INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • km 5/04 axa 1
  • Ðee Fia be Yenye Akpedala

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Ðee Fia be Yenye Akpedala
  • Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2004
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • “Mizu Ame Dakpewo”
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2003
  • “Mizu Ame Dakpewo”
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1997
  • Akpedada Ðe Nusiwo Le Mía si Ta
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1995
  • Ðe Ŋudzedzekpɔkpɔ Fia
    Kristotɔwo Ƒe Agbenɔnɔ Kple Subɔsubɔdɔ​—Kpekpea Ƒe Nusrɔ̃gbalẽ—2020
Kpɔ Bubuwo
Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2004
km 5/04 axa 1

Ðee Fia be Yenye Akpedala

1 Togbɔ be míele “ɣeyiɣi vɔ̃wo” me hã la, nu geɖe li siwo ta wòle be míada akpe na Yehowa ɖo. (Tim. II, 3:1) Nusiawo dometɔ vevitɔe nye nunana xɔasi si nye Via si wòtsɔ na ɖe mía ta. (Yoh. 3:16) Tsɔ kpe eŋu la, esime dɔ le amesiwo le alakpasubɔsubɔhawo me wum le gbɔgbɔ me la, míawo ya míeɖua gbɔgbɔmenuɖuɖu gbogbo aɖewo. (Yes. 65:13) Míenye xexeame katã ƒe nɔviwo ƒe habɔbɔ me tɔwo eye mɔnukpɔkpɔ su mía si míekpɔa gome le nuƒoƒo tso tadedeagu vavãtɔ si le ta kekem ɖe edzi dzidzɔtɔe ŋu me. (Yes. 2:3, 4; 60:4-10, 22) Aleke míate ŋu aɖee afiae be míedaa akpe na Yehowa ɖe yayra siwo wòduduna kɔna ɖe mía dzi la tae?—Kol. 3:15, 17.

2 Subɔsubɔ Dzidzɔtɔe Tso Dzi Blibo Me: Esime apostolo Paulo nɔ nu ƒom tso ŋutilã me nunanawo ŋu la, eŋlɔ bena: “Amesi na nu kple dzidzɔ la, eyae Mawu lɔ̃na.” (Kor. II, 9:7) Gɔmeɖose sia ku ɖe subɔsubɔ si míetsɔ nana Mawu hã ŋu. Míeɖea míaƒe akpedada fiana le míaƒe dzo tsɔtsɔ ɖe nyateƒea ŋu, míaƒe dzidzɔkpɔkpɔ le Kristotɔwo ƒe kpekpeawo me, míaƒe veviedodonu le gbeadzisubɔsubɔdɔa me, kple míaƒe dzidzɔkpɔkpɔ le Mawu ƒe lɔlɔ̃nu wɔwɔ me la me.—Ps. 107:21, 22; 119:14; 122:1; Rom. 12:8, 11.

3 Le blema Israel la, Sea mebia nu agbɔsɔsɔme aɖe koŋ le nunana aɖewo gome o. Tadeagula ɖesiaɖe ate ŋu aɖe eƒe ŋudzedzekpɔkpɔ afia to nu agbɔsɔsɔme si sɔ kple ‘yayra siwo wòxɔ tso Yehowa gbɔ’ la dzɔdzɔ dzi. (Mose V, 16:16, 17) Nenema ke egbea la, dzi si yɔ fũ kple akpedada aʋa mí be míawɔ geɖe alesinu míaƒe nɔnɔmewo aɖe mɔe le Fiaɖuƒegbeƒãɖeɖe kple nusrɔ̃lawɔwɔdɔa me. Zi geɖe la, mɔkeɣiwo naa mɔnukpɔkpɔ bubuwo mí be míaɖe akpedada afia. Ame aɖewo zãa mɔkeke siwo woxɔ le dɔme alo le suku tsɔ dzia gaƒoƒo si wozãna le gbeadzisubɔsubɔdɔa me ɖe edzi, eye wowɔa kpekpeɖeŋu mɔɖeɖedɔa kura gɔ̃ hã. Ðe nàte ŋu adzi wò subɔsubɔdɔa ɖe edzi le ɣleti siwo gbɔna mea?

4 Migba Go le Akpedada Me: Mɔ vevi aɖe si dzi míetona ɖea akpedada fiana Yehowa enye gbedodoɖa. (Tes. I, 5:17, 18) Mawu ƒe Nya la xlɔ̃ nu mí be ‘míagba go le akpedada me.’ (Kol. 2:7) Ne vovo mele mía ŋu kura o alo míele xaxawo me tom gɔ̃ hã la, ele be míada akpe le gbe siwo míedona ɖa gbesiagbe me. (Fil. 4:6) Ẽ, mina míato míaƒe subɔsubɔdɔa kple gbedodoɖa dzi “[agba] go le akpedada geɖe me hena Mawu.”—Kor. II, 9:12.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe