Kokoƒoƒo na Mí Lɔlɔ̃tɔe Be Míasrɔ̃ Nu Tso Nuxlɔ̃ame Kpɔɖeŋuwo na Míaƒe Ŋkekea Me
Mí katã míate ŋu ado ŋusẽ tame si míeɖo kplikpaa be míalé nuteƒewɔwɔ me ɖe asi to nusiwo míesrɔ̃ tso Biblia me drama si woɖe fia le video si nye Warning Examples for Our Day (Nuxlɔ̃ame Kpɔɖeŋuwo na Míaƒe Ŋkekea) me la dzi wɔwɔ me. Hafi miakpɔe la, taflatse mixlẽ Mose IV, ta 25 kple eŋutinya bubu siwo le Insight on the Scriptures, Babla 2, axa 419, memama 3-5 me. Emegbe miaɖo biabia siawo ŋu: Amekawoe nye Moabitɔwo, eye nukatae Yehowa gblɔ na Mose be wòagaho aʋa ɖe wo ŋu o? (Mose V, 2:9) Aleke Bileam ɖo tame be yeazã Moabitɔwo atsɔ atsrɔ̃ Israel-dukɔae? Nukata alesi Israel-viwo dometɔ geɖe do kpo nu le dodokpɔ vevi aɖe me esi wòsusɔ vie ko woaɖo Ŋugbedodonyigbaa dzi la nye nusi mele be míaŋlɔ be o?—Kor. I, 10:11, 12.
Ne miele Warning Examples ƒe videoa kpɔm la, mide ŋugble le agbenɔnɔ ƒe akpa ene siwo gbɔna, siwo ŋu wòle be míalé ŋku ɖo vevie egbea ne míedi be míanye nuteƒewɔlawo be Mawu nakpɔ ŋudzedze ɖe mía ŋu la ŋu. (1) Nɔnɔme: Aleke Israel-vi aɖewo ɖe nɔnɔme gbegblẽ fia ɖe Yehowa kple eƒe ɖoɖowo ŋui? Ðe ema teƒe la, nɔnɔme kae wòle be míadze agbagba aɖe fia? (2) Hadede: Nukatae Yehowa medi be Israel-viwo nadze xɔlɔ̃ Moabitɔwo o? (Mose II, 34:12; Lod. 13:20) Nukatae wòle be míatia amesiwo míadze xɔlɔ̃e nunyatɔe? (3) Agbenɔnɔ: Nuvɔ̃ gã ka mee hadede vɔ̃wo kplɔ Israel-vi siwo ade 23,000 la dee? (Kor. I, 10:8) Egbea la, nukawoe ble Mawu ƒe amewo dometɔ aɖewo de agbegbegblẽnɔnɔ me, gake aleke míate ŋu akpɔ mía ɖokui tae? (4) Tadedeagu: Tadedeagu dzadzɛ tsɔtsɔna ŋuti dodokpɔ kae va Israel-viwo dzi? Trɔ̃subɔsubɔ ƒomevi kawo mee ame aɖewo ate ŋu age ɖo egbea le manyamanya me, gake aleke míate ŋu aƒo asa nɛ?—Kol. 3:5.
Le dramaa me la, aleke woyra Yamin ɖe agbenyuinɔnɔ me léle ɖe asi tae? Koko ka ƒomee Dziɖuha la le lɔlɔ̃tɔe na Kristotɔ vavãwo katã to drama sia dzi? Ne ƒome ƒe tae nènye la, nukatae nèsusu be nunya anɔ eme be wò ƒomea nanɔ video sia kpɔm edziedzi?