INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • km 1/11 axa 7
  • Na Hehe Viwò Be Wòazu Gbeƒãɖela

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Na Hehe Viwò Be Wòazu Gbeƒãɖela
  • Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2011
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Alesi Woatu Ƒome Ðo Be Wòasẽ Ŋu Le Gbɔgbɔ Me
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2001
  • Dzilawo—Mina Hehe Mia Viwo tso Vidzĩme
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2002
  • Taɖodzinu Kawoe Nèɖo na Viwòwo?
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1995
  • Dzilawo—Mina Hehe Mia Viwo Be Woalɔ̃ Yehowa
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2019
Kpɔ Bubuwo
Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2011
km 1/11 axa 7

Na Hehe Viwò Be Wòazu Gbeƒãɖela

1. Nu kae Psalmo 148:12, 13 bia tso dzila Kristotɔwo si?

1 Yehowa kpe ɖeviwo be woakafu ye. (Ps. 148:12, 13) Eya ta menye Biblia me nyateƒea kple Mawu ƒe agbe nyui nɔnɔ ƒe dzidzenuwo koe dzila Kristotɔwo fiaa wo viwo o. Ke wonaa hehe wo hã be woazu nya nyui gbeƒãɖelawo. Aleke woate ŋu anɔ esia wɔm vivivi?

2. Aleke dzilawo ƒe kpɔɖeŋu nyui ɖoɖo akpɔ ŋusẽ ɖe wo viwo dzi?

2 Ðo Kpɔɖeŋu Nyui: Ʋɔnudrɔ̃la Gideon gblɔ na eƒe ame 300 la be: ‘Mikpɔ nu si mawɔ, eye miawo hã miawɔe.’ (Ʋɔn. 7:17) Le dzɔdzɔme nu la, ɖeviwo léa ŋku ɖe wo dzilawo ŋu hesrɔ̃a woƒe kpɔɖeŋu. Vifofo aɖe wɔa zãdɔ, gake le esi wòamlɔ anyi ne egbɔ Memleɖa ŋdiwo teƒe la, ekplɔa viawo yia gbeadzi, togbɔ be ɖeɖi tea eŋu ale gbegbe hã. Ele viawo fiam be gbeadzisubɔsubɔdɔa ye nye nu vevitɔ, togbɔ be meke nu gblɔe o hã. (Mat. 6:33) Ðe viwòwo kpɔnɛ be èkpɔa gome le tadedeagu ƒe akpa vovovowo abe, gbedodoɖa, Biblia xexlẽ, nyaŋuɖoɖo, kple gbeƒãɖeɖedɔa ene me dzidzɔtɔe? Nyateƒee, màte ŋu aɖo kpɔɖeŋu deblibo ɖi le go siawo me o. Ke hã, ava nɔ bɔbɔe na viwòwo be woawɔ ɖe mɔfiame si nèle agbagba dzem be yeana wo be woasubɔ Yehowa la dzi geɖe wu ne wokpɔe be èkua kutri le Yehowa subɔsubɔ me.—5 Mose 6:6, 7; Rom. 2:21, 22.

3. Gbɔgbɔmetaɖodzinu kawo wòle be dzilawo nakpe ɖe wo viwo ŋu woaɖo na wo ɖokui eye woaɖo wo gbɔ vivivi?

3 Taɖodzinu Siwo Gbɔ Woanɔ Ðoɖom Vivivi: Dzilawo kpena ɖe wo viwo ŋu kutrikukutɔe be woazɔ azɔli, woasrɔ̃ nuƒoƒo, woawo ŋutɔwo nado awu, kple bubuawo. Ne ɖeviwo le tsitsim eye woɖo taɖodzinu tɔxɛ aɖewo gbɔ la, wogaɖoa taɖodzinu bubuwo na wo. Ne Kristotɔwoe dzilawo nye la, wokpena ɖe wo viwo ŋu be woaɖo gbɔgbɔmetaɖodzinuwo hã le woƒe ƒexɔxɔ nu, eye woaɖo wo gbɔ. (1 Kor. 9:26) Ðe nèle viwòwo fiam be woaɖo nya ŋu le woawo ŋutɔwo ƒe nyagbewo me, eye woawo ŋutɔwo nadzra dɔdeasi siwo woxɔ le Teokrasi Subɔsubɔ Sukua me la ɖoa? (Ps. 35:18) Ðe nèle hehe nam wo be woate ŋu akpɔ gome le gbeadzisubɔsubɔdɔa ƒe akpa vovovowo mea? Ðe nèle kpekpem ɖe wo ŋu be woaɖo nyɔnyrɔxɔxɔ kple ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔ ƒe taɖodzinua? Èkpena ɖe wo ŋu wodea ha kple nya nyui gblɔla kpɔdzidzɔ siwo me dzo le, siwo ade dzi ƒo na wo la?—Lod. 13:20.

4. Aleke wòɖea vi na ɖeviwo ne wo dzilawo dze hehenana wo be woazu gbeƒãɖelawo tso esime wonye ɖevi suewo ko?

4 Hakpalaa gblɔ be: ‘Mawu, èfia num tso nye ɖevime ke, eye meɖe gbeƒã wò nukunuwo va se ɖe fifi.’ (Ps. 71:17) Dze viwòwo hehe gɔme esime wonye ɖevi suewo ko be woava zu gbeƒãɖelawo. Gbɔgbɔmegɔmeɖoanyi si nèkpe ɖe wo ŋu woɖo anyi la aɖe vi na wo godoo ne wova tsi!—Lod. 22:6.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe