Nu Si Tae Míetrɔna Yina Enuenu Ðo
1. Nyabiase kae fɔ ɖe te ku ɖe míaƒe gbeƒãɖeɖedɔa ŋu?
1 Le teƒe geɖewo la, míekpea míaƒe anyigbamamawo ɖo edziedzi. Míeyia edzi nɔa aƒe mawo ke me yim enuenu, togbɔ be ɖewohĩ aƒemenɔla gblɔ be yemedi be yease o hã. Nu ka tae míeyia edzi trɔna yia ame siwo meɖo to mí nyuie tsã o la gbɔ?
2. Susu vevi ka tae míekua kutri le subɔsubɔdɔa me ɖo?
2 Lɔlɔ̃ Na Yehowa Kple Amewo: Susu vevitɔ si tae míekua kutri le subɔsubɔdɔa mee nye lɔlɔ̃ si le mía si na Yehowa. Míaƒe dzi ʋãa mí míeyia edzi ƒoa nu tso mía Mawu gã la ŋu na amewo. (Luka 6:45) Lɔlɔ̃ si le mía si na Yehowa ʋãa mí míewɔa eƒe sededewo dzi, eye míedea dzi ƒo na ame bubuwo be woawo hã woawɔe nenema ke. (Lod. 27:11; Yoh. I, 5:3) Míaƒe dzidodo nuteƒewɔwɔtɔe le dɔ sia me menɔ te ɖe ale si amewo xɔa nya lae dzi o. Esime wonɔ ƒe alafa gbãtɔ me Kristotɔwo yome tim gɔ̃ hã la, “womedzudzɔ” gbeƒãɖeɖe o. (Dɔw. 5:42) Ne amewo gbe nya la sese la, le esi míaɖe mɔ esia naɖe dzi le mía ƒo teƒe la, míeyia edzi nɔa te sesĩe tsɔ ɖea ale si míaƒe lɔlɔ̃ na Yehowa kple míaƒe mawusosroɖa de toe fiana.
3. Aleke lɔlɔ̃ si le mía si na amewo la aʋã mí be míayi gbeƒãɖeɖedɔa dzi?
3 Susu bubu si ta hãe míekua kutri le dɔa me ɖoe nye lɔlɔ̃ si le mía si na mía haviwo. (Luka 10:27) Yehowa medi be ame aɖeke natsrɔ̃ o. (Pet. II, 3:9) Le anyigbamama siwo me míewɔa dɔ le edziedzi gɔ̃ hã me la, míegale kekem ɖe ame siwo dina be yewoasubɔ Yehowa la ŋu. Le kpɔɖeŋu me, le Guadeloupe, afi si ame 1 le ame 56 ɖe sia ɖe dome nye Yehowa Ðasefo le la, ame 214 xɔ nyɔnyrɔ le ƒe si va yi me. Ame siwo ade 20,000 kloe de Ŋkuɖodzia, si nye ame 1 le ame 22 ɖe sia ɖe si le Guadeloupe la dome!
4. Mɔ kawo nue nɔnɔmewo trɔna le anyigbamamawo me le?
4 Tɔtrɔwo Vana Le Anyigbamama Me: Nɔnɔmewo yi edzi le tɔtrɔm le míaƒe anyigbamamaa me. Ate ŋu adzɔ be ɣeyiɣi si me míagbugbɔ ayi aƒe aɖe si me womeɖo to mí le o me la, ƒomea me tɔ bubu aɖe—si ɖewohĩ mese míaƒe gbedeasia kpɔ o la—ava ʋu ʋɔa eye wòaɖo to mí. Alo míate ŋu ake ɖe aƒemenɔla yeye siwo tsɔ ɖe le nya la me la ŋu. Ðevi siwo dzilawo tsi tsitre ɖe nyateƒea ŋu la tsina heʋuna le aƒe me. Ame siawo ate ŋu alɔ̃ faa be yewoaɖo to Fiaɖuƒegbedeasia.
5. Nu kae ate ŋu aʋã amewo be woava di vevie be yewoaɖo to nya nyuia?
5 Amewo hã ƒe nɔnɔme le tɔtrɔm. Apostolo Paulo nye “busunyagblɔla kple yometila kpakple vlodola” ɣeaɖeɣi kpɔ. (Tim. I, 1:13) Nenema kee ame geɖe siwo le Yehowa subɔm egbea nye ame siwo medina tsã be yewoase nyateƒea ŋu nya o. Wo dometɔ aɖewo gɔ̃ hã anya tsi tsitre ɖe nya nyuia ŋu ɣeaɖeɣi kpɔ. Ale si xexea me ƒe nɔnɔmewo le tɔtrɔm ate ŋu aʋã ame siwo tsia tsitre ɖe nya nyuia ŋu alo metsɔa ɖeke le eme o dometɔ aɖewo be woaɖo to. Wo dometɔ aɖewo la, ne afɔku aɖe dzɔ ɖe wo dzi vɔ megbe la, woate ŋu adi vevie be yewoase nya la; afɔku siawo ate ŋu anye woƒe ƒometɔ aɖe ƒe ku, dɔgeleamesi, gakuxiwo, alo lãmesẽkuxiwo.
6. Nu ka tae wòle be míayi edzi anɔ gbeƒã ɖem kple dzonɔameme?
6 Nuɖoanyi sia ƒe nuwuwu le aƒe tum, gake míaƒe gbeƒãɖeɖe kple nufiafia dɔa le ŋgɔ yim afɔ tsɔtsɔe. (Yes. 60:22) Eya ta míeyi edzi le gbeƒã ɖem dzonɔamemetɔe, eye míedzea agbagba be nukpɔsusu nyui nakpɔtɔ anɔ mía si ku ɖe dɔa ŋu. Ðewohĩ ame bubu si míaƒo nu na la aɖo to mí. Ehiã be míayi edzi anɔ nya la gbɔgblɔ dzi! ‘Ne míewɔ esia la, míaxɔ mía ɖokui kple ame siwo ɖoa to mí la, ɖe agbe.’—Tim. I, 4:16.