Lɛta Si Alɔdzedɔwɔƒea
Fiaɖuƒe Gbeƒãɖela Lɔlɔ̃tɔwo:
Le subɔsubɔƒe sia ƒe gɔmedzedze la, woɖo nutome sue yeye etɔ̃ le Ghana. Nutome sue yeye siwo woɖo le ƒe atɔ̃ siwo va yi me la ƒe xlexlẽme va ɖo 13. Fifia, nutome sue 61 kple nutome gã 5 ye le Ghana alɔdzedɔwɔƒea ƒe anyigbamamawo me.
Le ƒe siwo va yi nyitsɔ laa me la, gbeƒãɖeɖe na gamenɔlawo va nye nusi me míetsɔ ɖe le vevie. Esia wɔe be le nutome sue takpekpe siwo míewɔ le ƒe sia me me la, gamenɔla ade siwo va zu gbeƒãɖelawo la xɔ nyɔnyrɔ le Nsawam gakpɔa me le gaxɔdzikpɔlawo ƒe mɔɖeɖe nu.
Wokeke alɔdzedɔwɔƒe si le Wallkill, United States, la ɖe enu nyitsɔ laa. Wowu kekeɖenudɔa nu eye wokɔ eŋu le May 16, 2005. Tsaɖilawo le teƒe sia dem le agbɔsɔsɔ gãwo me be yewoava kpɔ agbalẽtaƒe si wokeke ɖe enu la ɖa. Nɔvinyɔnu tsitsi aɖe gblɔ le eƒe tsaɖiɖi zi gbãtɔ megbe be: “Tsaɖiɖi wɔdɔɖeamedzi kae nye si! Nya geɖe le asinye magblɔ na nɔviawo ne metrɔ yi aƒe. Ne enye Yehowa ƒe lɔlɔ̃nu la, manɔ afisia vam ƒe sia ƒe.”
United States agbalẽtaƒe kekeɖenudɔa kple Betel xɔtudɔ bubuwo wu enu to lɔlɔ̃nu faa dɔwɔla siwo wu 1,500 siwo Nutome Xɔtukɔmiti ɖo ɖa ƒe kpekpeɖeŋu dzi. Nɔviŋutsu aɖe si nɔ xɔtudɔa dzi kpɔm gblɔ be: “Alesi amesiwo wokpe lɔ̃ faa va kpe asi ɖe dɔa ŋu la de dzi ƒo ŋutɔ, eye woƒe bibi ɖe dɔa wɔwɔ me ɖe vi geɖe. Míekpɔ ŋudzedze ɖe woƒe kpekpeɖeŋua ŋu ale gbegbe.”
Ado dzidzɔ na mi be miase be nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu akpe geɖe siwo tso United States ƒe nuto vovovo 45 mee va na kpekpeɖeŋu amesiwo ƒe aƒe blibo alo eƒe akpa aɖe ahomya sesẽ si ƒo le Florida gbã gudugudu la. Mɔnukpɔkpɔ gã ka gbegbee nye esi wònye na mí be míele nɔvi Kristotɔwo ƒe habɔbɔ lɔ̃ame sia me!—Pet. I, 2:17.
Dɔwɔwɔ dzonɔamemetɔe alea le Fiaɖuƒea ƒe nuwo dodo ɖe ŋgɔ me dze na kafukafu! Nenema kee míekpɔa ŋudzedze ɖe miaƒe gakpekpeɖeŋu si mienana dɔmenyotɔe hã ŋu vevie. (Lod. 3:9, 10) Neva eme be Yehowa nayi edzi ayra ɖe agbagba siwo mí katã míedzena be míatsɔ “ŋutikɔkɔe ƒe kafukafu” nɛ la dzi.—Ef. 1:12.
Mia nɔviwo,
Ghana Alɔdzedɔwɔƒea