INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • km 1/03 axa 1
  • Agbenɔnɔ Ðe Míaƒe Adzɔgbeɖeɖe Nu

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Agbenɔnɔ Ðe Míaƒe Adzɔgbeɖeɖe Nu
  • Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2003
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Nɔ Yehowa Subɔsubɔ Dzi Kple Dzi Like
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2002
  • Ðe Nèle Agbe Nɔm Ðe Wò Adzɔgbeɖeɖe nua?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2001
  • Agbenɔnɔ Ðe Míaƒe Adzɔgbeɖeɖe Nu ‘Gbesiagbe’
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1995
  • Nu Ka Tae Wòle Be Nàtsɔ Ðokuiwò Aɖe Adzɔgbe Na Yehowa?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2010
Kpɔ Bubuwo
Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2003
km 1/03 axa 1

Agbenɔnɔ Ðe Míaƒe Adzɔgbeɖeɖe Nu

1 Eɖanye nyitsɔ laa koe nèxɔ nyɔnyrɔ alo èxɔe ɣeyiɣi didi aɖee nye esia o, ànya ɖo ŋku wɔna vevi ma dzi le wò agbe me. Míaƒe nyɔnyrɔxɔxɔ menye agbe si míetsɔ ɖe adzɔgbe be míasubɔ ƒe nuwuwu o, ke boŋ enye eƒe gɔmedzedze si ate ŋu ayi edzi tegbee. (Yoh. I, 2:17) Nukae agbenɔnɔ ɖe míaƒe adzɔgbeɖeɖe nu bia?

2 Dze Kristo ƒe Kpɔɖeŋu Yome: Le Yesu ƒe nyɔnyrɔxɔxɔ megbe la, ‘edze eƒe dɔa gɔme’ nɔ gbeƒã ɖem ‘mawufiaɖuƒe ŋuti nyanyui’ la. (Luka 3:23; 4:43) Nenema ke ne míetsɔ nyɔnyrɔxɔxɔ ɖo kpe míaƒe adzɔgbeɖeɖe na Yehowa dzi la, míeva zua nyanyuia ƒe subɔla siwo woɖo. Togbɔ be ɣeyiɣi kple agbagbadzedze geɖe ahiã be agbemenuhiahiãwo nasu mía si hã la, míaƒe dɔ vevitɔe nye Kristotɔwo ƒe subɔsubɔdɔa. (Mat. 6:33) Le esi woanɔ kutri kum be yewoakpɔ kesinɔnuwo alo axɔ ŋkɔ teƒe la, amesiwo ɖe adzɔgbe na Mawu dina boŋ be ‘yewoado yewoƒe subɔsubɔdɔa ɖe ŋgɔ’ abe alesi apostolo Paulo wɔe ene. (Rom. 11:13) Ðe nèkpɔa dzidzɔ ɖe Yehowa subɔsubɔ ƒe mɔnukpɔkpɔ tɔxɛ si su asiwò ŋu hedzea agbagba ɖesiaɖe be yeadoe ɖe ŋgɔa?

3 Abe alesi Yesu wɔe ene la, ele be míawo hã ‘míatsi tre ɖe Abosam ŋu.’ (Yak. 4:7) Satana te Yesu kpɔ le Eƒe nyɔnyrɔxɔxɔ megbe, eye nenema ke wòtɔ ŋku Yehowa subɔla ɖeadzɔgbewoe egbea. (Luka 4:1-13) Esi wònye Satana ƒe xexeamee míele ta la, ele be míaɖu mía ɖokui dzi, aƒo asa na nusianu si ate ŋu aƒo ɖi míaƒe tamesusu alo ana míaƒe dzi navɔ̃ɖi. (Lod. 4:23; Mat. 5:29, 30) Woxlɔ̃ nu Kristotɔwo be ‘womate ŋu akpɔ gome le Yehowa ƒe kplɔ̃ ŋuti, agakpɔ gome hã le gbɔgbɔ vɔ̃wo ƒe kplɔ̃ ŋuti o.’ (Kor. I, 10:21) Esia bia be míakpɔ nyuie le modzakaɖeɖe dzakaɖawo, hadede vɔ̃wo, kple afɔku siwo le Internet zazã me ŋu. Ebia hã be míaƒo asa na xɔsegbelawo ƒe nyawo kple woƒe agbalẽwo. Ŋudzɔnɔnɔ ɖe nusiawo kple Satana ƒe ayemɔ bubuwo ŋu akpe ɖe mía ŋu le agbenɔnɔ ɖe míaƒe adzɔgbeɖeɖe nu me.

4 Zã Mɔnuɖoɖo si Mawu Wɔ: Be míate ŋu anɔ agbe ɖe míaƒe adzɔgbeɖeɖe nu la, Yehowa na kpekpeɖeŋu mí to eƒe Nya kple Kristo-hamea dzi. Na Biblia xexlẽ kple gbedodoɖa na Yehowa nanye wò gbesiagbe nuwɔnawo ƒe akpa aɖe. (Yos. 1:8; Tes. I, 5:17) Dzi nedzɔ wò ɖe hame ƒe kpekpewo ŋu. (Ps. 122:1) De ha kple amesiwo vɔ̃a Yehowa hewɔa eƒe sededewo dzi.—Ps. 119:63.

5 To Mawu ƒe kpekpeɖeŋu me la, àte ŋu anɔ agbe ɖe wò adzɔgbeɖeɖe na Yehowa nu eye mɔnukpɔkpɔ asu asiwò be nàyi edzi asubɔe tegbee.—Ps. 22:27, 28; Fil. 4:13.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe