Video si Ŋu Wòhiã Vevie be Woade Ŋugble Le
“Video sia nana wobua tame vavã!”
“Eɖo keke nye dzi gbɔ ke!”
“Ewɔ dɔ ɖe dzinye ale gbegbe!”
1 Nenemae nèse le ɖokuiwò me esi nèkpɔ video si nye Young People Ask—How Can I Make Real Friends? (Sɔhɛwo Biana Be—Aleke Mawɔ Adze Xɔlɔ̃ Vavãwo?) zi gbãtɔa? Ƒe aɖewoe nye si va yi la, nɔviŋutsu sɔhɛ aɖe nɔ nɔnɔme sesẽwo me tom le eƒe agbe me, le xɔlɔ̃ siwo ƒomevi wòtia ta. Wona be megava tsɔa ɖeke le nyateƒea me o, eye woa kple Yehowa dome ƒomedodoa me gblẽ. Emegbe wova ɖe Real Friends video la ɖe go. Eŋlɔ bena: “Esi mekpɔ video la enuenu zi geɖe la, aɖatsi nɔ gegem le mo nam. Meda akpe na Yehowa be kpekpeɖeŋu sia va le ɣeyiɣi nyuitɔ dzi.” Video la ʋãe wòtrɔ eƒe agbenɔnɔ eye wodze xɔlɔ̃ nyuitɔwo. Eŋlɔ yi edzi be: “Edze kɔte be míenya nusi me tom sɔhɛwo le le ɣeyiɣi siawo me.” Dzilawo kple sɔhɛwo, ɖe manyo be miagakpɔ video sia ake le miaƒe ƒomenusɔsrɔ̃ si miagawɔ me oa? Miate ŋu atɔ video la le akpa ɖesiaɖe kpɔkpɔ vɔ megbe, eye miatsɔ nyabiase siwo le memama siwo gbɔna me la dzro emee tso dzime faa anukwaretɔe.
2 Ŋgɔdonya: Amekae nye xɔlɔ̃ vavã?—Lod. 18:24.
3 Nusiwo Xea Mɔ na Xɔlɔ̃dzedze: Aleke nàwɔ aɖu akogotsitsi ƒe seselelãme dzi? (Fil. 2:4) Nukatae wòle be nàlɔ̃ atrɔ asi le wò amenyenye ŋu wòanyo ɖe edzi wu, eye amekae akpe ɖe ŋuwò nàwɔe nenema? Nukae ana mɔnukpɔkpɔ nasu asiwò be nàdze xɔlɔ̃ geɖe wu, eye afikae nàkpɔ wo le?—Kor. II, 6:13.
4 Xɔlɔ̃dzedze Mawu: Aleke nàwɔ atu ƒomedodo kplikplikpli ɖo kple Yehowa, eye nukata viɖe le eŋu? (Ps. 34:9) Amekae ate ŋu ado ŋusẽ mia kple Mawu dome ƒomedodoa wu?
5 Xɔlɔ̃ Siwo Menyo O: Amekawoe nye zɔhɛ gbegblẽwo? (Kor. I, 15:33) Aleke xɔlɔ̃ gbegblẽwo ate ŋu akplɔ ame ade gbɔgbɔmefɔku mee? Nukae Dina ƒe ŋutinya si le Biblia me fia wò?—Mose I, 34:1, 2, 7, 19.
6 Egbegbe Kpɔɖeŋu Aɖe: Aleke akogotsitsi gblẽ nu le Tara ŋui? Aleke wòʋli eɖokui tae be naneke megblẽ le hadede kple sɔhɛ siwo nye xexeametɔwo ŋu o? Afɔku kawo mee wokplɔe dee? Nukata edzilawo mekpɔ afɔku si me wònɔ la dze sii o, gake aleke dzilawo trɔ asi le woƒe nɔnɔmewo ŋu si wɔe be wote ŋu kpe ɖe eŋu wògaɖo tenɔnɔ nyui me le gbɔgbɔ me? Aleke nɔvinyɔnu mɔɖela aɖe ɖee fia be yenye xɔlɔ̃ vavã na Tara? Nukatae wòle be Kristotɔwo nawɔ ɖe Lododowo 13:20 kple Yeremya 17:9 me nyawo dzi? Nu vevi kae Tara srɔ̃ tso nusiwo dzɔ la me?
7 Etaƒoƒo: Nukawoe nèsrɔ̃ tso video sia me? Aleke nàte ŋu azãe atsɔ akpe ɖe ame bubuwo ŋui?—Ps. 71:17.