Subɔ Mawu ƒe Agbalẽa Sɔsrɔ̃
Wotrɔ asi le Subɔ Mawu Vavã Ðeka Kolia La ƒe agbalẽa ŋu be míasrɔ̃ kple ame yeye siwo wu Sidzedze-gbalẽa sɔsrɔ̃ nu. Agbalẽ sia si me míadzro le Hame ƒe Agbalẽ me Nusɔsrɔ̃ me ana míasu te be míazã dɔwɔnu sia le subɔsubɔdɔa me nyuie eye wòakpe ɖe mía ŋu be míaƒe lɔlɔ̃ na Yehowa kple ŋudzedzekpɔkpɔ ɖe eƒe habɔbɔa ŋu nade to ɖe edzi. Aleke míawɔ be Subɔ Mawu ƒe agbalẽa sɔsrɔ̃ naɖe vi na mí bliboe?
Nusɔsrɔ̃a Dzi Kpɔkpɔ: Esi wònye ta blibo ɖekae míasrɔ̃ kwasiɖa sia kwasiɖa ta la, ele vevie be agbalẽ me nusɔsrɔ̃ dzikpɔlawo nalé ŋku ɖe ɣeyiɣi si woazã ɖe memama ɖesiaɖe ŋu la ŋu nyuie. Anyo be woagagblẽ ɣeyiɣi ɖe gɔmedzememamawo ŋu fũ o, ale be ɣeyiɣi nanɔ anyi na nya vevi siwo dzena zi geɖe le taa ƒe nuwuwu lɔƒo la me dzodzro. Numetotoɖaka si le nusɔsrɔ̃ ɖesiaɖe ƒe nuwuwu la me dzodzro kpuie akpe ɖe vavalawo katã ŋu be woalé nya veviawo ɖe susu me.
Woɖo nyabiabia aɖewo ɖe Subɔ Mawu gbalẽa ƒe ta aɖewo me wonye memamawo le wo ɖokui si koŋ hena numedzodzro kple ŋugbledede. Míate ŋu akpɔ eƒe kpɔɖeŋu le axa 48. Mehiã be miaxlẽ biabia mawo akpe ɖe memama siwo ŋu xexlẽdzesi le ŋu o. Ne mieɖo biabia mawo dzi le nusɔsrɔ̃a me la, nusɔsrɔ̃ dzikpɔla nana woaxlẽ mawunyakpukpuiawo eye miadzro wo me alesi gamea aɖe mɔe.
Dzadzraɖo Do Ŋgɔ: Dzadzraɖo ɖe nusɔsrɔ̃a ŋu nyuie bia nu geɖe wu fli tete ɖe ŋuɖoɖoawo te ko. Ŋugbledede le mawunyakpukpui siwo le eme ŋu gbedodoɖatɔe akpe ɖe mía ŋu be manye ŋuɖoɖoawo koe míadzra ɖo o ke vevietɔ wu la, míadzra míaƒe dzi hã ɖo. (Ezra 7:10) Mí katã míate ŋu awɔ akpa aɖe le dzidedeƒo na mía nɔewo me ne míeɖo nya ŋu faa eye míena mɔ ame bubuwo hã be woaƒo nu.—Rom. 1:11, 12.
Subɔ Mawu ƒe agbalẽa si míasrɔ̃ akpe ɖe mía ŋu míate ɖe Yehowa ŋu eye wòadzra mí ɖo be míakpe ɖe dzianukwaretɔwo ŋu bene woava wɔ ɖeka kpli mí le tadedeagu nɛ me. (Ps. 95:6; Yak. 4:8) Neva eme be gbɔgbɔmeɖoɖo nyui sia naɖe vi na mí katã bliboe.