Dzilawo—Mina Hehe Mia Viwo tso Vidzĩme
1 “Mlã ɖevi ɖe mɔ, si wòato la ŋu, ne eva tsi la, mate ɖa le edzi o.” (Lod. 22:6) Dzilawo, ne miedi be mia viwo ‘nate ɖa’ le nyateƒemɔa dzi o la, ɣekaɣie wòle be miadze hehenana wo gɔme? Tso vidzĩme!
2 Esi Paulo gblɔ be Timoteo ƒe gbɔgbɔmehehexɔxɔ dze egɔme “tso ɖevime” la, edze ƒã be vidzĩmee wòwɔnɛ. (Tim. II, 3:14, 15) Nusi do tso eme enye be Timoteo tsi va zu gbɔgbɔmeme nyui aɖe. (Fil. 2:19-22) Dzilawo, miawo hã midze egɔme “tso ɖevime,” miana hehe si mia viwo hiã la wo, bene ‘woatsi le Yehowa gbɔ.’—Sam. I, 2:21.
3 Mina Tsi si Wohiã be Woatsi la Wo: Abe alesi ati fẽwo hiã tsi ɣesiaɣi bene woatsi azu ati gãwo ene la, nenema ke ɖevi siwo xɔ ƒe ɖesiaɖe hiã Biblia me nyateƒea ƒe tsi si asu wo nyuie bene woatsi ava zu mawusubɔla likewo. Mɔ vevitɔ si dzi woato afia nyateƒea ɖeviwo eye woakpe ɖe wo ŋu be woanɔ kadodo kplikplikpli me kple Yehowa enye to ƒome Biblia nusɔsrɔ̃ wɔwɔ ɣesiaɣi dzi. Gake dzilawo, mibu ɖeviawo dometɔ ɖesiaɖe ƒe nugɔmeseseŋutete ŋu. Le ɖevi suewo gome la, ɖewohĩ nusɔsrɔ̃ kpuikpui siwo woanɔ wɔwɔm kabakaba, aɖe vi wu ʋɛ aɖewo siwo woawɔ wòadidi.—Mose V, 11:18, 19.
4 Migabu mia viwo ƒe nusɔsrɔ̃ŋutete nu tsɛe gbeɖe o. Migblɔ Biblia me mewo ƒe ŋutinyawo na wo. Mina woata Biblia me nudzɔdzɔwo alo woawɔ Biblia me ŋutinyawo ƒe fefewo. Miwɔ míaƒe kasɛtwo, videokasɛtwo, kple Biblia me dramawo ŋudɔ nyuie. Mitrɔ asi le ƒomenusɔsrɔ̃a ŋu wòasɔ ɖe ɖeviawo ƒe ƒexɔxɔ kple woƒe nugɔmeseseŋutetewo nu. Hehenana tso gɔmedzedzea nanɔ bɔbɔe, wòanɔ kpuie; gake ne ɖeviawo le tsitsim la, hehexɔxɔa nanɔ ta kekem ɖe edzi eye wòanɔ ŋgɔ yim. Miwɔ Biblia nufiafia wòavivi eye wòanɔ nɔnɔme vovovo me. Miedi be Nya la ‘nadzro mia viwo vevie,’ eyata miwɔ nusɔsrɔ̃a wòavivi alesi miate ŋui.—Pet. I, 2:2.
5 Mina Woawɔ Akpa Aɖe le Hamea Me: Miɖo taɖodzinuwo na mia viwo bene woanɔ ŋgɔyiyi wɔm le hamea me bliboe. Nukae ate ŋu anye woƒe taɖodzinu gbãtɔ? Ðevi eve aɖewo dzilawo gblɔ be: “Woƒe hehexɔxɔa dze egɔme kple alesi woanɔ anyi kpoo le Fiaɖuƒe Akpataa me.” Eyome mikpe ɖe ɖeviawo ŋu be woaɖo nya ŋu le kpekpeawo me le woa ŋutɔwo ƒe nyawo me eye wòanye woƒe taɖodzinu be woaŋlɔ ŋkɔ ɖe Teokrasi Subɔsubɔ Sukua me. Le gbeadzisubɔsubɔdɔa me la, taɖodzinu nyui siwo gbɔ woate ŋu aɖo anye be woana trakt amewo, woaxlẽ ŋɔŋlɔ aɖe, ana magazine, eye be woaɖo dze kple aƒemenɔlawo.
6 Miɖo Kpɔɖeŋu Nyui Ði na Wo: Ðe mia viwo senɛ mieƒoa nu tso Yehowa ŋu hedoa gbe ɖa nɛa? Ðe wokpɔnɛ miesrɔ̃a eƒe Nya la, miedea kpekpeawo, miekpɔa gome le gbeadzisubɔsubɔdɔa me, eye be miekpɔ dzidzɔ ɖe Mawu ƒe lɔlɔ̃nu wɔwɔ ŋu ɣesiaɣia? (Ps. 40:9) Ele vevie be woakpɔ nusiawo, eye be miawɔ wo ɖekae. Nyɔnuvi tsitsi aɖe gblɔ le dadaa si nyi vi ade wova zu Ðasefo wɔnuteƒewo ŋu be: “Nusi wɔ dɔ ɖe mía dzi vevie wu enye kpɔɖeŋu nyui si Dada ŋutɔ ɖo—esia kpɔ ŋusẽ ɖe mía dzi wu nyagbɔgblɔwo.” Dzila aɖe si si vi ene le gblɔ be: “‘Yehowa naxɔ nɔƒe gbãtɔ’ menye nyagbɔgblɔ dzro aɖe ko o, ke boŋ alesi míenɔa agbee hã ɖee fia nenema.”
7 Dzilawo, midze mia viwo hehe gɔme kaba, miafia wo nyateƒe si le Mawu ƒe Nya la me, miaɖo taɖodzinuwo na wo si ana woayi ŋgɔ, eye mianɔ kpɔɖeŋu nyuitɔ kekeake ɖom na wo. Ahe dzidzɔ vɛ na mi godoo ne miewɔe nenema!