INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • km 7/02 axa 3
  • Nyabiaɖaka

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Nyabiaɖaka
  • Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2002
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Mɔɖaŋunuwo Le Dzidzim Ðe Edzi Kabakaba
    Nyɔ!—2010
  • Nyabiaɖaka
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2013
  • Asitelefon Ðe Wòɖea Vi alo Gblẽa Nu le Mía Ŋu?
    Nyɔ!—2005
  • Yayrae Loo Alo Fiƒodee?
    Nyɔ!—2010
Kpɔ Bubuwo
Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2002
km 7/02 axa 3

Nyabiaɖaka

◼ Nukae wòle be wòanɔ susu me na mí ne míele telefon sue siwo woléna ɖe asi kple elɛktrik nyatakakaxɔmɔ̃wo zãm?

Afisiafi kloe si míanɔ la, mɔ̃ siawo ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míanɔ kadodo me kple amewo. Togbɔ be viɖe le telefon sue siwo woléna ɖe asi kple nyatakakaxɔmɔ̃wo zazã ŋu hã la, ele be míakpɔ nyuie be míagazã wo le ɣeyiɣi siwo mesɔ me o bene woagahe amewo ƒe susu le míaƒe subɔsubɔdɔa me alo le Kristotɔwo ƒe kpekpewo me o. Aleke esia ate ŋu adzɔe?

Bu nusi ado tso eme nenye be míaƒe telefon alo nyatakakaxɔmɔ̃ sue te ɖiɖi esime míele gbeadzi le ɖase ɖim ŋu kpɔ? Nukae aƒemenɔlaa asusu? Nukpɔsusu kae asu amewo si ne míetso nyaa dzi bene míaƒo nu le telefon dzi? Míadi godoo be míagawɔ naneke si axe mɔ ɖe amewo be woagbe toɖoɖo Fiaɖuƒegbedasia o. (Kor. II, 6:3) Eyata ne míelé telefon alo nyatakakaxɔmɔ̃ sue ɖe asi la, ele be míatsii ale be maɖi ahe mía ŋutɔwo alo ame bubuwo ƒe susu esime míele ɖase ɖim o.

Ke ne menye míawoe le nu ƒom o ke boŋ míaƒe zɔhɛ ye le ɖase ɖim ɖe? Ne míeɖo ɣeyiɣi ɖi na gbeadzisubɔsubɔdɔa la, ɖe mele be míana míaƒe susu blibo nanɔ dɔ ma wɔwɔ ŋu oa? Le bubudede míaƒe subɔsubɔ kɔkɔea ŋu ta la, taflatse, mina míakpɔ mía ŋutɔwo míaƒe nyawo, dɔwɔnyawo, alo modzakaɖenyawo gbɔ le ɣebubuɣiwo. (Rom. 12:7) Gake esia mele fiafiam be womate ŋu azã telefon atsɔ aɖi ɖase alo ayɔ ame aɖe atsɔ aɖo ɣeyiɣi ɖi na ɖaseɖiɖi o.

Vevietɔ ele be míakpɔ nyuie ne míele telefon zãm esime míegale ʋu kum, elabena numekuku aɖewo ɖee fia be esia wɔwɔ ate ŋu ade ame lɔrifɔku me bɔbɔe. Ele be míakpɔ egbɔ be míewɔ ɖe se ɖesiaɖe si ku ɖe telefon zazã le ʋukuku me la dzi pɛpɛpɛ.

Míevaa Kristotɔwo ƒe kpekpewo kple takpekpewo be míade ta agu na Yehowa eye be wòafia nu mí. Ðe mele be ŋudzedzekpɔkpɔ ɖe wɔna siawo ƒe kɔkɔenyenye ŋu naʋã mí be míatrɔ asi le míaƒe asitelefon kple nyatakakaxɔmɔ̃ suewo ŋu bene woagahe amewo ƒe susu oa? Ne nya aɖe hiã kpata si gbɔ wòle be míakpɔ la, ele be míado go ayi takpeƒea godo hena wo gbɔ kpɔkpɔ. Ne menye hiahiã kpata ye o la, ke ele be míawɔ ɖoɖo akpɔ mía ŋutɔwo míaƒe nyawo kple dɔwɔnyawo gbɔ ɣebubuɣiwo, ke menye le tadeaguɣiwo o.—Kor. I, 10:24.

Neva eme be alesi míezãa asitelefon kple nyatakakaxɔmɔ̃ bubuwoe naɖee afia ɣesiaɣi be míebua ame bubuwo ŋu eye míekpɔa ŋudzedze deto ɖe gbɔgbɔmenuwo ŋu.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe