‘Nunana Siwo Nye Amewo’ Tsɔa Didi Vevie Kplɔa Mawu ƒe Alẽha La
1 Ðoɖo si me lɔlɔ̃ le ka gbegbee nye esi Yehowa wɔ to Via dzi be wòna ‘nunana siwo nye amewo’ la mí! (Ef. 4:8, 11, 12) Agbanɔamedzi geɖe le wo dzi, si ƒe ɖee nye ɖetsɔleme kple didi vevie tsɔtsɔ akplɔ Mawu ƒe alẽha lae. (Pet. I, 5:2, 3) Ðoɖo sia si hiã mí vevie la ɖea vi na mí katã. Ne amewo le go dom kuxiwo, wonye ame yeye siwo dze hadede gɔme kpli mí, wonye amesiwo ŋu gbɔdzɔgbɔdzɔ aɖe le, alo wotra mɔ la, ŋutsu siawo tsɔa ɖe le amewo katã ƒe gbɔgbɔ me dedienɔnɔ me vevie.—Fil. 2:4; Tes. I, 5:12-14.
2 Ne xexeame ƒe nudzɔdzɔ ɖefunamewo he dzimaɖitsitsi vɛ la, alẽkplɔlatevi siawo nyea “sitsoƒe tso ya nu, bebeƒe tso tsidzadza nu.” Ne ɖeɖi le mía ŋu tem alo agba le mía wum eye míele akɔfafa dim la, wonaa gbɔɖeme mí, abe “tɔʋu le gbegbe” alo abe “agakpe gã nyadri ƒe vɔvɔli le kuɖiɖinyigba dzi ene.”—Yes. 32:2.
3 Dzidede Ƒo na Amesiwo Gbɔdzɔ: Hamemegãwo le agbagba dzem etɔxɛe be yewoade dzi ƒo na amesiwo megadea gbeadzi edziedzi o, alo gbɔdzɔ la, eye wole kpekpem ɖe wo ŋu be woagaƒo wo ɖokui ɖe hamea ƒe dɔwɔnawo katã me dzonɔamemetɔe. Alẽkpɔkplɔ ƒe sasrãkpɔwo wɔwɔ lɔlɔ̃tɔe kpe ɖe ame geɖe ŋu wogadze hamea ƒe kpekpewo dede edziedzi gɔme eye wosẽ ŋu le gbɔgbɔ me vaseɖe afisi wogadze gomekpɔkpɔ le gbeadzisubɔsubɔdɔa me ake. Agbagba siawo katã si dzem hamemegãwo le la ɖea Yehowa ƒe ɖetsɔleme lɔlɔ̃tɔe kple Yesu Kristo ƒe kplɔlanyenye fiana kɔte. Eɖo kpɔɖeŋu ɖi le alesi wòle be kplɔlawo naɖe ɖetsɔleme sia ƒomevi afia eƒe alẽawo dometɔ siwo tra mɔ alo bu mɔ la.—Mat. 18:12-14; Yoh. 10:16, 27-29.
4 Alẽkplɔlatevi siawo nɔa ŋudzɔ ɖe dzesi siwo ɖenɛ fiana be ame aɖe le gbɔdzɔgbɔdzɔm le gbɔgbɔ me ŋu. Anɔ eme be amesiwo ŋu wòɖe dzesi le be dzi le ɖeɖem le wo ƒo, amesiwo megadea kpekpeawo edziedzi o, alo amesiwo le alɔgblɔlɔ wɔm le gbeadzisubɔsubɔdɔa me la hiã gbɔgbɔ me tutuɖo. Hamemegãwo le klalo be yewoakpe ɖe amesi adze egɔme anɔ xexeame ƒe awudodo kple dzadzraɖo srɔ̃m alo amesi ava nɔ nyatoƒoe tom le hamea ŋu la ŋuti. To hamemegãwo ƒe ɖetsɔleme vavã ɖeɖefia kple woƒe belélename lɔlɔ̃tɔe me la, wole klalo be ‘woatsɔ woƒe agbe ana’ le agbagbadzedze me be yewoakpe ɖe amesiawo ŋu woagbugbɔ atu woƒe lɔlɔ̃ na Yehowa ɖo.—Tes. I, 2:8.
5 Le ɣeyiɣi siwo va yi me la, Kristotɔ ɖeadzɔgbe aɖewo he ɖe megbe tso hamea gbɔ, eye wogbɔdzɔ le gbɔgbɔ me le alesi lãmesẽkuxiwo, gakuxiwo, alo ƒomekuxiwo ɖe kpe na woe ta. Hamemegã siawo siwo metea tɔ ɖe nya dzi kpaɖii o la naa kakaɖedzi nɔviawo tufafatɔe wokpɔnɛ be Yehowa léa be na eƒe alẽawo katã eye alé woawo hã ɖe te le ɣeyiɣi sesẽwo me. (Ps. 55:23; Pet. I, 5:7) Alẽkplɔla siwo le ŋudzɔ ate ŋu akpe ɖe alẽha la ŋu woade dzesii be ne ‘wote ɖe Mawu ŋu la, ate ɖe woawo hã ŋu,’ eye wòana woakpɔ akɔfafa kple dzidzeme.—Yak. 4:8; Ps. 23:3, 4.
6 Asixɔxɔ Dede Dɔnɔwo Ŋu: Alẽkplɔlatevi lɔ̃ame siawo tsɔa ɖe le eme na amesiwo wòate ŋu anɔ bɔbɔe be amewo naŋlɔ wo be la hã. Dɔnɔwo, amesiwo wosika ɖe ame tsitsiwo dzikpɔƒe, alo amesiwo nye nuwɔametɔwo le mɔ aɖe nu la le hame ɖesiaɖe kloe me. Woƒe gomekpɔkpɔ le Fiaɖuƒegbedasia gbɔgblɔ me le sue eye gɔmesese le eŋu nenema le woƒe nɔnɔmewo ta. Ðewohĩ amesiwo va srãa wo kpɔ, dɔnɔ bubuwo, alo wo gbɔ kpɔlawo koe nye amesiwo mɔnukpɔkpɔ asu wo si woaɖi ɖase na. Ke hã, míedea asixɔxɔ nusianu si wote ŋu wɔna ŋu be enye woawo hã ƒe asikpekpe ɖe gbeƒãɖeɖedɔ si wɔm míele le xexeame godoo la ŋu. (Mat. 25:15) Ne aɖabaƒoƒo 15 pɛ koe amesiawo tsɔ ɖe gbeƒãe gɔ̃ hã la, ele be woabu akɔnta tso eŋu, eye woayi edzi abu wo be wonye Fiaɖuƒe gbeƒãɖela siwo kpɔtɔ le dɔ dzi.
7 ‘Nunana siwo nye amewo’ dea dzesi wo nɔviwo ƒe gbɔgbɔmenuhiahiãwo vevietɔ le ƒea ƒe ɣeyiɣi sia me—si nye Ŋkuɖodziɖuɣia. Ɣeyiɣi nyuitɔ kae nye si be hamemegãwo nadze agbagba ɖesiaɖe akpe ɖe amesiwo katã tra mɔ ŋu be woagase vivi ake le dzidzɔ kple tomefafa si le hadede kplikplikpli me kple hamea! Dzi dzɔa mí ne míekpɔ amesiawo siwo nye “haxɔsetɔwo” be wogadze kpekpeawo kple gbeadzi dede gɔme ake hetsɔ le ŋusẽ dom wo ɖokui le tafevɔsa la dzixɔxɔse me.—Gal. 6:10; Luka 15:4-7; Yoh. 10:11, 14.