INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • km 11/09 axa 7
  • Míenye Ðasefowo Ɣeawokatãɣi

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Míenye Ðasefowo Ɣeawokatãɣi
  • Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2009
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Àte Ŋu Aɖi Vomeɖase!
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2010
  • Ale Si Nàwɔ Abi Ðe Ðaseɖiɖidɔa Me—Do Nya Aɖe Ða Be Nàɖi Vomeɖase
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2014
  • Yesu Ði Ðase Na Samaria-nyɔnu Aɖe
    Kristotɔwo Ƒe Agbenɔnɔ Kple Subɔsubɔdɔ​—Kpekpea Ƒe Nusrɔ̃gbalẽ—2018
  • To Vomeɖaseɖiɖi me Nàkafu Yehowa
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2003
Kpɔ Bubuwo
Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2009
km 11/09 axa 7

Míenye Ðasefowo Ɣeawokatãɣi

1. Nu kae míate ŋu asrɔ̃ le nuŋlɔɖi si ku ɖe ale si Yesu ɖi ɖase na nyɔnu aɖe le vudoa to ŋu la me?

1 Yesu zɔ azɔli gaƒoƒo geɖe. Ðeɖi te eŋu eye tsikɔ hã nɔ ewum. Esi eƒe nusrɔ̃lawo yi nuɖuɖu ƒle ge la, enɔ anyi ɖe vudo aɖe to le Samaria du aɖe godo be yeaɖi ɖe eme. Menye gbeƒãɖeɖe tae Yesu va Samaria ɖo o, ɖeko wòva to afi ma yina ɖe Galilea be yeayi yeƒe subɔsubɔdɔa dzi le afi ma. Ke hã, ezã mɔnukpɔkpɔa tsɔ ɖi ɖase na nyɔnu aɖe si nɔ tsi kum. (Yoh. 4:5-14) Nu ka tae? Yesu ɖee fia ɣeawokatãɣi be yenye Yehowa ƒe “ɖasefo nyateƒetɔ kple anukwareɖila.” (Nyaɖ. 3:14) Míesrɔ̃a Yesu henyea Yehowa Ðasefowo ɣeawokatãɣi.—1 Pet. 2:21.

2. Aleke míate ŋu anɔ dzadzraɖoɖi ɖe vomeɖaseɖiɖi ŋu?

2 Nɔ Dzadzraɖoɖi: Míate ŋu anɔ dzadzraɖoɖi ɖe vomeɖaseɖiɖi ŋu ne míetsɔa agbalẽwo ɖe asi. Gbeƒãɖela geɖewo tsɔa traktwo ɖe asi, eye wonaa fiasetɔwo, ame siwo wɔa dɔ le mɔmemidzraƒewo, kple ame bubu siwo wodoa goe le ŋkekea katã me. (Nyagb. 11:6) Nɔvinyɔnu aɖe si zɔa mɔ edziedzi la kpɔa egbɔ be yetsɔ Biblia suetɔ kple Biblia ƒe Nufiafia gbalẽa de yeƒe gakotoku me, eye edzea agbagba dzea dzeɖoɖo gɔme kple ame siwo xa wònɔ anyi ɖo.

3. Aleke míate ŋu adze dzeɖoɖo gɔmee?

3 Ale Si Míadze Dzeɖoɖo Gɔme: Ne míele vomeɖase ɖim la, mehiã kokoko be míatsɔ Ŋɔŋlɔawo me nya aɖe adze dzeɖoɖoa gɔme o. Yesu megblɔ na nyɔnua le vudoa to be yee nye Mesia la tsɔ dze dzeɖoɖoa gɔme o. Ðeko wòbiae be nena tsi ye yeano, eye esia na nyɔnua di be yease nya geɖewo tso egbɔ. (Yoh. 4:7-9) Nɔvinyɔnu aɖe kpɔe be mɔnu sia tɔgbi zazã kpena ɖe ye ŋu yedzea dzeɖoɖo gɔme ne wobia ye be yeɖua ŋkekenyui hã. Le esi wòagblɔ be Yehowa Ðasefoe yenye eya ta yemeɖua ŋkekenyui o teƒe la, egblɔna boŋ be, “Nye ŋutɔe tiae be nyemaɖu ŋkekenyui o.” Zi geɖe la, nyabiala siwo dina be yewoase nu geɖe gɔme la bianɛ be, nu ka tae, eye esia ʋua mɔnukpɔkpɔ na nɔvinyɔnua wòɖia ɖase na wo.

4. Nu ka tae nya siwo le Mateo 28:18-20 ʋãa wò?

4 Togbɔ be Yesu wu subɔsubɔdɔ si wòva wɔ le anyigba dzi dzonɔamemetɔe nu hã la, egakpɔtɔ tsɔa ɖe le gbeƒãɖeɖedɔ si wɔm wole le anyigba dzi la me vevie abe ale si ko wòwɔnɛ tsã ene. (Mat. 28:18-20) Eya ta abe míaƒe Kpɔɖeŋuɖola Yesu ene la, míenye Ðasefo siwo le klalo be míaʋu míaƒe xɔse me le dutoƒo ɣeawokatãɣi.—Heb. 10:23.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe