwo katã wɔ ɖoɖo be yewoayi be woayi gbeadzi ahaɖi vomeɖase le woƒe Bolgatanga nɔɣia. Míele biabiam tso amesiwo katã wòadzɔ dzi na si be woadze dzadzraɖowɔwɔ ɖe takpekpe sia ŋu gɔme.
13 Dɔwɔwɔ Do Ŋgɔ na Takpekpea: Míekpɔ ŋudzedze geɖe ɖe kpekpeɖeŋu si miena le go sia me le ƒe siwo va yi me ŋu. Abe alesi mienyae ene la, agbadɔtutu, xɔdidi, kple dɔ bubuwo aganɔ anyi. Míeka ɖe edzi be takpedua me nɔlawo katã kple hame siwo tsɔ ɖe wo gbɔ me tɔwo awɔ ɖoɖo akpɔ gome bliboe le dɔ vevi sia wɔwɔ me le kwasiɖanuwuwuwo kple dɔmedegbewo. Ne ame geɖe ate ŋu awɔ ɖoɖo ava le ŋkeke eve mamlɛawo do ŋgɔ na takpekpe ɖesiaɖe ƒe gɔmedzedze dzi be woaɖo nusianu enɔƒe la, esia ade mía dzi ŋutɔ. Esi wònye lɔlɔ̃nu faa nudzɔdzɔwoe wozãna ɖe takpekpewo ŋuti dzadzraɖodɔwo kple wo wɔwɔ ŋu ta la, ne míeyi ɖawɔ dɔ do ŋgɔ na takpekpe la, mele be míakpɔ mɔ be takpekpe ɖoɖowɔlawo ana nuɖuɖu mí femaxee o.
14 Tsɔ Ðokuiwò Na Faa: Le takpekpea wɔɣi la, lɔlɔ̃nu faa dɔwɔla alafa geɖe kpea asi ɖe dɔdzikpɔƒe vovovoawo ŋu be woƒe dɔwo nayi edzi nyuie. Anyinɔƒe kple ʋutɔɖoƒe gbɔ kpɔlawo naa mɔfiame be nuwo nazɔ nyuie, eye wokpɔa míaƒe ʋuwo ta le ŋkekea me. Enye Dzadzɛnyenye Gbɔkpɔdɔwɔƒea ƒe mɔnukpɔkpɔ be woakpɔ míaƒe dzadzɛnyenye ƒe ŋkɔ nyui si le mía ŋu la ta, eye woana míaƒe ɣeyiɣi kpui aɖe ƒe takpeƒea nanɔ dzadzɛ wu alesi wònɔ hafi míeva zãe. Ðe míate ŋu akpe asi ɖe dɔwɔƒe siawo alo bubu siwo ahiã míaƒe kpekpeɖeŋu ŋua? Ðe nàtsɔ ɖokuiwò ana be yeatsɔ “nuwɔwɔ aduadu” asubɔ ɖe nɔviwòwo tia?—Zef. 3:9, NW.
15 Nuɖuɖunyawo: Ƒe ʋɛ aɖewo va yi xoxo tso esime míetrɔ ɖe ɖoɖo yeye si nye be “nuɖuɖu ƒe ɖoɖo aɖeke manɔ anyi o” ŋu le míaƒe takpekpewo me. Wobia tso vavalawo katã si be woatsɔ nuɖuɖu siwo mekpena fũ o kple ahaviviwo ɖe asi vɛ bene woaɖu alo ano le ŋdɔme ɖiɖiɖemeɣia. Esia awɔe be míakpɔtɔ anɔ takpekpewɔƒea na hadede tuameɖowo tsɔ wu be míava nɔ tsatsam anɔ nuɖuɖu kple nunono dim le esi míetsɔ ɖeke vɛ o ta. Ne míezɔ mɔ tso didiƒe yi takpedua me gɔ̃ hã la, ele be míawɔ dzadzraɖo adi ŋdɔnuɖuɖu ɖe asi na mía kple míaƒe ɖetsɔlemetɔwo ale be míagana míaƒe takpekpewɔƒewo natrɔ zu nuɖuɖudzraƒewo o. Tɔtrɔ sia si wowɔ la le míaƒe susu hem tso nuɖuɖunyawo ŋu yi gbɔgbɔmenu siwo hiã vevie wu la dzi. Le susu sia ta zi geɖe le dukɔ bubu aɖewo me la, amesiwo ɖo nuɖuɖudzraƒewo ɖe teƒe siwo nɔviwo haya na takpekpea wɔwɔ la meʋua nuɖuɖudzraƒeawo o. Womedzraa naneke kura le takpekpewɔƒea o. Esia wɔnɛ be nɔviwo ƒe susu nɔa gbɔgbɔmenuwo ŋu eye wote ŋu kpɔa ɣeyiɣi geɖe na hadede tuameɖowo le ɖiɖiɖemeɣia.
