INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • km 4/13 axa 2
  • Nyabiaɖaka

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Nyabiaɖaka
  • Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2013
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Nyabiaɖaka
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2002
  • Ðe Mehiã Asitelefon Ŋutɔŋutɔa?
    Nyɔ!—2002
  • Zã Mɔɖaŋunuwo Ameŋububutɔe, Eye Mègagblẽ Ga Ðe Wo Ŋu Fũu O
    Nyɔ!—2010
  • Mɔɖaŋunuwo Le Dzidzim Ðe Edzi Kabakaba
    Nyɔ!—2010
Kpɔ Bubuwo
Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2013
km 4/13 axa 2

Nyabiaɖaka

◼ Biblia ƒe gɔmeɖose kawoe ku ɖe asitelefon zazã le Kristotɔwo ƒe kpekpewo me kple gbeadzi ŋu?

“Ɣeyiɣi Li Na Nu Sia Nu.” (Nyagb. 3:1): Asitelefon kpena ɖe ame ŋu be wòate ŋu aƒo nu na ame bubuwo alo aɖo nyatakakawo ɖe wo ɣesiaɣi si wòdi. Gake ɣeyiɣi aɖewo li siwo mele be Kristotɔwo naɖe mɔ woƒe asitelefonwo nahe woƒe susu o. Le kpɔɖeŋu me, kpekpewo nye ɣeyiɣi si me míedea ta agu na Yehowa, míexɔa gbɔgbɔmenufiame, eye míedea dzi ƒo na mía nɔewo le. (5 Mose 31:12; Ps. 22:23; Rom. 1:11, 12) Ðe míate ŋu atsi míaƒe asitelefonawo eye míava xlẽ nyatakaka siwo míexɔ le edzi la ne míekpã le kpekpea hedzo vɔ megbea? Ne le hiahiã kpata aɖe ta wòhiã be míaƒe fon la nanɔ sisi la, ele be míakpɔ egbɔ be wòagaɖe toɣli amewo o.

‘Wɔ Nuwo Katã Le Nya Nyui La Ta.’ (1 Kor. 9:23): Ɣeaɖewoɣi la, asitelefon zazã le subɔsubɔdɔa me ɖea vi. Le kpɔɖeŋu me, nɔviŋutsu si le ŋgɔ xɔm la ate ŋu aƒo ka na ƒuƒoƒoa me tɔ siwo le gbeƒã ɖem le anyigbamamaa ƒe akpa bubuwo akpɔ afi si woɖo. Gbeƒãɖelawo zãa woƒe asitelefon ɣeaɖewoɣi ƒoa ka na ɖetsɔlemetɔwo kple Biblia nusrɔ̃viwo hafi yia wo gbɔ, vevietɔ ne amea le didiƒe. Ne asitelefon le mía ŋu la, ele be míakpɔ egbɔ be wòagatso dze si ɖom míele kple aƒemenɔlaa me o. (2 Kor. 6:3) Ne míele gbeadzi la, ɖe manyo be míaƒe susu katã nanɔ subɔsubɔdɔa kple míaƒe zɔhɛ si le nu ƒom na aƒemenɔlaa ŋu tsɔ wu be míanɔ ka ƒom na mía xɔlɔ̃wo alo anɔ nyatakaka ɖom ɖe wo oa?

De Bubu Amewo Ŋu. (1 Kor. 10:24; Flp. 2:4): Mele be míabu kpekpe hena gbeadziyiyi dede ɖe game dzi nu tsɛ gbeɖe le esi míesusui be míate ŋu aƒo ka na nɔvi bubuwo ɣesiaɣi anya afi si ƒuƒoƒoa le gbeƒã ɖem le ta o. Ne míetsi megbe la, zi geɖe ehiãna be woagama amewo ake. Gake ɣeaɖewoɣi la, nane si ŋu míate ŋu awɔ naneke le o ate ŋu adzɔ si tae míatsi megbe. Ke hã ne míenɔa game dzi ɣesiaɣi la, míeɖenɛ fiana be míedea bubu Yehowa ƒe ɖoɖowo, nɔvi si le ŋgɔ xɔm, kple hati gbeƒãɖelawo ŋu.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe