Ðe Gbeƒã Fiaɖuƒegbedasia
1 “Ele nam be, magblɔ mawufiaɖuƒe la ŋu nyanyui afia . . . elabena eyata wodɔm ɖo.” (Luka 4:43) Yesu zã nya mawo tsɔ ɖe eƒe subɔsubɔdɔa ƒe tanya fia—si nye Mawu ƒe Fiaɖuƒe. Gbedasi si míeɖea gbeƒãe egbea hã ku ɖe Fiaɖuƒea ŋu, abe alesi wogblɔ ɖi le Mateo 24:14 ene be: “Woaɖe gbeƒã fiaɖuƒeŋutinya nyui sia afia amewo le xexe blibo la katã me, bena wòanye ɖaseɖiɖi na dukɔwo katã, eye ekema nuwuwu aɖo.” Mawu ƒe Fiaɖuƒe ŋuti nyateƒe kawoe wòle be amewo nase?
2 Mawu ƒe Fiaɖuƒea le dzi ɖum fiafia le dziƒo eye eteƒe madidi o ava xɔ ɖe amegbetɔwo ƒe dziɖuɖuwo teƒe. Wonya Abosam ɖa le dziƒo xoxo, eye fifi nuɖoanyi vɔ̃ɖi sia le eƒe ŋkeke mamlɛawo me. (Nyaɖ. 12:10, 12) Woatsrɔ̃ Satana ƒe nuɖoanyi xoxo vɔ̃ɖi sia ɖa gbidigbidi, gake Mawu ƒe Fiaɖuƒe ya maʋuʋu o. Anɔ anyi tegbee.—Dan. 2:44; Heb. 12:28.
3 Fiaɖuƒea akpɔ amegbetɔ toɖolawo ƒe dzodzro nyuiwo katã gbɔ. Aɖe fukpekpe siwo aʋawɔwɔ, nuvlowɔwɔ, ameteteɖeanyi kple hiãkame hena vɛ katã ɖa. (Ps. 46:9, 10; 72:12-14) Nuɖuɖu asu amesiame. (Ps. 72:16; Yes. 25:6) Dɔlélewo kple nuwɔametɔnyenye katã azu gbaɖegbenyawo. (Yes. 33:24; 35:5, 6) Woatrɔ anyigbaa wòazu paradiso esi ameƒomea le blibodede gbɔ ɖom, eye amewo anɔ edzi le ŋutifafa me.—Yes. 11:6-9.
4 Míeɖenɛ fiana be míedi be míanye Mawu ƒe Fiaɖuƒea teviwo to alesi míenɔa agbee fifia me. Ele be Fiaɖuƒegbedasia nakpɔ ŋusẽ ɖe míaƒe agbenɔnɔ, taɖodzinuwo kple nusiwo le vevie wu na mí le agbe me dzi bliboe. Le kpɔɖeŋu me, togbɔ be agba le mía dzi be míakpɔ míaƒe ƒome ƒe nuhiahiãwo gbɔ hã la, míate ŋu ana ŋutilãmenudidiwo naxɔ nɔƒe gbãtɔ na Fiaɖuƒea o. (Mat. 13:22; Tim. I, 5:8) Ke boŋ, ele be míawɔ ɖe Yesu ƒe nuxlɔ̃ame dzi be: “Midi mawufiaɖuƒe la kple eƒe dzɔdzɔenyenye gbãgbiagbã, eye woatsɔ nusiawo katã [agbe me nuhiahiãwo] akpe ɖe eŋuti na mi.”—Mat. 6:33.
5 Ehiã kpata be amewo nase Fiaɖuƒegbedasia ahawɔ ɖe edzi esi ɣeyiɣi gakpɔtɔ li. Mina míakpe ɖe wo ŋu ne woasee to alesi ‘míagblɔ mawufiaɖuƒe la ŋutinya na wo kple dzideƒo’ me.—Dɔw. 19:8.