INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • km 10/96 axa 1
  • Alesi Míawɔ Aƒle Ɣeyiɣi

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Alesi Míawɔ Aƒle Ɣeyiɣi
  • Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1996
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Ɣeyiɣi Ƒeƒle Na Nuxexlẽ Kple Nusɔsrɔ̃
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2000
  • Lé Ŋku Ðe Alesi Nèzãa Wò Ɣeyiɣii Ŋu Nyuie
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2004
  • Wɔ Ɣeyiɣia Ŋudɔ Nyuie
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2005
  • Ƒome ƒe Tawo—Milé Gbɔgbɔmeɖoɖowɔɖi Nyui me Ðe Asi
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2003
Kpɔ Bubuwo
Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1996
km 10/96 axa 1

Alesi Míawɔ Aƒle Ɣeyiɣi

1 Dɔ geɖe wɔwɔ le Yehowa subɔsubɔ me na vovo menɔa mía ŋu o! (Kor. I, 15:58) Míekpɔe be ehiã be míawɔ ɖokuisi kple ƒome nusɔsrɔ̃, míaxlẽ Biblia gbesiagbe, míadzra ɖo ɖe hamea ƒe kpekpewo ŋu ahayi, eye be míakpɔ gome le gbeadzisubɔsubɔdɔa me edziedzi. Dzikpɔlawo wɔa alẽkpɔkplɔ ƒe sasrãkpɔwo, eye wokpɔa hamea me dɔ bubuwo hã gbɔ. Ƒomegbanɔamedzi gãwo le wo dometɔ aɖewo dzi alo dɔ vovovowo anɔ anyi si woawɔ na ame bubuwo. Ele be amesiame nawɔ ye ŋutɔ ƒe ɖoɖo nyui si da sɔ ale be wòate ŋu awɔ nusianu nyuie.

2 Ðo Nusiwo Gbɔ Nàkpɔ Gbã: Dzidzedzekpɔkpɔ le ‘ɣeyiɣi ƒeƒle na mía ɖokui’ me nɔ te ɖe míaƒe nugɔmesese kple nyametsotso nyui wɔwɔ dzi. (Ef. 5:15, 16) Ele be míade dzesi “nusiwo le vevie wu” eye míatsɔ wo aɖo nɔƒe gbãtɔ le míaƒe ɖoɖowo me. (Fil. 1:10, NW) Atsu kple asi aɖe ɖɔ alesi woƒe teokrasiƒomea le ale: “Míetsɔa nyateƒea yɔa míaƒe agbe mee . . . Menye míaƒe agbenɔnɔ ƒe akpa aɖee nyateƒea nye o, ke míaƒe agbenɔnɔ bliboe wònye. Eya ŋue míeléa ŋku ɖo hafi wɔa nu bubu ɖesiaɖe.” Yehowa ƒe tadedeagu kple subɔsubɔ tsɔtsɔ ɖo nɔƒe gbãtɔ le ame ƒe agbe me le vevie ŋutɔ.

3 De Dzesi Nusiwo Gblẽa Ɣeyiɣi: Gaƒoƒo 168 ye le kwasiɖa ɖeka me, eye ele be míawɔ ɣeyiɣi si le mía si la ŋudɔ le nunya me. Be míakpɔ ɣeyiɣi geɖe ɖe teokrasidɔwo ŋu la, ele be míade dzesi nusiwo gblẽa ɣeyiɣi eye míaɖe wo dzi akpɔtɔ. Le kpɔɖeŋu me, numekuku aɖe ɖee fia be ame tsitsi siwo le United States le mamã dedie nu zãa gaƒoƒo 30 kple edzivɔ ɖe television kpɔkpɔ ŋu kwasiɖa sia kwasiɖa! Ame bubuwo hã zãa ɣeyiɣi geɖe tsɔ xlẽa xexemegbalẽwoe. Ame aɖewo akpɔe be yewogblẽa ɣeyiɣi ɖe hadomenuwɔnawo, modzakaɖedɔwo, fefe, alo kɔmpiuta zazã le mɔ aɖe nu ŋu fũ akpa. Ðewohĩ ahiã be míalé ŋku ɖe míaƒe gbesiagbedɔwɔnawo ŋu nyuie akpɔ alesi míate ŋu azã míaƒe ɣeyiɣi nyuie wui. Nunyanu si míawɔ enye be míaɖo seɖoƒe na ɣeyiɣi si míetsɔ wɔa nusiwo mele vevie o.

4 Wɔ Ðoɖo Nyui si Dzi Nàzɔ Ðo: Aleke ke míaƒe nɔnɔmewo ɖale o, mía dometɔ ɖesiaɖe ate ŋu aƒle ɣeyiɣi na gbɔgbɔmedɔwo wɔwɔ. Ame aɖewo kpɔe be ne yewodze nuwo wɔwɔ gɔme kaba vie gbesiagbe la, ekpena ɖe yewo ŋu yewowɔa dɔ geɖe. Ne míezãa ɣeyiɣi geɖe nɔa ʋu me yia dɔ me alo nɔa ame bubuwo lalam la, míate ŋu azã ɣeyiɣi ma ƒe akpa ɖe na Biblia xexlẽ, dzadzraɖo ɖe kpekpewo ŋu, alo nya siwo Habɔbɔa lé ɖe kasɛt dzi sese. Eɖea vi geɖe na ƒomewo be woaɖo ɣeyiɣi tɔxɛ aɖe ɖi ɣesiaɣi be woasrɔ̃ nu ɖekae. Ne ƒomea me tɔ ɖesiaɖe vaa ƒomenusrɔ̃ƒea ɖe game dzi la, enaa amesiame gakpɔa ɣeyiɣi aɖe.

5 Ne ŋkeke ɖesiaɖe va yi la, ele be míagakpɔe wu be “ɣeyiɣi [si susɔ, NW] la le kpuie.” (Kor. I, 7:29) Alesi míazã ɣeyiɣi xɔasi si susɔ la dzie míaƒe agbe nɔ te ɖo. Woayra mí ne míeƒle ɣeyiɣi si ana be míate ŋu atsɔ Fiaɖuƒea ƒe dɔwo aɖo nɔƒe gbãtɔ!—Mat. 6:33.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe