INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • km 9/03 axa 1
  • Lɛta Si Alɔdzedɔwɔƒea

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Lɛta Si Alɔdzedɔwɔƒea
  • Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2003
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Lɔlɔ̃, Xɔse, Kple Toɖoɖo ƒe Kpeɖodzi Aɖe
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2005
  • Tsaɖiɖi Yi Agbalẽtaƒe Ðedzesi Aɖe
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2009
  • Gbãtɔ Si Woɖo Ƒe Alafa Ðeka Enye Si Va Yi
    Nyɔ!—2001
  • Lɛta Si Alɔdzedɔwɔƒea
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2005
Kpɔ Bubuwo
Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2003
km 9/03 axa 1

Lɛta Si Alɔdzedɔwɔƒea

Fiaɖuƒe Gbeƒãɖela Lɔlɔ̃tɔwo:

‘Mawu na nukuawo le tsitsim nyuie.’ (Kor. I, 3:6) Dzidzɔ ka gbegbe wònye na mí be míakpɔ alesi dzidziɖedzi le vavam le Ghana ƒe anyigbamama mee nye si! Le ƒe 2003 subɔsubɔƒea me la, míedze Biblia-nusɔsrɔ̃ yeye 30,000 kple edzivɔ gɔme. Míele mia kafum ɖe esia ta.

Akpa siwo Yehowa le eƒe yayra kɔm ɖe míaƒe dɔa dzi le dometɔ ɖekae nye le gaxɔmenɔlawo dome. Woɖo ƒuƒoƒowo ɖe gaxɔ 12 me le dukɔa me godoo. Nyatakaka siwo xɔm míele fia be gaxɔmenɔla geɖe le Biblia srɔ̃m. Wo dometɔ aɖewo dze hezu gbeƒãɖela maxɔnyɔnyrɔwo. Wo dometɔ ɖeka le dzadzram ɖo ɖe nyɔnyrɔxɔxɔ ŋu.

Be woata agbalẽwo atsɔ akpɔ dzidziɖedzi si le vavam le xexeame godoo ƒe hiahiãwo gbɔ la, wole agbalẽtaƒe si le Watchtower Farms, si gogo Wallkill, New York, la kekem ɖe enu. Kekeɖenudɔ le edzi yim vevie bene woakpɔ anyigba ƒe lolome si ade agbleka (acre) etɔ̃ kple afã akpee. Esia asɔ kple Fiaɖuƒe Akpata 30 ƒe ƒuƒoƒo ƒe lolome! Agbalẽtamɔ̃ gã yeye eve si woto vɛ fifia ava ɖo Wallkill le ƒe 2004 ƒe gɔmedzedze. Agbalẽtamɔ̃ siawo dometɔ ɖesiaɖe ate ŋu ata magazine 25 le sɛkɛnd ɖeka ko me. Woade mɔ̃ siwo abla agbalẽawo ahaɖo wo ɖe ɖoɖo nu eme le ƒe 2004 me. Nɔviwo, míele mia kafum ɖe dɔ nyui siwo wɔm miele le gbeadzi ta.

Esi míele ƒe 2004 subɔsubɔƒea gɔme dzem la, míele gbe dom ɖa be Yehowa nayi edzi ayra mí eye ‘wòana nukuawo nanɔ tsitsim nyuie.’

Mia nɔviwo,

Ghana Alɔdzedɔwɔƒe

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe