INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • km 9/02 axa 3-6
  • Fiaɖuƒe Akpata Tutu Dɔwo Le Ŋgɔ Yim

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Fiaɖuƒe Akpata Tutu Dɔwo Le Ŋgɔ Yim
  • Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2002
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Dzidziɖedzi Wɔnuku na Kekeɖenu Hiã Kpata
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2002
  • Tadedeagu Vavãtɔ Le Ta Kekem le Ɣedzeƒe Europa
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1999
  • Xɔtudɔ Siwo Dea Bubu Yehowa Ŋu
    Mawu Fiaɖuƒea Le Dzi Ðum!
  • Tadeaguƒewo Ŋuti Ðoɖowo
    Ðoɖo Hena Yehowa Ƒe Lɔlɔ̃nu Wɔwɔ
Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2002
km 9/02 axa 3-6

Fiaɖuƒe Akpata Tutu Dɔwo Le Ŋgɔ Yim

1 Woɖe gbeƒãe le ƒe 1983 “Fiaɖuƒe Ðekawɔwɔ” Nutome Gã Takpekpewo me le United States be woaɖo gadzɔdzɔ ƒe ɖoɖo tɔxɛ aɖe ɖi be woatsɔ akpɔ Fiaɖuƒe Akpatawo tutu kple wo gbugbɔgaɖɔɖo dɔwo gbɔ le United States kple Canada. Yayra siwo gbegbe ava do tso gɔmedzedze nyaŋui ma me la menɔ nyanya na mí kura ɣemaɣi o. Míeva le nya siwo wogblɔ wòsɔ nyuie le Psalmo 92:5 me vava teƒe kpɔm, be: “Elabena wò, Yehowa, ètsɔ wò dɔwɔwɔwo do dzidzɔ nam, wò asinudɔwo ta mele aseye tsom ɖo.”

2 Fifia míele aseye tsom vevie ɖe nusiwo le dodom tso eme ta. Egbea xexeame godoo ƒe Fiaɖuƒe Akpatawo tutu alɔtsɔtsɔe ƒe ɖoɖoa le afɔ tsɔm nyuie. Mɔnukpɔkpɔa ʋu ɖi na mí katã be míakpɔ gome le dɔ sia me le mɔ vovovowo nu. Míewɔa esia to nudzɔdzɔ gãwo alo suewo nana me be woatsɔ akpɔ tadeaguƒewo tutu le xexeame godoo ƒe gazazãwo gbɔe. Nɔvi geɖe lɔ̃ faa be yewoazã yewoƒe dɔwɔnuwo kpakple yewoƒe ɣeyiɣi, ŋutetewo, kple xɔtuɖaŋuwo ɖe dɔ siawo wɔwɔ ŋu. Yehowa ƒe mɔfiame, eƒe kpekpeɖeŋu, kple eƒe yayra geɖe si wòkɔ ɖe míaƒe agbagbadzedzewo dzi la gbɔe ɖoɖo blibo sia ƒe dzidzedzekpɔkpɔ tso.—Ps. 127:1.

3 Alɔdzedɔwɔƒe geɖe le zɔzɔm ɖe ɖoɖo si wowɔ gbã na hame siwo le United States dzi pɛpɛpɛ. Nudzɔɖaka aɖe nɔa Fiaɖuƒe Akpatawo me le dukɔ geɖewo me siwo me gbeƒãɖelawo ate ŋu ade woƒe nudzɔdzɔwo be wòanye Fiaɖuƒe Akpata Tuga. Le United States la, woɖe gbeƒã tɔtrɔ aɖe si wowɔ ku ɖe ɖoɖo sia ŋu le March 1997 Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ me. Egblɔ be: “Tso esime woɖo Habɔbɔa ƒe Fiaɖuƒe Akpata Tuga anyi le ƒe 1983 me la, nɔviwo dzɔ nu faa ale be hamewo te ŋu xɔ gadodo na Fiaɖuƒe Akpata tutu. Ðoɖo sia ɖe vi na hame siwo ade 2,700 sɔŋ le dukɔa me xoxo. Ðoɖo sia manɔmee la, anye ne hame geɖe mate ŋu atu Fiaɖuƒe Akpata yeye alo adzra esiwo hiã ɖɔɖɔɖo la ɖo o. Fifia hiahiã kpata aɖe fɔ ɖe te si bia be woado gadzɔdzɔ sia ƒe ɖe na hame siwo le dukɔ dahewo me. Habɔbɔa, kpakple hame siwo míaƒe nudzɔdzɔwo ɖea vi na, kpɔa ŋudzedze geɖe ɖe alesi mieyi edzi le asi kpem ɖe ɖoɖo sia ŋui la ŋu vevie.”

4 Gbeƒãɖeɖe ma va nye amekpekpe be woakpe asi ɖe Fiaɖuƒe Akpatawo tutu alɔtsɔtsɔe ƒe ɖoɖoa ŋu geɖe wu. Woakeke Fiaɖuƒe Akpata Tuga ƒe ɖoɖoa ɖe enu be wòakpɔ mía nɔvi siwo le dukɔ siwo me nu mede wo dzi o hã ƒe hiahiãwo gbɔ, eye wòagawɔe hã be woakpɔ ga ado na hame siwo le Fiaɖuƒe Akpata tum le United States. Nyati aɖe si va ɖe eyome le August 1997 Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ hena United States me gblɔ be: “Fiaɖuƒe Akpatawo tutu ƒe hiahiãwo le dzidzim ɖe edzi le xexeame godoo. Le subɔsubɔƒe si va yi ɖeɖe ko me la, woɖo hame yeye 3,288. Hame siawo ƒe akpa gãtɔ le Afrika, Asia, Titina kple Anyiehe Amerika, kple Ɣedzeƒe Europa.”

5 Nukawoe do tso ɖoɖo sia me va ɖo fifia? Ƒe 2001 Yearbook ka nya ta be: “Ðoɖo sia na be vaseɖe fifia la, wotu Fiaɖuƒe Akpata 453 le dukɔ 30 me, eye wokpɔtɔ le dɔ dzi le akpata 727 bubuwo ŋu. Wote gbe ɖe alesi woawɔ Fiaɖuƒe Akpata ƒe nɔnɔmetata aɖe koŋ ɖi la dzi le dukɔ ɖesiaɖe me eye be woazã xɔtunu kple xɔtumɔnu siwo bɔ ɖe teƒe mawo. Le Kenya la, wozãa kpewo; le Togo la, xɔtukpe siwo womè ye wozãna koŋ; le Cameroon la, wozãa xɔtukpe siwo wotsɔ kɔnkrit wɔe eye wozrɔ̃a xɔa ŋu emegbe. To mɔnu siawo dzi la, nɔvi siwo le teƒe mawo te ŋu srɔ̃a xɔtuɖaŋu siwo hiã bene woaxɔ ŋgɔ akpɔ ɖoɖoa ƒe akpa veviwo gbɔ bene wòadze edzi le dukɔ bliboa me.”

6 Míekpɔa Yehowa ƒe yayra ɖe ɖoɖo sia dzi ƒe kpeɖodzi geɖe le Afrika-nyigba gã bliboa dzi. Esi nèle Fiaɖuƒe Akpata aɖewo ƒe nɔnɔmetata kpɔm le afisia la, bu ŋusẽ si gbegbe xɔtudɔ siawo kpɔ ɖe Yehowa Ðasefowo ƒe dɔa dzi le teƒe mawo ŋu kpɔ! Esia ɖe dzesi le akpa etɔ̃ koŋ me—ɖekawɔwɔ si le míaƒe xexeame godoo nɔviwo ƒe habɔbɔa me, dɔ si wòwɔ ɖe nutoa me tɔwo dzi, kple dzidziɖedzi si kpɔm wole le hamea ƒe kpekpewo dede me. Esi Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ ƒe emedegbalẽvi sia he susu yi Fiaɖuƒe Akpatawo tutu le Afrika dzi koŋ la, míava ƒo nu tso alesi Fiaɖuƒe Akpata tutu ƒe ɖoɖoa le afɔ tsɔmee le xexeame ƒe nuto bubuwo hã me ŋu le tata siwo gbɔna me.

[Nɔnɔmetata si le axa 3]

CENTRAL AFRICAN REPUBLIC

Bimbo, Bangui

Begoua, Bangui

[Nɔnɔmetata si le axa 4]

Ukonga, Tanzania

Accra, Ghana

Salala, Liberia

Allada, Benin—Fiaɖuƒe Akpata xoxoa

Allada, Benin—Fiaɖuƒe Akpata yeyea

Karoi, Zimbabwe

[Nɔnɔmetata si le axa 5]

Kpeme, Togo

Sokodé, Togo

Fidjrosse, Benin

[Nɔnɔmetata si le axa 6]

Lyenga, Zambia—Fiaɖuƒe Akpata xoxoa

Lyenga, Zambia—Fiaɖuƒe Akpata yeyea

Kinshasa, Congo

Musambira, Rwanda

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe