INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • km 6/03 axa 8
  • Mawu ƒe Ŋkɔ Fiafia Amewo

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Mawu ƒe Ŋkɔ Fiafia Amewo
  • Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2003
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Yehowa Le Eƒe Ŋkɔ Dom Ðe Dzi
    Mawu Fiaɖuƒea Le Dzi Ðum!
  • De Bubu Yehowa Ƒe Ŋkɔ Gã La Ŋu
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2013
  • Mawu Ƒe Ŋkɔ
    Nyɔ!—2017
  • Mawu Ƒe Ŋkɔ Ðe?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míemana)—2019
Kpɔ Bubuwo
Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2003
km 6/03 axa 8

Mawu ƒe Ŋkɔ Fiafia Amewo

1. Ŋusẽ kae Mawu ƒe ŋkɔ ŋutɔŋutɔ nyanya ate ŋu akpɔ ɖe amewo dzi?

1 Aleke nèwɔ nui zi gbãtɔ esi nènya Mawu ƒe ŋkɔ? Alesi ame geɖewo wɔ nui sɔ kple nyɔnu aɖe tɔ, amesi gblɔ be: “Zi gbãtɔ si mekpɔ Mawu ƒe ŋkɔ le Biblia me la, mefa avi. Enyanya be mate ŋu anya Mawu ƒe ŋkɔ ŋutɔŋutɔ ahazãe la wɔ dɔ ɖe dzinye ale gbegbe.” Le eya gome la, Mawu ƒe ŋkɔ nyanyae nye afɔɖeɖe vevitɔ si na wònya Yehowa be enye ame ŋutɔŋutɔ eye wòte ŋu tu ƒomedodo nyui ɖo ɖe eya kplii dome.

2. Nukatae wòhiã kpata be míafia nu amewo tso Yehowa ŋu?

2 Nukatae Wòle Be Míafiae Amewo? Mawu ƒe ŋkɔ do ƒome kple eƒe nɔnɔmewo, tameɖoɖowo, kple eƒe dɔwɔnawo. Edo ƒome kple ɖeɖekpɔkpɔ hã. Apostolo Paulo ŋlɔ be, “Amesiame, si ayɔ Yehowa ƒe ŋkɔ la, woaɖee.” Gake Paulo bia be, ‘aleke amewo ayɔ Yehowa ƒe ŋkɔ’ ne womesrɔ̃ nu tso eŋu gbã hexɔ eyama dzi se o? Eyata ehiã kpata be Kristotɔwo nana amewo nanya Mawu ƒe ŋkɔ kple nusiwo katã wòlɔ ɖe eme. (Rom. 10:13, 14, NW) Gake susu vevi bubu aɖe li si tae wòle be woana amewo nanya Mawu ƒe ŋkɔ.

3. Nukae nye míaƒe gbeƒãɖeɖe ƒe taɖodzinu vevitɔ?

3 Le ƒe 1920-awo me la, Mawu ƒe amewo de dzesi xexeame katã ƒe nyaʋiʋli si ku ɖe Mawu ƒe dziɖulanyenye taʋiʋli kple eƒe ŋkɔ ŋu kɔkɔ ŋu le Ŋɔŋlɔawo me. Hafi Yehowa natsrɔ̃ ame vɔ̃ɖiwo eye wòaɖe vlodoame si wohe va eƒe ŋkɔa dzi ɖa la, ele be woana amewo nase nyateƒe si ku ɖe eƒe ŋkɔ ŋu “le anyigba blibo la dzi.” (Yes. 12:4, 5; Xez. 38:23) Eyata míaƒe gbeƒãɖeɖe ƒe taɖodzinu vevitɔe nye be míakafu Yehowa le gaglãgbe eye be míakɔ eƒe ŋkɔ ŋu le ameƒomea katã ŋkume. (Heb. 13:15) Lɔlɔ̃ na Mawu kple na mía haviwo aʋã mí be míakpɔ gome le dɔ si Mawu ɖo la wɔwɔ me bliboe.

4. Aleke wonya Yehowa Ðasefowo ku ɖe Mawu ƒe ŋkɔ ŋui?

4 ‘Dukɔ si Ŋu Eƒe Ŋkɔ Le’: Míetsɔ ŋkɔ Yehowa Ðasefowo le ƒe 1931 me. (Yes. 43:10) Tso ɣemaɣi la, Mawu ƒe amewo na wonya eƒe ŋkɔ ale gbegbe be Proclaimers-gbalẽa ƒe axa 124 gblɔ be: “Le xexeame godoo la, wodea dzesi amesiame si zãa ŋkɔ Yehowa edziedzi be enye Yehowa Ðasefo enumake.” Ðe wonya wò hã nenemaa? Ŋudzedzekpɔkpɔ ɖe Yehowa ƒe dɔmenyonyo ŋu naʋã mí ‘míakafu eƒe ŋkɔ,’ eye míaƒo nu tso eŋu ɣesiaɣi si wòanya wɔ.—Ps. 20:8; 145:1, 2, 7.

5. Aleke míaƒe agbenɔnɔ do ka kple Mawu ƒe ŋkɔ ƒe mía ŋu nɔnɔe?

5 Esi míenye ‘dukɔ si ŋu eƒe ŋkɔ le’ ta la, ele be míalé eƒe dzidzenuwo me ɖe asi. (Dɔw. 15:14; Tim. II, 2:19 ) Zi geɖe la, nusi amewo dea dzesii gbã le Yehowa Ðasefowo ŋue nye woƒe agbenyuinɔnɔ. (Pet. I, 2:12) Míadi gbeɖe be míaƒo ɖi eƒe ŋkɔ to vlododo mawumegɔmeɖosewo alo eƒe subɔsubɔ tsɔtsɔ ɖo nɔƒe evelia le míaƒe agbe me o. (Mose III, 22:31, 32; Mal. 1:6-8, 12-14) Ðe ema teƒe la, neva eme be míaƒe agbenɔnɔ naɖee afia be míedea asixɔxɔ mɔnukpɔkpɔ si su mía si be Mawu ƒe ŋkɔ nanɔ mía ŋu la ŋu.

6. Mɔnukpɔkpɔ kae ate ŋu asu mía si tso fifia ahayi ɖe mavɔ me?

6 Egbea la, míele nya si Yehowa gblɔ ƒe emevava teƒe kpɔm be: “Nye ŋkɔ lolo le dukɔwo dome tso ɣedzeƒe vaseɖe ɣetoɖoƒe.” (Mal. 1:11) Mina míayi edzi ana woanya nyateƒe si ku ɖe Yehowa ŋu eye ‘míakafu eƒe ŋkɔ kɔkɔe la ɖaa tegbee.’—Ps. 145:21.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe