Ðoɖo Yeye si Wowɔ na Fiaɖuƒe Akpata ƒe Agbalẽdzraɖoƒewo
Ƒe geɖe nye esia la, hamewo le xexeame godoo ɖe vi tso Fiaɖuƒe Akpata ƒe agbalẽdzraɖoƒe, si woyɔna tsã be Teokrasi Subɔsubɔ Suku ƒe agbalẽdzraɖoƒe la zazã me. Tsã la, wokpɔe be ahiã be agbalẽdzraɖoƒe nanɔ hame ɖesiaɖe si. Gake esi hame siwo wu ɖeka, siwo dometɔ aɖewo nye dutagbe hamewo zãa Fiaɖuƒe Akpata ɖeka ta la, edze abe anyo wu ne hame siwo gblɔa gbe ɖeka wɔ ɖeka ɖo agbalẽdzraɖoƒe ɖeka ko si me agbalẽwo de le eye gbe bubuwo hã tɔ nanɔ vovo le Fiaɖuƒe Akpataa me ene. Le Fiaɖuƒe Akpata siwo me afisiwo wokpena le sɔ gbɔ wu ɖeka la, ele be agbalẽdzraɖoƒe nanɔ kpekpeƒeawo dometɔ ɖesiaɖe me na gbegbɔgblɔ ɖesiaɖe si wɔa kpekpe le afima.
Míele mɔ kpɔm be ɖoɖo sia maxɔ teƒe o, eye wòaɖe gazazã dzi akpɔtɔ. Gawu la, ne hame eve alo esi wu nenema tsɔ woƒe agbalẽdzraɖoƒewo ƒo ƒu wɔ ɖeka la, ate ŋu ana be agbalẽdzraɖoƒe siwo anyo wu nanɔ mía si. Ne wotsɔ agbalẽdzraɖoƒeawo ƒo ƒu alea la, woate ŋu atsɔ agbalẽ siwo wu ɖeka ƒe kɔpiwo adzra ɖo eye woawɔ eŋudɔ emegbe le Fiaɖuƒe Akpata yeye siwo woava tu me. Aɖe vi na ame aɖewo ne woda kɔmpiuta si dzi Watchtower Library si le CD-ROM dzi le ɖe Fiaɖuƒe Akpataa me.
Le agbalẽdzraɖoƒe ɖesiaɖe si le Fiaɖuƒe Akpataa me la, nɔviŋutsu ɖeka, anyo wu ne enye Teokrasi Subɔsubɔ Suku dzikpɔlawo dometɔ ɖeka nanye edzikpɔla. Ele be wòatsɔ agbalẽ siwo sɔ anɔ kpekpem ɖe xoxoawo ŋu edziedzi, eye wòade dzesi agbalẽ ɖesiaɖe me be enye Fiaɖuƒe Akpata ƒe agbalẽdzraɖoƒea tɔ. Ele be wòakpɔ egbɔ zi ɖeka ya teti le ƒea me be agbalẽawo dometɔ aɖeke mebu le agbalẽdzraɖoƒea o, eye be agbalẽawo le nɔnɔme nyui me. Mele be woatsɔ agbalẽ siwo le agbalẽdzraɖoƒe siawo ƒe ɖeke ado goe le Fiaɖuƒe Akpataa me o.
Fiaɖuƒe Akpata ƒe agbalẽdzraɖoƒea gakpɔtɔ nye nusi ŋu hamea me tɔwo katã kpɔa ŋudzedze ɖo. Neva eme be mía dometɔ ɖesiaɖe nade asixɔxɔ ɖoɖo sia ŋu to beléle nɛ kple ezazã atsɔ aku ‘Mawu ŋuti sidzedze’ mee la me.—Lod. 2:5.