INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • km 4/95 axa 1
  • Akpedada Ðe Nusiwo Le Mía si Ta

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Akpedada Ðe Nusiwo Le Mía si Ta
  • Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1995
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • “Mizu Ame Dakpewo”
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2003
  • Míehiã—Kpekpeɖeŋu Mɔɖela 5,000
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1997
  • Ðee Fia be Yenye Akpedala
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2004
  • “Miɖee Fia Be Yewonye Akpedalawo”
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2008
Kpɔ Bubuwo
Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1995
km 4/95 axa 1

Akpedada Ðe Nusiwo Le Mía si Ta

1 “Mawu ɖe ye ŋutɔ ƒe lɔlɔ̃, si wòtsɔ lɔ̃ mí la fia bena, esime míeganye nuvɔ̃wɔlawo la, Kristo ku ɖe mía ta.” (Rom. 5:8) Aleke gbegbe wòle be mí katã míada akpe ɖe vɔ gã si Yehowa Mawu kple Via siaa wosa ɖe mía ta la ta enye esi! Wona mɔnukpɔkpɔ mí to Kristo ƒe ʋu si wòkɔ ɖi dzi be míanɔ agbe tegbee, nusi ame aɖeke mate ŋu ana mí o.

2 Aleke míate ŋu aɖe míaƒe ŋudzedzekpɔkpɔ afiae? Sidzedze vavãtɔ si woakpɔ le Mawu ƒe Nya Kɔkɔea ɖeɖeko me ƒe tsikɔ le ame geɖe wum. Yehowa ƒe lɔlɔ̃nue wònye be woava nyateƒea ƒe sidzedze la me. (Tim. I, 2:4) Míeɖea ŋudzedzekpɔkpɔ ɖe nyateƒea ŋu fiana to ‘gbeƒãɖeɖe Mawu ƒe Fiaɖuƒe ŋuti nyanyuia’ me. (Luka 4:43) Dzi blibo tsɔtsɔ wɔ dɔ siae fia be Kristo ƒe kuku ɖe mía ta dze mía ŋu eye be míedi be míasrɔ̃e to se si wòde be míawɔ amewo nusrɔ̃lawoe dzi wɔwɔ me.—Mat. 28:19, 20.

3 Gbeƒãɖeɖe ƒe mɔnu siwo ʋu ɖi na mí dometɔ aɖewo ɖe? Ðe míate ŋu awɔ kpekpeɖeŋu mɔɖeɖedɔa ɣeaɖewoɣia? Ne wobu eŋu nyuie vɔ la, ame aɖewo ate ŋu adze gbesiagbe mɔɖeɖedɔa gɔme. Ne míewɔ mɔnukpɔkpɔ nyui siawo ŋudɔ la, míate ŋu azã ɣeyiɣi geɖe wu le Fiaɖuƒe ŋuti nyanyuia kaka me. Ðewohĩ èbu ewɔwɔ ŋu kpɔ gake kuxiwo ɖo atame na wò. Ðewohĩ nɔnɔme si me nèle trɔ. Ne etrɔ la, ke ɖe nèbu gege ɖe mɔɖeɖedɔa me alo kpekpeɖeŋu mɔɖeɖedɔa wɔwɔ enuenu ŋu veviea?

4 Míaƒe akpedada gasẽna ɖe edzi ne míekpɔ nusiwo le dzɔdzɔm ƒo xlã mí. Nuvlowɔwɔ, fuléle, kple dzrehehe le dzidzim ɖe edzi le xexeame katã. Paulo ɖɔ míaƒe ɣeyiɣia nyuie be ‘avɔ̃ɖi’ eye ‘emenɔnɔ asesẽ.’ (Tim. II, 3:1) Nyanyui le mía si fũ míagblɔ na ame bubuwo le nɔnɔme sesẽ siawo me. Magazine nyui eve le mía si, Gbetakpɔxɔ kple Nyɔ! Míate ŋu ana wo ɖekaɖeka alo axɔ nudɔdɔwo le ɣleti sia me. Agbalẽ gbadza siwo ƒo nu tso nyati vovovowo ŋu hã le mía si. Agbalẽ siawo ate ŋu ana amesiwo xlẽa wo ƒe dzi nadze eme bɔkɔɔ. Ele be akpedada ɖe nusi le mía si ta naʋã mí míatsɔ wo ana ame bubuwo faa.—Heb. 13:16.

5 Ðewohĩ amewo metsɔa ɖe le gbɔgbɔmenuwo me tututu le miaƒe nutoa me o. Gake anyigbamamã geɖe li siwo tsea ku. Wole ɖetsɔlemetɔ geɖe kpɔm le anyigbamamã si wometsɔ na hame aɖeke o me. Ðe wòanya wɔ be nàsubɔ le dukɔ sia ƒe akpa si wohiã wò kpekpeɖeŋu le veviea? Aɖaŋu aɖewo anɔ miaƒe nutome sue dzikpɔla si wòaɖo na wò alo àte ŋu aŋlɔ agbalẽ na Habɔbɔa.—Kpɔ May 1992 Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ, axa 1.

6 Susu geɖe li siwo ta wòle be míada akpe ɖe nusiwo le mía si ta, nu nyuiwo gba go le mía si nyateƒe. Míate ŋu ada akpe na Yehowa nyuie wu to nana be ame bubuwo nanya eƒe ŋkɔ kple tameɖoɖowo me.—Yes. 12:4, 5.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe