INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • km 2/02 axa 8
  • Nukata Míayi Edzi Anɔ Gbeƒã Ðem?

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Nukata Míayi Edzi Anɔ Gbeƒã Ðem?
  • Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2002
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • “Miheyi Ðawɔ Dukɔwo Katã Me Tɔwo Woanye Nusrɔ̃lawo”
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2016
  • “Nàgblɔ Nya Sia Na Wo”
    Mawu Le Nu Ƒom Na Mí To Yeremiya Dzi
  • Nu Si Tae Míetrɔna Yina Enuenu Ðo
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2007
  • Yi Edzi Nànɔ Ŋudzɔ Abe Yeremiya Ene
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2011
Kpɔ Bubuwo
Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2002
km 2/02 axa 8

Nukata Míayi Edzi Anɔ Gbeƒã Ðem?

1 Ðe wole gbeƒã ɖem le miaƒe nutoa me ɣeyiɣi didi aɖee nye sia? (Mat. 24:14) Ne nenemae la, ke ɖewohĩ àse le ɖokuiwò me be wokpe hamea ƒe anyigbamama ɖo nyuie. Ate ŋu adzɔ be ne èle gbeƒã ɖem fifia la, ewɔ abe ame geɖe metsɔa ɖeke le Fiaɖuƒegbedasia me o ene. Togbɔ be ele alea hã la, se nya si wogblɔ tso Yesu ƒe nusrɔ̃la vavãwo ŋu le Yesaya ƒe Nyagblɔɖi II ƒe agbalẽa ƒe axa 141 ɖa: “Le teƒe aɖewo la, adze abe ɖe woƒe subɔsubɔdɔa meɖea vi aɖeke o ene ne wotsɔe sɔ kple dɔ agbɔsɔsɔme si wowɔ kpakple agbagba siwo wodze. Ke hã . . . wodoa dzi.” Gake nukatae wòle be míayi edzi anɔ gbeƒã ɖem?

2 Ðo Ŋku Yeremya Dzi: Mele be míaƒe dzidodo nuteƒewɔwɔtɔe le gbeƒãɖeɖedɔa me nanɔ te ɖe amewo ƒe toɖoɖo alo woƒe tomaɖomaɖo dzi o. Yeremya ɖe gbeƒã le anyigbamama ɖeka me ƒe 40 sɔŋ togbɔ be ame ʋɛ aɖewo koe ɖo toe eye geɖe tsi tre ɖe eƒe gbedasia ŋu hã. Nukatae Yeremya ku kutri? Elabena enɔ dɔ si Mawu de esi wɔm eye nusi wònya be ele ŋgɔ gbɔna dzɔdzɔ ge hã ʋãe be wòyi edzi nɔ nu ƒom tso eŋu.—Yer. 1:17; 20:9.

3 Nenemae míaƒe nɔnɔmea hã le. Yesu “[de] se na mí be, míaɖe gbeƒã afia dukɔ la, eye míaɖi ɖase bena, eyae nye amesi Mawu ɖo, be wòanye ʋɔnudrɔ̃la ɖe agbagbeawo kple kukuawo dzi.” (Dɔw. 10:42) Gbedasi si gblɔm míele la nye agbe kple ku ƒe nya na amesiwo asee. Nɔnɔme si amewo ɖe fia ɖe nyanyuia ŋu dzie woanɔ te ɖo adrɔ̃ ʋɔnu wo. Esi wòle alea ta la, míaƒe agbanɔamedzie wònye be míawɔ nusi ƒe se wode na mí la pɛpɛpɛ. Ne amewo meɖo to mí o hã la, enye mɔnukpɔkpɔ na mí be míaɖe lɔlɔ̃ deto si le mía si na wo kpakple alesi gbegbe míetsɔ mía ɖokui ke Yehowae afia to kutrikuku le nusi wòle be míawɔ la wɔwɔ me. Gake metɔ ɖe afima o.

4 Ele Vi Ðem na Mí: Aleke kee amewo ƒe nɔnɔme le le anyigbamamaa me o, Mawu ƒe lɔlɔ̃nu wɔwɔ naa dziɖeɖi, dzidzeme, kple dzidzɔkpɔkpɔ, si míate ŋu akpɔ to mɔ bubu ɖeke dzi o la mí. (Ps. 40:9) Gɔmesese kple tameɖoɖo vavã va le míaƒe agbe ŋu. Zi alesi míekpɔa gome le subɔsubɔdɔa me la, zi nenemae míaƒe dzi kple susu nɔa Mawu ƒe xexeme yeyea me nɔnɔ ƒe mɔkpɔkpɔ kple dzidzɔ si míakpɔ le emee la dzi. Ŋugbledede le Ŋɔŋlɔawo me ŋugbedodo siawo ŋu doa míaƒe gbɔgbɔmemenyenye ɖe ŋgɔ eye wòdoa ŋusẽ ƒomedodo si le mía kple Yehowa dome.

5 Ne míekpɔ míaƒe gbeƒãɖeɖedɔa me tsonuwo enumake o hã la, ate ŋu adzɔ be míeƒã nyateƒea ƒe ku ɖe amea ƒe dzi me si amie le Yehowa ƒe ɣeyiɣi ɖoɖi dzi. (Yoh. 6:44; Kor. I, 3:6) Mía dometɔ aɖeke menya ame xexlẽme si agava srɔ̃ nu tso Fiaɖuƒea ŋu to Yehowa ƒe amewo ƒe agbagbadzedze dzi le míaƒe nutoa me loo alo le xexeame katã o.

6 Fifiae nye ɣeyiɣi si me míatsɔ hiahiã kpata awɔ ɖe Yesu ƒe mɔfiame sia dzi: “Mikpɔ nyuie, eye minɔ ŋudzɔ; elabena mienya ɣekaɣi azãgbe la le edzi su ge o. Ke nusi gblɔm mele na mi la, mele egblɔm na amewo katã bena: Minɔ ŋudzɔ!” (Mar. 13:33, 37) Eyata mina mí katã míayi edzi anɔ gbeƒã ɖem Fiaɖuƒe nyanyuia, eye míana Yehowa ƒe dzi nakpɔ dzidzɔ esime míele gome kpɔm le eƒe ŋkɔ gã kɔkɔea ŋu kɔkɔ me.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe