Lé Ŋku Ðe Alesi Nèzãa Wò Ɣeyiɣii Ŋu Nyuie
1. Kuxi kae dze ŋgɔ amewo le afisiafi egbea?
1 Le míaƒe ɣeyiɣi siawo si woto dɔwɔnu geɖe vɛ siwo ɖea ɣeyiɣi gbegblẽ kple dɔ geɖe wɔwɔ dzi kpɔtɔna na mí me la, ewɔ abe ɖe dɔ geɖe wu va le amewo si be woawɔ evɔ ɣeyiɣi si woatsɔ awɔe ya megale wo sum kura o ene. Ðe wòsesẽna na wò be nàwɔ ɖe gbɔgbɔ me ɖoɖowɔɖi nyui si le asiwò la dzi gbesiagbea? Ðe wòwɔna na wò be ne ɖe yeakpɔ ɣeyiɣi geɖe wu ɖe subɔsubɔdɔa ŋu la, ne enyo hafia? Aleke míate ŋu awɔ ɣeyiɣia ŋudɔ nyuie wu?—Ps. 90:12; Fil. 1:9-11.
2, 3. Kuxi kawoe nyatakaka xɔxɔ to mɔ̃ɖaŋununya dzi he vɛ, eye aleke mía dometɔ ɖesiaɖe ate ŋu adzro eɖokui mee?
2 De Dzesi Nusiwo Ŋu Nègblẽa Ɣeyiɣi Ðo: Ele be mí katã míanɔ ŋku lém ɖe alesi míele míaƒe ɣeyiɣia zãmee ŋu edziedzi. Biblia xlɔ̃ nu mí be: “Mikpɔ nyuie be, miazɔ pɛpɛpɛ; menye abe numanyamanyatɔwo ene o, ke boŋ abe nunyalawo ene, amesiwo wɔa ɣeyiɣi la ŋuti dɔ blibo; elabena ŋkekeawo nye vɔ̃.” (Ef. 5:15, 16) Bu kuxi siwo nyatakaka xɔxɔ to mɔ̃ɖaŋununya dzi ƒe ŋgɔyiyi si wowɔ he vɛ ŋu kpɔ. Togbɔ be woate ŋu azã kɔmpiuta kple mɔ̃ɖaŋunu bubuwo wòaɖe vi hã la, woate ŋu ava zu mɔ̃ aɖe mí ne míeléa ŋku ɖe alesi míewɔa ɣeyiɣia ŋudɔe ŋu nyuie o.—Kor. I, 7:29, 31.
3 Ele be mía dometɔ ɖesiaɖe nabia eɖokui be: ‘Ðe mezãa ɣeyiɣi gbesiagbe xlẽa nyatakaka siwo amewo ɖona ɖem to kɔmpiuta dzi alo ɖoa wo ŋu evɔ viɖe aɖeke mele wo ŋu oa? Ðe melɔ̃a amewo yɔyɔ le telefon dzi edziedzi alo lɔ̃a nyawo ŋɔŋlɔ ɖo ɖe amewo to mɔ̃ dzi le nya maɖinyɛwo ŋua? (Tim. I, 5:13) Ðe melɔ̃a Internet zazã evɔ menye le taɖodzinu aɖeke ta o alo lɔ̃a television dɔwɔƒe vovovowo kpɔkpɔ evɔ menye le susu aɖeke ta oa? Ðe kɔmpiuta dzi fefewo va le ɣeyiɣi si metsɔ srɔ̃a Mawu ƒe Nya la xɔm le asinyea? Nusiawo yomenɔnɔ ate ŋu agblẽ nu le mía ŋu le gbɔgbɔ me.—Lod. 12:11.
4. Tɔtrɔ kawoe sɔhɛ aɖe wɔ, eye nukatae?
4 Ɣeyiɣia Ŋudɔwɔwɔ le Nunya Me: Mɔ̃ɖaŋunu geɖe va le míaƒe ɣeyiɣi xɔm hele míaƒe susu hem wu. Sɔhɛ aɖe si ƒo eɖokui ɖe kɔmpiuta dzi fefewɔwɔ me la lɔ̃ ɖe edzi be: “Ɣeaɖewoɣi ne mewɔ kɔmpiuta dzi fefe vɔ hafi yi gbeadzi alo Kristotɔwo ƒe kpekpe la, esesẽna nam be nye susu nanɔ nyaawo ŋu. Ɣesiaɣi kloe la, nye susu nɔa alesi magawɔ fefea nyuie ayi ŋgɔe wu ne metrɔ gbɔ va aƒeme ŋu. Esia gblẽ nu le nye ɖokuisinusɔsrɔ̃ kple Biblia xexlẽ edziedzi ŋu vevie. Dzi megava nɔ dzɔyem le Mawu subɔsubɔ me o.” Esi wòkpɔe be ehiã be yeawɔ tɔtrɔwo ta la, eɖe fefe siwo katã le eƒe kɔmpiuta dzi la ɖa. Egblɔ be: “Ema wɔwɔ menɔ bɔbɔe kura o. Fefeawo kpɔ ŋusẽ ɖe dzinye wu alesi mesusui. Gake mese le ɖokuinye me be meɖu dzi elabena menyae be nye ŋutɔ nye viɖe tae meɖe asi le wo ŋu ɖo.”—Mat. 5:29, 30.
5. Aleke míate ŋu aƒle ɣeyiɣi na gbɔgbɔmenuwo yomenɔnɔ, eye aleke esia wɔwɔ aɖe vi na míi?
5 Ðewohĩ ahiã be wò hã nàɖe afɔ siawo tɔgbe ne èkpɔe be teƒe aɖewo li siwo wòhiã be yeawɔ tɔtrɔwo le. Ðe nàte ŋu aƒle miniti 30 gbesiagbe tso dɔwɔna siwo mehiã vevie o la mea? Ema anye ɣeyiɣi agbɔsɔsɔ si wòhiã be nàzã ɖe Biblia xexlẽ ŋu gbesiagbe be nàwu Biblia bliboa nu le ƒe ɖeka me. Vi ka gbegbee nye esi wòaɖe na wò le gbɔgbɔ me! (Ps. 19:8-12; 119:97-100) Ðo ɣeyiɣi ɖi koŋ na Biblia xexlẽ, na dzadzraɖo ɖe kpekpewo ŋu, kple na gbeadzisubɔsubɔdɔa wɔwɔ. (Kor. I, 15:58) Esia wɔwɔ ana màgblẽ ɣeyiɣi ɖe nusiwo ŋu viɖe mele o ŋu o ke boŋ akpe ɖe ŋuwò “[nàdze] si nusi nye Aƒetɔ la ƒe lɔlɔ̃nu.”—Ef. 5:17.