Yehowa Ðasefowo ƒe Ƒe 2000 “Mawu ƒe Nya Dzi Wɔlawo” Nutome Gã Takpekpe
1 “Mayɔ wò ŋkɔ le ameha gãwo me, eye makafu wò le ame geɖewo dome.” (Ps. 35:18) Kpɔ alesi gbegbe Dawid akpɔ dzidzɔe ɖa le susu me ne wòakpɔ ame akpe geɖe egbea woakpe ta le ŋutifafa me be yewoaxɔ mawumenufiame le míaƒe takpekpewo me! Ðe nènɔ ame 166,358 siwo de “Mawu ƒe Nyagblɔɖinya” Nutome Gã Takpekpeawo domea? Le December 1999 kple January 2000 me la, wowɔ takpekpe 40 le du 17 me le Ghana. Míaƒe nutome gã takpekpe siwo míawɔ le ƒe 2000 me ana mɔnukpɔkpɔ yeyewo mí be míakpe ta ɖekae kple hati Yehowa kafulawo, ‘amesiwo tsɔa ɖe le woƒe gbɔgbɔ me nuhiahiã me’ eye wokpɔa dzidzɔ hedina vevie be ‘yewoase nusi gbɔgbɔ la gblɔ na hameawo.’—Mat. 5:3; Nyaɖ. 2:29.
2 Dzeƒedidi Ŋuti Mɔfiamewo: Míele Xɔbiagbalẽwo ɖom ɖe hame ɖesiaɖe. Ne miedi be takpekpedɔdzikpɔlawo nadi xɔ na mi la, ke taflatse mikpe Xɔbiagbalẽ ɖo miatsɔ na hamea ƒe agbalẽŋlɔla wòato eme, eye emegbe wòaɖoe ɖe takpekpe si miade. MIGAÐO Xɔbiagbalẽwo kple takpekpea ŋu lɛta bubuwo ɖe alɔdzedɔwɔƒea le Accra o.
3 Woana dzeƒe ame aɖewo ɖe amewo ƒe aƒeme. Takpekpea wɔɣi DZAA KOE woana xɔ siawo mí. Amesiwo wona dzeƒe siawoe la nakpɔ egbɔ be wo kple wo viwo wɔ nu le bubumɔ nu le woƒe aƒea tɔ ƒe aƒeme eye yewomanɔ nuwo me kam alo agblẽ aƒea tɔ ƒe nunɔamesiwo alo anɔ gegem ɖe teƒe siwo mele be woage ɖo le aƒea me o. Ne xɔtɔwo do go kuxi siawo tɔgbe la, ke woana takpekpea ƒe xɔdidɔwɔƒea dzi kpɔla nanya enumake, eye adzɔ dzi nɛ be yeakpe ɖe wo ŋu.
4 Le takpekpe siwo míewɔ va yi me la, takpekpevala geɖe meɖo Xɔbiagbalẽwo ɖa hafi va ɖo takpedua me o. Esia he kuxiwo vɛ na takpekpedɔdzikpɔlawo elabena eva hiã be woadi dzeƒe na vavala siawo le ɣeyiɣi kpui aɖe me. Ðoɖowɔwɔ le ɣeyiɣi kpui me alea ate ŋu agblẽ ga geɖe. Esia hea kuxiwo vɛ. Eyata vavala siwo katã di be takpekpedɔdzikpɔlawo nadi dzeƒe na yewo la nakpe Xɔbiagbalẽ ɖo eye woaɖoe ɖe takpekpedzikpɔƒea ɣeyiɣi didi aɖe do ŋgɔ. Suku kɔkɔ siwo me takpekpevalawo dze la dometɔ aɖewo bia ga gbogbo aɖe ɖe vavalawo ƒe teƒea tsitsi dɔ zã ɖesiaɖe ta. Eyata ehiã be míadzra ɖo ɖe fexexe ɖe dzeƒea ta ŋu, eɖanye sukuxɔ mee loo alo ame aɖe ƒe aƒemee míedze o.
5 Nuwɔwɔ Aduadu Fia be Míewɔna Ðe Habɔbɔa ƒe Mɔfiamewo Dzi: Ele be nya sia nanye nusiwo ŋu míabu vevie dometɔ ɖeka. Hebritɔwo 13:17 gblɔ be: “Miɖo to mia nunɔlawo, eye midze wo yome; elabena wole mia luʋɔwo ŋu dzɔm abe amesiwo lana akɔnta le wo ŋuti ene, bene woawɔ esia kple dzidzɔ, eye menye kple tseɖuɖu o; elabena esia menye viɖe aɖeke na mi o.” Ŋkeke eve alo etɔ̃ le ƒea me koe wohiãa míaƒe asikpekpeɖeŋu le nya sia me. Ne míaƒe nudidiwo to vovo hã la, kpɔɖeŋu nyui si míaɖo, si mía nɔviwo kpɔna la wɔnɛ be lɔlɔ̃, ɖekawɔwɔ, kple kpekpeɖeŋu nana ame nɔewo nɔa anyi. (Kpɔ Korintotɔwo I, 16:16; Filipitɔwo 2:1-4.) Mɔfiame siawo dzi wɔwɔ naa mɔnukpɔkpɔ mí be míaɖe lɔlɔ̃ si le mía si na mía nɔvi Kristotɔwo afia eye be míaƒo asa na “tɔnye ko nenyo” ƒe nɔnɔme si xɔ aƒe ɖe xexeame egbea ɖeɖefia.—Kor. I, 10:24.
6 Beléle na Amesiwo Ŋu Hiahiã Tɔxɛwo Le: Ƒometɔwo, hamemegãwo, kple hamea me tɔ bubu siwo nya nu tso ame tsitsiwo, dɔnɔwo, ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔlawo, alo ame bubu siwo ŋu hiahiã tɔxɛ le ƒe nɔnɔmewo ŋu ate ŋu akpe ɖe wo ŋu woade takpekpea atsɔ aɖe woƒe ɖetsɔleme kple belélename si tso lɔlɔ̃ me afia. (Tsɔe sɔ kple Timoteo I, 5:4.) Gbeƒãɖela siwo le tenɔnɔ nyui me, kple amesiwo ƒe viwo nɔa agbe nyui, siwo dzi Hamea ƒe Subɔsubɔ Kɔmiti da asi ɖo koe wowɔ ɖoɖo sia na. Hafi nàkpe Xɔbiagbalẽ ɖo la, xlẽ nyatakaka si le agbalẽa te nyuie. Mizã takpekpewɔƒea ƒe adrɛs si dze le emedegbalẽvi sia ƒe axa 6 lia, miatsɔ aɖo agbalẽ siawo ɖe Xɔdidɔwɔƒea kaba alesi miate ŋui.
7 Xɔdidɔwɔƒea adze agbagba adi xɔ siwo sɔ na gbeƒãɖela siwo ŋu hiahiã tɔxɛwo le ne hamea me tɔwo mate ŋu akpe ɖe wo ŋu o. Gbeƒãɖela siawo ate ŋu aɖo dze tso woƒe nɔnɔmea ŋu na hamea ƒe agbalẽŋlɔla eye eya hã adzro eme kple Hamea ƒe Subɔsubɔ Kɔmitia me tɔ susɔeawo be woakpɔe ɖa be hamea ate ŋu akpe ɖe amesiawo ŋu be woakpɔ woawo ŋutɔ ƒe xɔnyawo gbɔ hã. Ne hamea mate ŋu ana kpekpeɖeŋu si hiã o la, ke amesi le xɔa biam la nakpe Xɔbiagbalẽa ɖo atrɔe na agbalẽŋlɔla la be wòalé ŋku ɖe eŋu kpɔ be wokpee ɖo vɔ keŋkeŋ wòde pɛpɛpɛ, eye wòakpɔe ɖa be nɔnɔme si me amea le na wòdze axɔ kpekpeɖeŋu sia hã. Agbalẽŋlɔla la NAÐE nɔnɔme si me ameawo le ME TSITOTSITO ɖe lɛta me. Ele be woawɔ nusiawo katã ɣeyiɣi didi aɖe do ŋgɔ na takpekpea. Ne subɔsubɔ kɔmitia lé ŋku ɖe nusiawo ŋu be wode vɔ la, ke agbalẽŋlɔlaa aɖoe ɖe Xɔdidɔwɔƒea. Woaŋlɔ lɛta na xɔbiala la tẽ atsɔ agblɔ dzeƒeŋunyawo nɛ.
8 Hamea ƒe Subɔsubɔ Kɔmitia me tɔ aɖe alo hamemegã bubu nakpe ɖe amesiwo ŋu hiahiã tɔxɛ le ŋu woava bia xɔ si wona wo le Xɔdidɔwɔƒea ne wonya ɖo takpekpea wɔƒe teti ko.
9 Takpekpe Bubu Dede: Wotia takpekpe si tsɔ ɖe hame ɖesiaɖe gbɔ na wo be woayi. Ne woawɔ takpekpe eve le gbegbɔgblɔ ɖeka me le dugã aɖe me la, nɔvi aɖewo adi be yewoade evea siaa. Togbɔ be esia ana dzidedeƒo na ame nɔewo ƒe mɔnukpɔkpɔ geɖe wu nasu ame si hã la, enaa takpekpe me nuzazãwo medea vavalawo nu o eye wògblẽa agbagba si dzem wole be takpekpea megalolo akpa o me. Eyata míele biabiam tso nɔvi siwo le du si me woawɔ takpekpe le si be woayi du ma me takpekpe si wotia na wo la ko. Ne wodi be yewoagayi takpekpe bubu le du bubu me la, asɔ na mí nenema. Mɔɖeɖe li na nɔvi siwo wode takpekpe me dɔ kpata aɖewo asi na si wɔe be nuƒoawo ƒe akpa aɖewo to wo ŋu la be woate ŋu agayi takpekpe bubu le dugã ma ke me. Eye ne nɔvi aɖewo adi be yewoayi takpekpe le dugã la me si menye eyae wotia na woƒe hamea o le gbemasemase ta la, mɔɖeɖe le eya hã ŋu.
10 Le kɔƒenutome hame aɖewo me la, nanewo abe gbegbɔgblɔ, takpedua ƒe didiƒenɔnɔ, kple ʋu ƒe anyimanɔmanɔ awɔe be wòasɔ na wo wu be woayi takpekpe si mele nuto si wotia na wo la me o. Hame siwo le nɔnɔme sia me ate ŋu atia esi woayi faa. Gake hame siwo ɖoe be yewoayi takpekpe si menye eyae wotia na wo o la nana woƒe nutome sue dzikpɔla nanya do ŋgɔ ale be magada wo sasrãkpɔ ɖe kwasiɖa ma dzi o. Ne hamea ayi takpekpe si wotia na wo alo bubu ye woayi o, ele be nɔvi siwo le ʋu ƒe ɖoɖowo dzi kpɔm la nakpɔ egbɔ be ʋu ɖesiaɖe si yewoada la nye ʋu nyui eye afɔku manɔ eɖoɖo me o.
11 Bolgatanga Takpekpe: Míawɔ “Mawu ƒe Nya Dzi Wɔlawo” Nutome Gã Takpekpe le Bolgatanga tso January 5 vaseɖe 7, 2001, le Twigbe kple Frafragbe me. Míele dzi dem ƒo na Anyiehenutome nɔvi siwo katã ate ŋui be woayi takpekpe sia. Ðewohĩ Habɔbɔa awɔ ʋu ƒe ɖoɖo tɔxɛwo ɖe mɔzɔzɔa ŋu le ƒe sia me. Míele dzi dem ƒo na amesiwo katã wɔ ɖoɖo be yewoayi be woaɖi vomeɖase eye woawɔ tso aƒeme yi aƒeme dɔa hã le woƒe Bolgatanga nɔɣia. Míele biabiam tso amesiwo katã wòdzɔ dzi na si be woadze takpekpe sia ƒe dzadzraɖowo wɔwɔ gɔme.
12 Wɔ Ðoɖo Nàde Ŋkeke Etɔ̃awo Katã: Ðe Satana te kpɔ be yeahe wò susu ɖa le gbɔgbɔmenuwo ŋua? Nublanuitɔe la, gbɔgbɔmenuɖuɖu veviwo le nɔviŋutsu geɖe kple woƒe ƒomewo ŋu tom. Le mɔ ka nu? Le esime womedea takpekpe gãwo le Fiɖagbewo o ta.
13 Ðewohĩ nɔvi aɖewo le vɔvɔ̃m na mɔbiabia le woƒe dɔtɔwo gbɔ na takpekpea dede. Esiae nye wò kuxia? Nukatae màdo gbe ɖa tso nya la ŋu na Yehowa eye nàlé dzi ɖe ƒo ate ɖe wò dɔtɔ ŋu aɖe wò nɔnɔmea me nɛ o? Ðo ŋku nu nyui si do tso eme na Nexemya, amesi nɔ nɔnɔme ma ƒomevi me dzi. (Nex. 2:1-6) Ka ɖe edzi be mía Fofo si le dziƒo lɔ̃ faa be yeakpe ɖe ŋuwò, esi nènya be ne yetsɔ Fiaɖuƒenuwo ɖo nɔƒe gbãtɔ la, akpɔ wò agbemenuhiahiãwo gbɔ.—Mat. 6:32b, 33.
14 Dɔwɔwɔ Do Ŋgɔ na Takpekpea: Míekpɔ ŋudzedze geɖe ɖe kpekpeɖeŋu si miena le go sia me le ƒe siwo va yi me ŋu. Abe alesi mienyae ene la, agbadɔtutu, xɔdidi, kple dɔ bubuwo aganɔ anyi. Míeka ɖe edzi be takpedua me tɔwo katã kple hame siwo tsɔ ɖe wo gbɔ awɔ ɖoɖo akpɔ gome bliboe le dɔ vevi sia wɔwɔ me le kwasiɖanuwuwuwo kple dɔmedegbewo. Ne ame geɖe alesinu ate ŋui awɔ ɖoɖo ava le ŋkeke mamlɛa alo ŋkeke eve do ŋgɔ na takpekpe ɖesiaɖe ƒe gɔmedzedze dzi be woawu nusianu nu la, ade mía dzi ŋutɔ. Esi wònye lɔlɔ̃nu faa nudzɔdzɔwoe wozãna ɖe takpekpewo ŋuti dzadzraɖodɔ kple wo wɔwɔ ŋu ta la, ne míeyi ɖawɔ dɔ do ŋgɔ na takpekpe la, mele be míakpɔ mɔ be takpekpedɔdzikpɔlawo ana nuɖuɖu mí femaxee o. Lɔlɔ̃nu faa dɔwɔlawo ƒe kpekpeɖeŋu geɖe hiã le takpekpea wɔɣiwo hã, eyata miwɔ ɖoɖo mia kple miaƒe ƒomea miakpɔ gome le eme le takpekpe si miayi la me.
15 Nuɖuɖunyawo: Miɖo ŋku edzi be nuɖuɖu ƒe ɖoɖo aɖeke manɔ anyi le takpekpeawo me o. Tsi fafɛ hã manɔ anyi o. Eyata mitsɔ nuɖuɖu kple tsinono ɖe asi tso aƒeme ava ɖu le ŋdɔ me ɖiɖiɖemeɣia. Ana amesiame ƒe susu nanɔ gbɔgbɔmenuwo ŋu nyuie wu. Mina míaɖɔ ŋu ɖo le afisiafi si míanɔ aɖu nu le le ɖiɖiɖemeɣia bene míagagblẽ zikpuiawo dzi alo agblẽ gbeɖuɖɔ ɖe teƒea o.
16 Takpekpea ƒe Akɔtagbalẽvi Kple Woƒe Aŋekotokuwo: Tso September ƒe gɔmedzedze la, woatsɔ nutome gã takpekpea ƒe Eŋlisigbe me akɔtagbalẽviawo akpe ɖe agbalẽnudɔdɔwo ŋu aɖo ɖa. Mehiã be miadɔe o. Woanɔ te ɖe hame ɖesiaɖe ƒe lolome dzi aɖo akɔtagbalẽviawo ɖa le ƒuƒoƒo siwo me 25 le nu. Ne hamea gale bubuwo dim kpee la, ke woazã “Literature Order Form” (S-14) atsɔ adɔe. Taflatse mide dzesii be womaɖo aŋekotokuawo ɖa ne womedɔe o. Mizã Literature Request Form (S-14) tsɔ dɔe ne wòhiã be miadɔe na ame aɖe si hiã nɛ le hamea me. Miɖo ŋku edzi be akɔtagbalẽviawo kple woƒe aŋekotokuwo manɔ takpekpeawo me o.
