To Vomeɖaseɖiɖi me Nàkafu Yehowa
1 Yehowa subɔla wɔnuteƒewo dia mɔnukpɔkpɔwo tsɔ kafunɛ gbesiagbe. (Ps. 96:2, 3; Heb. 13:15) Mɔ siwo dzi míate ŋu ato awɔ esia dometɔ ɖekae nye vomeɖaseɖiɖi. Yehowa subɔla geɖewo daa akpe egbea be ame aɖe to vomeɖaseɖiɖi dzi na yewose Fiaɖuƒegbedasia.
2 Zi geɖe la, ɖaseɖiɖi na ame ɖeka aɖe le vome ʋua mɔnukpɔkpɔ na ame bubuwo be woase Fiaɖuƒegbedasia. Le kpɔɖeŋu me, Yesu ƒe dzeɖoɖo kple Samaria-nyɔnua le Yakob ƒe vudoa to na ame bubu geɖe va tsɔ ɖe le nyanyuia me. (Yoh. 4:6-30, 39-42) Esime wode Paulo kple Sila gaxɔ me le Filipi la, woɖi ɖase na gaxɔdzikpɔla la, eye ŋutsua ƒe aƒemetɔwo katã va xɔ nyateƒea.—Dɔw. 16:25-34.
3 Mɔnukpɔkpɔwo: Mɔnukpɔkpɔ kawoe sua asiwò be nàɖi vome ɖase? Ame aɖewo ɖinɛ ne woyi nuƒleƒe, wole bɔs me, alo le ɖɔkta lalam. Ame aɖewo hã te ŋu ɖia ɖase le ɖiɖiɖemeɣiwo le dɔme alo le suku. Míaƒe Biblia-srɔ̃gbalẽ aɖe dada ɖe ŋkukpɔƒe ɖeɖe hã ate ŋu aʋã amewo be woabia nu tso míaƒe dzixɔsewo ŋu.—Pet. I, 3:15.
4 Alesi Nàdze Egɔmee: Nyɔnuvi ƒe adre vi aɖe si ŋu kpena vevie la se alesi wòle vevie be amesiame naɖe gbeƒãe le kpekpe aɖe me. Eyata esi wòkplɔ dadaa ɖo woyina nuƒleƒe la, etsɔ agbalẽ gbadza eve de eƒe akplo me. Esi nyɔnuvia dada ƒe ŋku biã vevie ɖe nuwo ƒeƒle ŋu la, nyɔnuvia tsɔ agbalẽ gbadzaawo dometɔ ɖeka na nyɔnu aɖe eye wòxɔe kple dzidzɔ. Esi wobia nyɔnuvi sia si ŋu kpena vevie la be aleke wòwɔ te ŋu tsɔ dzideƒo te ɖe nyɔnua ŋui hã la, eɖo eŋu be: “Ðeko megblɔ na ɖokuinye be, Dzra ɖo, Nɔ te, Te ɖe eŋu! Eye mete ɖe eŋu!”
5 Be míaɖi vomeɖase la, ehiã be gbɔgbɔ si tɔgbe nɔ nyɔnuvi ma si nanɔ mí katã si. Nukae ate ŋu akpe ɖe mía ŋu? Do gbe ɖa nàbia dzideƒo nàtsɔ aƒo nui. (Tes. I, 2:2) Nya aɖe si me amewo tsɔ ɖe le ŋuti biabia alo numeɖeɖe nenɔ susu me na wò nàzã atsɔ dze dzeɖoɖo gɔmee. Eye kakaɖedzi nanɔ asiwò be Yehowa ayra ɖe wò agbagbadzedzewo dzi.—Luka 12:11, 12.
6 Vomeɖaseɖiɖi na amesiwo míedoa goe gbesiagbe hea kafukafu vɛ na Yehowa eye wònaa míekpɔa dzidzɔ. Ate ŋu akpe ɖe ame aɖe ŋu wòava agbemɔa dzi.