INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • km 9/99 axa 3-6
  • Tadedeagu Vavãtɔ Le Ta Kekem le Ɣedzeƒe Europa

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Tadedeagu Vavãtɔ Le Ta Kekem le Ɣedzeƒe Europa
  • Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1999
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Fiaɖuƒe Akpata Tutu Dɔwo Le Ŋgɔ Yim
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2002
  • Dzidziɖedzi Wɔnuku na Kekeɖenu Hiã Kpata
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2002
  • Dukɔwo Dome Fiaɖuƒe Akpata Tutu le Europa Dukɔ Aɖewo Me
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2003
  • Xɔtudɔ Siwo Dea Bubu Yehowa Ŋu
    Mawu Fiaɖuƒea Le Dzi Ðum!
Kpɔ Bubuwo
Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1999
km 9/99 axa 3-6

Tadedeagu Vavãtɔ Le Ta Kekem le Ɣedzeƒe Europa

1 Ƒe alafa gbãtɔ me Kristotɔwo nye Fiaɖuƒegbeƒãɖela siwo me dzo nɔ. Wokpɔ dzidzɔ esi hameawo ‘nɔ agbɔ sɔm ɖe edzi gbesiagbe.’ (Dɔw. 16:5) Woƒe gbeƒãɖeɖe dzinɔameƒotɔe na tadedeagu vavãtɔ ɖo Asia, Afrika, kple Europa, eye ewɔe be wokpɔ xɔsetɔ gbogbo aɖewo.

2 Le nuwuɣi sia me la, tadedeagu vavãtɔ kpɔtɔ le ta kekem, vevietɔ le Ɣedzeƒe Europa nyigbawo dzi. Míele dzidziɖedzi ɖedzesiwo kpɔm le dukɔ siwo me dziɖuɖuwo ɖo asi mía dzi vaseɖe ƒe 1990-awo ƒe gɔmedzedze lɔƒo la me. 1999 Yearbook ka nya ta be dukɔ mawo dometɔ eve siwo nye Russia kple Ukraine dometɔ ɖesiaɖe ƒe gbeƒãɖela siwo kpɔ gome le dutoƒo subɔsubɔdɔa me sɔ gbɔ wu ame 100,000. Le anyigbamama 15 siwo nɔ tsã Soviet Union me la, amesiwo wu 220,000 tsɔ woƒe agbe ɖe adzɔgbe na Yehowa hexɔ nyɔnyrɔ tso ƒe 1991 me! Alesi dzidziɖedzia le tsɔtsɔmee na wòva hiã be woatu Fiaɖuƒe Akpata kple Takpexɔ yeyewo eye woakeke alɔdzedɔwɔƒe geɖe ɖe enu.

3 Wole ga si le Habɔbɔa ƒe Fiaɖuƒe Akpata Tuga me ƒe akpa aɖe dom na hame siwo le dukɔ siwo me Fiaɖuƒe Akpatawo le hiahiãm vevie, gake alɔme mele wo si o eye ganyawo le sesẽm na wo. Tso March 1996 vaseɖe October 1998 la, Habɔbɔa da asi ɖe edzi wodo ga na alɔdzedɔwɔƒe siwo le dɔa dzi kpɔm le Ɣedzeƒe Europa dukɔ 11 me siwo bia gadodo hena Fiaɖuƒe Akpata 395 tutu. Wole ga siwo wodzɔ zãm tsɔ le anyigba kple xɔtunu siwo woatsɔ atu Fiaɖuƒe Akpatawo ƒlem, eye wotsɔ ɖe hã le kpekpem ɖe hamewo ŋu be woatrɔ asi le teƒe siwo zãm wole xoxo ŋu. Foto siwo le afisia fia alesi nudzɔdzɔ siwo vana Habɔbɔa ƒe Fiaɖuƒe Akpata Tuga me le United States kple dukɔ bubuwo me le vi ɖem na mía nɔvi siwo le Ɣedzeƒe Europae.

4 Bulgaria kpɔ dzidziɖedzi 12 le alafa me le ƒe 1998 me, eye nɔviawo kpɔ dzidzɔ esi wokɔ woƒe Fiaɖuƒe Akpata gbãtɔ ŋu le ƒe ma ƒe April me. Croatia kpɔ dzidziɖedzi 4 le alafa me, eye fifia la, nɔviawo le Fiaɖuƒe Akpata geɖe tum be woatsɔ ado tadedeagu vavãtɔ ɖe ŋgɔe. Le Hungary la, hame 144 le Fiaɖuƒe Akpata 80 zãm. Esia fia be tadeaguƒe le hame 235 siwo le dukɔ ma me dometɔ 61 le alafa me si. Le Macedonia la, wotu akpata eve le Fiaɖuƒe Akpata tutu ɖoɖoa me eye wogale geɖe tum. Le ƒe 1999 ƒe dzomeŋɔli la, wotu Fiaɖuƒe Akpata eve ƒokpli le woƒe fiadu si nye Skopje me. Hame ade ate ŋu azã akpata siawo.

5 Le ƒe si va yi me la, amesiwo xɔ nyɔnyrɔ le Russia kwasiɖa ɖesiaɖe wu ame 260 le mama dedie nu! Abe alesi wòle le dukɔ bubuwo me ene la, Russia alɔdzedɔwɔƒea ɖo Alɔdze Xɔtukɔmiti 12 le woƒe anyigbamama gã la me be woakpe asi ɖe Fiaɖuƒe Akpata siwo woava tu le etsɔme ŋu. Wole dukɔa ƒe Takpexɔ gbãtɔ tum le St. Petersburg ƒe dziehekpa dzi si me ame 1,600 ate ŋu anɔ. Fiaɖuƒe Akpata atɔ̃ siwo dometɔ ɖesiaɖe axɔ ame 200 akpe ɖe takpexɔa ŋu. Wowu Fiaɖuƒe Akpata 84 nu le Ukraine be woatsɔ akpɔ mía nɔvi kple ɖetsɔlemetɔ siwo le afima ƒe gbɔgbɔmenuhiahiãwo gbɔe eye wogale 80 bubuwo tum.

6 Ðe dzidziɖedzi si le vavam le Ɣedzeƒe Europa medo dzidzɔ na wò oa? Afika ke míeɖale o, alesi tadedeagu vavãtɔ le ta kekemee ɖoa ŋku edzi na mí be Mawu mekpɔa ame ŋkume o eye be eƒe dzigbɔɖi ana “ameha gã” aɖe nakpɔ ɖeɖe. (Nyaɖ. 7:9; Pet. II, 3:9) Mɔnukpɔkpɔ ka gbegbe enye esi wònye be míawo hã míawɔ sue aɖe atsɔ akpe asi ɖe ame bubuwo ƒe gbɔgbɔmeŋgɔyiyi ŋu togbɔ be wole dukɔ siwo le adzɔge ʋĩ me gɔ̃ hã! Lododowo 28:27 na kakaɖedzi mí be “amesi naa nu ame dahe la, hiã matui akpɔ o.” Alesi míelɔ̃ be míakpe asi ɖe xɔtuga siawo dzɔdzɔ ŋu wɔe be nuwo ‘sɔ pɛpɛpɛ’ le ŋutilãmenuwo gome, eye ena amesiame kpɔa dzidzɔ si tsoa nunana me eye míekpɔa dzidzɔ si tsoa tadedeagu vavãtɔ ƒe takeke le xexeame katã me.—Kor. II, 8:14, 15; Dɔw. 20:35.

[Nɔnɔmetata si le axa 3]

Săcele, Romania

[Nɔnɔmetata si le axa 3]

Maardu, Estonia

[Nɔnɔmetata si le axa 3]

Sevnica, Slovenia

[Nɔnɔmetata si le axa 3]

Tiszavasvári, Hungary

[Nɔnɔmetata si le axa 4]

Jūrmala, Latvia

[Nɔnɔmetata si le axa 4]

Taurage, Lithuania

[Nɔnɔmetata si le axa 4]

Tallinn, Estonia

[Nɔnɔmetata si le axa 5]

Prievidza, Slovakia

[Nɔnɔmetata si le axa 5]

Mátészalka, Hungary

[Nɔnɔmetata si le axa 5]

Belgrade, Yugoslavia

[Nɔnɔmetata si le axa 6]

Ruma, Yugoslavia

[Nɔnɔmetata si le axa 6]

Vranov nad Topl’ou, Slovakia

[Nɔnɔmetata si le axa 6]

Tornakalns, Latvia

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe