Amewo Nuƒoƒoƒu tso Gbegbɔgblɔwo Katã Me
1 Nusiwo wogblɔ ɖi le Mawu ƒe Nya la me le eme vam! “Dukɔwo ƒe gbegbɔgblɔwo katã me” tɔwo le tadedeagu vavãtɔ me vam. (Zax. 8:23) Aleke Yehowa Ðasefowo le kpekpem ɖe amesiwo tso “to sia to kple du sia du kple gbegbɔgblɔ sia gbegbɔgblɔ me” ŋu be tenɔnɔ dzadzɛ nanɔ wo si le Yehowa ŋkume eye mɔnukpɔkpɔ nasu wo si be woatsi agbe le “xaxa gã la” mee?—Nyaɖ. 7:9, 14.
2 Mawu ƒe Habɔbɔa Tso Ðe Dɔ Ŋu: Dziɖuha la wɔ ɖoɖo be woaɖe Biblia-srɔ̃gbalẽwo ɖe gbegbɔgblɔ siwo ade 380 me ale be anyigbadzinɔlawo katã nate ŋu akpɔ vevienyenye si le nyanyuia ŋu la kɔte. Agbalẽwo gɔmeɖeɖe kple wo tata ɖe gbegbɔgblɔ gbogbo mawo me la menye dɔ feŋui kura o. Ebia be woaƒo gbegɔmeɖela bibiwo nu ƒu eye woana kpekpeɖeŋunu siwo wohiã la wo be woaɖe míaƒe agbalẽwo gɔme ɖe gbegbɔgblɔ mawo katã me, woata wo, ahaɖo wo ɖa. Gake amesiwo le akpa vevitɔ wɔm ye nye Fiaɖuƒegbeƒãɖelawo, amesiwo tsɔa Biblia ƒe xɔxɔgbedasia yina na amewo.
3 Agbanɔamedzia Tsɔtsɔ: Woate ŋu akpɔ dutagbedola geɖe le teƒe vovovowo egbea, eye wole Ghana hã. Be woatsɔ nyanyuia ayi na amesiawo la, Mawu subɔlawo dometɔ siwo ƒe xexlẽme le dzidzim ɖe edzi le agbagba dzem be yewoasrɔ̃ dutagbe bubu siwo wodona le woƒe nutoa me. Ame bubuwo hã le Amerikatɔwo ƒe Tokunɔgbe srɔ̃m. Ame aɖewo siwo mese Yehowa ŋkɔ kpɔ alo nya naneke tso Biblia me tsã o la va le Mawu ƒe Nya la ƒe nyateƒea xɔm.—Rom. 15:21.
4 Ðe míate ŋu agado vevie nu bliboe wu le nyanyuia gbɔgblɔ na dutagbedola siwo ʋu va míaƒe anyigbamama mea? (Kol. 1:25) Hame geɖe le ɖoɖo wɔm ɖe gbeƒãɖeɖedɔa ŋu na gbe bubu dola siwo le woƒe nutoa me. Gbeƒãɖelawo doa ŋgɔ srɔ̃a dzeɖonya bɔbɔe si woate ŋu azã le gbe bubuwo me, abe esia ene: “Ŋdi na wò. Metsɔ nyanyui aɖe vɛ na wò. [Eyome tsɔ trakt alo agbalẽ gbadza si le gbegbɔgblɔ ma me na amea.] Míagado go.” Yehowa le yayram ɖe gɔmedzedze nyaŋui mawo dzi vavã!
5 Fiaɖuƒegbedasia léa dzi na amesiwo tso teƒe vovovowo kple gbegbɔgblɔ vovovo dolawo katã. Mina míawɔ mɔnukpɔkpɔ ɖesiaɖe ŋudɔ agblɔe na wo.