Agbalẽ Nana le Anyigbamama si me Gbevovodolawo Le Me
1. Nukatae agbalẽ siwo le dutagbewo me hiã hame geɖewo?
1 Le teƒe geɖewo la, amesiwo gbeƒãɖelawo doa goe le gbeadzi la dometɔ aɖewo nye dukɔ bubu me tɔwo. Amesiawo dometɔ geɖe srɔ̃a nyateƒea kabakaba eye gɔmesese si de to wu sua wo si ne wosrɔ̃ nu kpli wo le wo degbe me. Ðoɖo kawoe li hena Biblia-srɔ̃gbalẽwo nana ɖetsɔlemetɔwo le gbegbɔgblɔ si gɔme wosena wu me?
2. Nuwɔwɔ aduadu kae hiã ne hame eve alo esiwo wu nenema siwo doa gbegbɔgblɔ vovovowo wɔa dɔ le anyigbamama ɖeka me?
2 Ɣeyiɣi si me Míana Agbalẽ: Ne hame eve alo esiwo wu nenema siwo doa gbe vovovo wɔa dɔ le anyigbamama ɖeka me la, woƒe hamemegãwo ƒe hawo nawɔ ɖeka kple subɔsubɔdɔdzikpɔlawo ahawɔ ɖoɖo aɖe si dzi hameawo katã ada asi ɖo ale be woate ŋu aɖi ɖase na gbegbɔgblɔ ɖesiaɖe dolawo tsitotsito. Ne gbeƒãɖelawo le gbeƒã ɖem tso aƒeme yi aƒeme la, womanɔ hame bubu(wo) ƒe gbegbɔgblɔ me gbalẽ nam ko o. Ke hã, ne gbeƒãɖelawo le vome ɖase ɖim alo le ɖase ɖim le dugbadzaƒewo la, woate ŋu ana agbalẽ siwo le gbegbɔgblɔ siwo wodona le nutoa me la me.—Kpɔ November 1990 Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ me Nyabiaɖaka.
3. Ɣekaɣie wòahiã be agbalẽ siwo le dutagbewo me nanɔ hame aɖe si?
3 Ɣeyiɣi si me Woadɔ Agbalẽwo: Nukae woate ŋu awɔ ne dutagbedola geɖewo le nuto aɖe me gake hame aɖeke medoa gbegbɔgblɔ ma o? Le nɔnɔme mawo me la, hamewo ate ŋu adɔ gbegbɔgblɔ ma me nusrɔ̃gbalẽ suewo abe traktwo, Nusi Mawu Di kple Mawu Xɔlɔ̃ ƒe agbalẽ gbadzawo, kpakple Sidzedze-gbalẽa ene ƒe agbɔsɔsɔ sue aɖe ada ɖi. Gbeƒãɖelawo ate ŋu ana agbalẽ siawo ɣesiaɣi si woado go amesiwo ate ŋu axlẽ gbegbɔgblɔ ma.
4. Aleke hamea ate ŋu axɔ agbalẽ siwo le gbegbɔgblɔ siwo hamea medɔna o mee?
4 Alesi Woadɔ Agbalẽwoe: Ne agbalẽ siwo le gbegbɔgblɔ si ɖetsɔlemetɔ aɖe xlẽna me mele hame aɖe si o ɖe, aleke woate ŋu axɔ agbalẽ le gbegbɔgblɔ ma mee? Ele be gbeƒãɖelaa nabia agbalẽdzikpɔla anya agbalẽ siwo le gbegbɔgblɔ ma me ale be woate ŋu adɔ agbalẽ siwo wohiã ɣebubuɣi si hamea agadɔ agbalẽwo.
5 Neva eme be míawɔ Kristotɔwo ƒe agbalẽwo ŋudɔ nyuie atsɔ akpe ɖe ‘ame ƒomeviwo katã’ ŋu, eɖanye gbegbɔgblɔ kae wodona o, ‘be woava nyateƒea ƒe sidzedze vavãtɔ me.’—Tim. I, 2:3, 4.
5. Taɖodzinu ka tae Kristotɔwo ƒe agbalẽwo nɔa mía si ɖo?