Gbɔgbɔmenuɖuɖu le Ɣeyiɣi Nyuitɔ Dzi
1. Aleke Xezekiel 36:29 le eme vam egbeae?
1 Aƒetɔ Dziɖulagã Yehowa be: “Mayɔ bli vɛ, mana wòasɔ gbɔ, eye nyemahe dɔwuame ava mia dzi o.” (Xez. 36:29) Mawu ƒe amewo ŋue nyagblɔɖinya mawo ku ɖo egbea. Yehowa na bli si léa agbe ɖe te gbogbo aɖe mie na eƒe amewo le kpɔɖeŋumɔ nu. Gbɔgbɔmenuɖuɖu si wònana to míaƒe nutome gã takpekpewo dzi la ɖo kpe esia dzi ƒã.
2. Aleke Yehowa zãa nutome gã takpekpewo tsɔ naa gbɔgbɔmenuɖuɖu le ɣeyiɣi nyuitɔ dzii?
2 Le takpekpe si wowɔ le Columbus, Ohio, le ƒe 1931 me la, Yehowa fia mɔ esubɔlawo wotsɔ ŋkɔ yeye—Yehowa Ðasefowo. (Yes. 43:10-12) Le ƒe 1935 me la, wova de dzesi ameha gã si ŋu Nyaɖeɖefia 7:9-17 ƒo nu tsoe la nyuie. Le ƒe 1942 me la, Nɔviŋutsu Knorr ƒo nuƒo si nye “Ŋutifafa—Ate Ŋu Anɔ Anyi Eteƒe Nadidia?” Nuƒo ma gbugbɔ de dzo xexeame katã ƒe gbeƒãɖeɖedɔa me eye wòna woɖo Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa ƒe Gilead Biblia Sukua. Togbɔ be woɖoa ŋku takpekpe aɖewo dzi etɔxɛe hã la, wo dometɔ ɖesiaɖe nye gbɔgbɔmekplɔ̃ si dzi nuɖuɖu geɖe bɔ ɖo le ɣeyiɣi nyuitɔ dzi.—Ps. 23:5; Mat. 24:45.
3. Nukae wòle be míawɔ be míakpɔ viɖe tso gbɔgbɔmekplɔ̃ si woaɖo le míaƒe nutome gã takpekpea me la mee?
3 Èɖua Nu Nyuiea? Nuɖuɖu ate ŋu abɔ ɖe mía gbɔ evɔ míaɖu nu wòasu mí o ne míedzea agbagba ɖunɛ o. (Lod. 26:15) Nenema kee wòle le gbɔgbɔ me hã. Le takpekpe aɖewo me la, wode dzesii be nɔvi aɖewo nɔa tsatsam ko alo nɔa dze ɖom esime nuƒoawo le edzi yim. Togbɔ be hadede tuameɖowo nye takpekpea ƒe akpa vevi aɖe hã la, do ŋgɔ na nuƒoawo gɔmedzedze kple le kpakpã megbe koe wòle be woakpɔ gome le wo me. (Nyagb. 3:1, 7) Ne míenɔ anyi ɖo to nuƒoawo nyuie o la, ekema nya vevi aɖewo ate ŋu ato mía ŋu. Ahiã ɣeaɖewoɣi be takpekpe ɖoɖowo dzikpɔlawo kple nɔviŋutsu siwo wode dɔ asi na nadzro takpekpe me nya aɖewo me esime wɔnawo le edzi yim. Gake ne womele nya aɖeke gbɔ kpɔm o la, ekema ele be woaɖo kpɔɖeŋu na nɔviwo to alesi woalé to ɖe nuƒoawo ŋu nyuie me. Mele be mía dometɔ aɖeke nana gbɔgbɔmenuɖuɖu si woana la dometɔ aɖeke nato mía ŋu o.—Kor. I, 10:12; Fil. 2:12.
4. Aleke míate ŋu aɖee afia be míedaa akpe ɖe nuɖuɖu gbogbo si Yehowa nana mí la ta?
4 Aleke gbegbee míekpɔa dzidzɔ ɖe gbɔgbɔmenyateƒe gbogbo siwo Yehowa nana, si to vovo tso Kristodukɔa ƒe alakpanufiafia siwo me nunyiame aɖeke mele o gbɔ, ŋu enye esi! (Yes. 65:13, 14) Mɔ siwo dzi míato ‘aɖee afia be míenye ame dakpewo’ dometɔ ɖekae nye be wòanɔ susu me na mí be takpekpea nye mɔnukpɔkpɔ be Yehowa nafia nu mí. (Kol. 3:15) Wò susu nenɔ nya si gblɔm nuƒolaa le ŋu, ke menye amea ŋu o, eye bu nya si gblɔm wòle la be míaƒe ‘Nufiala Gã’ la gbɔe wòtso. (Yes. 30:20, 21; 54:13) Lé to ɖe nuƒoawo ŋu nyuie. Wɔ nya veviwo ŋuti nuŋlɔɖi kpuiwo. Dzro ŋkekea me nya veviwo me le fiẽ me. Wɔ nusiwo nèsrɔ̃ la dzi.
5. Susu siwo ta míakpɔ dzidzɔ ɖo kawoe nutome gã takpekpewo nana mí?
5 Takpekpe ɖesiaɖe si míawɔ hafi Harmagedon nava, eɖanye le sitsoƒesaɖa me, le dukɔ siwo me aʋa le edzi yim le, alo teƒe bubu aɖe si lolo wu si ŋutifafa lee míewɔe le o, nye Satana dzi ɖuɖu! Esi míenye nɔviwo ƒe habɔbɔ wɔɖeka ta la, míedea asixɔxɔ mɔnukpɔkpɔ siwo sua mía si be míaƒo ƒu le nutome gã takpekpewo me ŋu. (Xez. 36:38) Míeka ɖe edzi be Yehowa agana ‘nuɖuɖu mí le ɣeyiɣi nyui dzi’ ake lɔlɔ̃tɔe.—Luka 12:42.
[Nɔnɔmetata si le axa 4]
Kpɔ Ŋudzedze Ðe Yehowa ƒe Kplɔ̃ Ŋu
◼ Ðo to nyuie
◼ De dzesi nya veviwo
◼ Dzro ŋkeke ɖesiaɖe me nya veviwo me le fiẽ me
◼ Wɔ nusiwo nèsrɔ̃ la dzi