16 Gake ewɔ nublanui be le dukɔ sia me la, mía nɔviwo dometɔ geɖe mekpɔ taɖodzinu si le nuɖuɖu ƒe ɖoɖoa ƒe anyimanɔmanɔ ŋu dze sii o. Ame aɖewo kpɔtɔ dzona le takpekpewɔƒea le ɖiɖiɖemeɣia va nɔa nuɖuɖu kple nu bubuwo ƒlem le nudzralawo gbɔ. Esia de dzi ƒo na amewo be wova ɖo nuɖuɖudzraƒewo kple asiwo gɔ̃ hã ɖe míaƒe takpekpewɔƒeawo katã xa tututu, eye nudzrala aɖewo sẽa to tsɔa woƒe nuwo vaa agbadɔawo te gɔ̃ hã. Ne nɔviwo mele “asi ƒlem” na nua dzralawo o la, mana woayi edzi anɔ asia ɖom o. Eyata le ƒe sia me la, mina mí katã míaɖoe kplikpaa be míaƒle naneke, tsi fafɛ gɔ̃ hã, tso amesiwo tsɔ míaƒe Kristotɔwo ƒe kpekpeƒewo wɔ asitsaƒee la gbɔ o.
17 Le nyateƒe me esi ganye ŋkubiãnya wu enye be mía nɔvi aɖewo hã va kpe ɖe asitsalawo ŋu, hele nuɖuɖu, Bibliawo, ŋutsuwo ƒe tayawo, akplowo, kple nu bubuwo dzram le míaƒe takpekpewo me. Ame aɖewo ƒoa ka na alɔdzedɔwɔƒea gɔ̃ hã biana be woayɔ ŋkeke siwo katã míawɔ míaƒe teokrasi kpekpewo le míaƒe takpekpewɔƒewo na yewo bene yewoate ŋu ava ɖo asi! Yesu bu fɔ Yudatɔ siwo nɔ gbedoxɔa zãm tsɔ nɔ viɖe dim tso wo nɔviwo gbɔe. (Yoh. 2:12-16) Eŋlisigbe me Gbetakpɔxɔ, July 1, 1984, axa 25 ƒe memama mamlɛtɔ gblɔe eme kɔ ƒã be: “Yehowa Ðasefowo ƒe Fiaɖuƒe Akpatawo, Biblia nusɔsrɔ̃ ƒe ƒuƒoƒowo, alo takpekpewo menye teƒe siwo woado asitsanyawo ɖa le alo axɔ amewo ɖe dɔme le o, ke boŋ wonye teƒe siwo gbɔgbɔ me numedzodzrowo kple hadedewo yia edzi le, eɖanye do ŋgɔ na kpekpea gɔmedzedze alo le kpakpã megbe o. (Hebritɔwo 10:23-25) Eyata be woatsɔ asitsatsa aƒo ɖi Kristotɔwo ƒe kpekpewo ƒe gbɔgbɔ me dzadzɛnyenye la nye ŋudzedzemakpɔmakpɔ ɖe gbɔgbɔmenuwo ŋu.” (Kpɔ Míaƒe Subɔsubɔdɔa, axa 134, memama 3 hã.) Eyata eme kɔ ƒã be masɔ be mía ŋutɔwo, alo amedɔdɔ aɖeke, nadzra naneke na mí le kpekpe siawo me o. Míele biabiam tso hamemegãwo si be woatsɔ tufafa akpe ɖe amesiwo katã le gome kpɔm le nusiawo wɔwɔ me la ŋu be woadzudzɔ.
18 Mina míaɖɔ ŋu ɖo le afisi míanɔ aɖu nu le le ɖiɖiɖemeɣia bene míagagblẽ zikpuiwo dzi alo agblẽ gbeɖuɖɔ ɖe teƒea o. Gbelɔnuwo anɔ takpekpe ɖesiaɖe wɔƒe. Miwɔ esiawo ŋudɔ.
19 Takpekpea ƒe Akɔtagbalẽvi Kple Woƒe Aŋekotokuwo: Tso September ƒe gɔmedzedze la, woatsɔ nutome gã takpekpea ƒe akɔtagbalẽvi siwo le Eŋlisigbe me akpe ɖe agbalẽnudɔdɔwo ŋu aɖo ɖa. Mahiã be miadɔe o. Woanɔ te ɖe hame ɖesiaɖe ƒe lolome dzi aɖo akɔtagbalẽviawo ɖa. Ne hamea gale bubuwo dim kpee la, ke woazã “Literature Request Form” (S-14) atsɔ adɔe. Taflatse mide dzesii be womaɖo aŋekotokuawo ɖa ne womedɔe o. Ehiã be miazã “Literature Request Form” (S-14) atsɔ adɔ esia na amesiwo adi be woadɔe na yewo le hamea me. Miɖo ŋku edzi be akɔtagbalẽviawo kple woƒe aŋekotokuwo manɔ takpekpeawo me o.
20 Nyaléle ɖe Kasɛt alo Videoɖemɔ̃ Dzi: Amesiwo katã alé nya ɖi be yewoava se emegbe nawɔe le mɔ si maɖe fu na ame bubuwo alo ahe woƒe susu o nu. Vevietɔ mele be woatsi kawo ɖe elektrik kple nuƒomɔ̃ kawo ŋu o. Míakpɔ ŋudzedze ɖe alesi miawɔ ɖe nya sia dzi ŋu ŋutɔ.
21 Ðe Amewo Dea Dzesi Nusi Míewɔna Nyateƒea? Le nutome gã takpekpe aɖe me le ƒe si va yi me la, ŋutsu aɖe si dzudzɔ nusɔsrɔ̃ kple Yehowa Ðasefowo abe ƒe 20 kple edzivɔ enye ma la nɔ dɔ wɔm le amedzrodzeƒe aɖe. Eka eta na Ðasefo aɖewo be yele tame bum be yeagadze Biblia sɔsrɔ̃ kple kpekpeawo dede gɔme ake. Nukatae? Le alesi Ðasefoawo wɔ nu ɖe eŋu lɔlɔ̃tɔe le ɣeyiɣi si wonɔ amedzrodzeƒea ta.
22 Amedzrodzeƒe aɖe ƒe dɔwɔla aɖe gblɔ le mía nɔviawo ŋu be: “Miaƒe ƒuƒoƒoae nye nyuitɔ kekeake si va dzea míaƒe amedzrodzeƒewo. Miaƒe amewo fatu ŋutɔ eye woƒoa nu bubutɔe hã.” Aleke gbegbe esia ado dzidzɔ na míaƒe Dziƒofofo enye si esi wòle mía kpɔm be míele wɔwɔm ɖe Yesu ƒe nuxlɔ̃ame sia dzi be: “Nenema ke mina miaƒe kekeli naklẽ le amewo ƒe ŋku me, bena woakpɔ miaƒe nu nyui wɔwɔwo, eye woakafu mia Fofo, si le dziƒo.”—Mat. 5:16.
23 Mina míaɖe Fia Dawid ƒe nɔnɔme afia, amesi kpɔa mɔ na Yehowa ƒe aƒeme yiyi dzidzɔtɔe. Míaƒe nutome gã takpekpewo nyea gbɔgbɔ me nuɖuɖu tsoƒe vevi aɖe, eye wònye hadede lɔlɔ̃tɔe ƒe mɔnukpɔkpɔ si ɖeke mesɔ kplii o. Eyata míetsɔ dzidzɔ le kpewòm be nàdze wò ɖoɖo wɔwɔ gɔme be nàte ŋu akpɔ gome le ŋkeke etɔ̃ ƒe takpekpe bliboa katã me le ƒe sia me ƒe “Fiaɖuƒe Gbeƒãɖela Veviedonulawo” Nutome Gã Takpekpea me!
Takpekpea ƒe Gamewo
Fiɖa kple Memleɖa
ŋdi 9:30 - ɣetrɔ 5:00
Kwasiɖa
ŋdi 9:30 - ɣetrɔ 4:00