17 Nyaléle ɖe Kasɛt alo Videoɖemɔ̃ Dzi: Amesiwo katã alé nya ɖi be yewoava se emegbe nawɔe le mɔ si maɖe fu na ame bubu siwo va alo ahe woƒe susu o nu. Vevietɔ mele be woatsi kawo ɖe elektrik kple nuƒomɔ̃ kawo ŋu o. Míakpɔ ŋudzedze ɖe alesi miawɔ ɖe nya sia dzi ŋu ŋutɔ.
18 Ŋusẽ Kae Míaƒe Takpekpeawo Kpɔna Ðe Dziwò? Nɔvinyɔnu aɖe si tso United States ƒe ɣedzeƒe ŋlɔe be: “Akpe na mi kakaka ɖe ƒe 1999 nutome gã takpekpea ta. Hadede kple nɔvi siwo medoa goe zi ɖeka ƒe ɖeka hea dzidzɔ geɖe vɛ nam. Meke ɖe nyateƒea ŋu esi menye ƒewuivi funɔ, eye dzi gadzɔam ŋutɔ ne meɖo ŋku ɣeyiɣi si me amesi srɔ̃a Biblia kplim kplɔm yi takpekpe gbãtɔ si mede kpɔ la dzi. Mefɔ kɔ dzi kpɔ dziŋgɔli ɖaa le lãmesẽfefewɔƒea esi míenɔ Fiaɖuƒeha si nye ‘Nɔvi Akpeakpewo,’ dzim eye mefa avi. Mebia ɖokuinye se be, ‘Nukae Yehowa atsɔm awɔ esi ame vavã gbogbo sia siwo ƒo xlãm la katã le esi?’ Metso nya me gbemagbe be masubɔ Yehowa bliboe.” Dzidzɔnya kae nye si! Ðe menye dzidzɔ nyateƒe be woade ha kple Yehowa ƒe ame dzadzɛwo oa?
19 Míaƒe nutome gã takpekpe siwo míewɔna ƒe sia ƒe le ŋkeke mamlɛ siawo me hiã mí fifia wu tsã. Enye mɔnuɖoɖo si tso Yehowa gbɔ be míatsɔ alé míaƒe gbɔgbɔmemenyenye ɖe te ahada asɔ. Eyata ɖoe kplikpaa nàde “Mawu ƒe Nya Dzi Wɔlawo” Nutome Gã Takpekpea ƒe ŋkeke etɔ̃awo katã. Aleke nàwɔ ate ŋu awɔ ɖe wò tameɖoɖo kplikpaa la dzi? Bia mɔ le wò dɔtɔ gbɔ do ŋgɔ be nàde takpekpea ƒe ŋkekeawo katã. Ne ganyawo mede dziwò o la, ke dze ga dzadzraɖo gɔme fifia be nàte ŋu ade takpekpea. Bia Yehowa be nekpe ɖe ye ŋu yeaɖu mɔxenu ɖesiaɖe si ado mo ɖa dzi. Ne èwɔ esia la, àte ŋu akpɔ mɔ na vivisese na mia kple nɔviwò ŋutsu kple nyɔnuwo ƒe hadede lédziname kple agbe mavɔ nyawo sese tso mía Fofo lɔlɔ̃tɔ Yehowa si le dziƒo gbɔ.—Tsɔe sɔ kple Yohanes 6:68.
[Aɖaka si le axa 3]
Takpekpea ƒe Ɣeyiɣiwo
Fiɖa kple Memleɖa
Ŋdi 9:30 – ɣetrɔ 5:00
Kwasiɖa
Ŋdi 9:30 – ɣetrɔ 4:00