Na Te Ðe Yehowa Ŋu ƒe Agbalẽa Sɔsrɔ̃ Naɖe Vi na Wò
1 Le “Fiaɖuƒe Gbeƒãɖela Veviedonulawo” Nutome Gã Takpekpewo me la, edzɔ dzi na mí ŋutɔ esi míexɔ agbalẽ si nye Te Ðe Yehowa Ŋu. Ame geɖe xlẽ agbalẽa le exɔxɔ vɔ megbe teti. Ðikeke mele eme o be ƒe 2003 ƒe mawunyakpukpuia si gblɔ be, “Mite ɖe Mawu ŋu, eye wòate ɖe mia ŋu” la hã ʋã ame bubuwo woxlẽe.—Yak. 4:8.
2 Tso kwasiɖa si gbɔna me la, míadze Te Ðe Yehowa Ŋu ƒe agbalẽa sɔsrɔ̃ gɔme le Hame ƒe Agbalẽ me Nusɔsrɔ̃ me. Aleke míawɔ akpɔ viɖe gãtɔ tso nusɔsrɔ̃a me? Nu vevitɔe nye be míadzra ɖo nyuie. Kwasiɖa evee woatsɔ adzro ta ɖesiaɖe me, si fia be memama siwo míasrɔ̃ kwasiɖa ɖesiaɖe la mesɔ gbɔ boo o. Esia ana ɣeyiɣi nanɔ anyi na ŋuɖoɖo ʋãme siwo nàna esi nèsrɔ̃ nyatia hede ŋugble le eŋu nyuie vɔ megbe. Hekpe ɖe eŋu la, memama siwo woakpe ɖo le kwasiɖa si me woawu nusɔsrɔ̃a ƒe ta ɖesiaɖe nu la le ʋɛ wu ale be ɣeyiɣi nanɔ anyi na agbalẽa ƒe akpa tɔxɛ aɖe me dzodzro.
3 Tso ta 2 lia me la, aɖaka si nye “Biabiawo Hena Ŋugbledede” dze le ta ɖesiaɖe ƒe nuwuwu lɔƒo. Le taa ƒe memama mamlɛtɔa me dzodzro megbe la, agbalẽ me nusɔsrɔ̃ dzikpɔlaa ana ƒuƒoƒoa nadzro aɖakaa me. Akpe ƒuƒoƒoa me tɔwo be woaɖe woƒe susu agblɔ, eye wòana kutsetse nyui siwo do tso woƒe ŋugbledede le Ŋɔŋlɔawo ŋu me la nadze nyuie. (Lod. 20:5) Hekpe ɖe biabia siwo le aɖakaa me ŋu la, ɣeaɖewoɣi ate ŋu abia nya bubuwo akpee, abe esiawo ene: “Nukae nya sia le gbɔgblɔm na wò tso Yehowa ŋu? Aleke wòku ɖe wò agbenɔnɔ ŋui? Aleke nàte ŋu azãe atsɔ akpe ɖe ame bubuwo ŋui?” Eƒe taɖodzinu enye be wòana nɔviwo naɖe woƒe dzimenyawo agblɔ, menye be woawɔe wòanye dodokpɔ na ƒuƒoƒoa le nya suesuewo didi me o.
4 Te Ðe Yehowa Ŋu ƒe agbalẽa le etɔxɛ. Togbɔ be “dɔla nuteƒewɔla kple aɖaŋudzela” ƒe agbalẽwo katã kɔa Yehowa ŋu hã la, wotrɔ asi le agbalẽ sia ŋu bliboe be wòadzro Yehowa ƒe nɔnɔmewo me koŋ. (Mat. 24:45-47) Mɔnukpɔkpɔ dodzidzɔname kae nye si le ŋgɔ na mí! Aɖe vi na mí geɖe be míasrɔ̃ nu tso Yehowa ƒe amenyenye ŋu wòade to wu. Neva eme be nusɔsrɔ̃a nakpe ɖe mía ŋu míate ɖe mía Fofo si le dziƒo ŋu geɖe wu, eye neva eme be míabi ɖe edzi le kpekpe ɖe ame bubuwo hã ŋu be woate ɖe eŋu me.