INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • km 5/04 axa 1
  • Haƒoƒo si Faa Dzi na Ame

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Haƒoƒo si Faa Dzi na Ame
  • Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2004
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Hadzidzi Siwo Dzea Mawu Ŋu
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2000
  • Mɔ Nyui Aɖe Si Dzi Míato Ase Vivi Na Fiaɖuƒehawo
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2011
  • Ðe Haƒoƒo Ate Ŋu Agblẽ Nu Le Ŋunye Vavãa?
    Nyɔ!—1993
  • Ènyaa?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2024
Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2004
km 5/04 axa 1

Haƒoƒo si Faa Dzi na Ame

1 Hadzidzi kple haƒoƒo nye subɔsubɔ vavãtɔ ƒe akpa vevi aɖe. Le blema Israel la, Asaf kple nɔviawo dzi ha be: “Mida akpe na Yehowa. . . . Midzi ha nɛ, miƒo saŋku nɛ, eye miƒo nu le eƒe nukunuwo katã ŋuti!” (Kron. I, 16:8, 9) Egbea míedzia ha na Yehowa le míaƒe kwasiɖa sia kwasiɖa kpekpewo me. (Ef. 5:19) Mɔnukpɔkpɔ wɔnuku ka gbegbee nye si wònye be míakafu eƒe ŋkɔ!—Ps. 69:31.

2 Toɖoɖo Kingdom Melodies, si nye Fiaɖuƒeha siwo woƒo kple haƒomɔ̃ vovovowo, ate ŋu ana míaƒe susuwo nanɔ gbɔgbɔmenuwo ŋu. Nɔvinyɔnu aɖe gblɔ be: “Ne wole haawo ƒom la, enaa meɖoa ŋku emenyawo dzi. Mɔ nyui si dzi mato nye susu nanɔ Yehowa ŋu ne mele ha sem ka gbegbee nye si!”—Fil. 4:8.

3 Ɣeyiɣi Siwo Woase Vivi Nɛ: Kingdom Melodies hawo ƒoƒo le aƒeme hea gbɔgbɔ me nɔnɔme dodzidzɔname si naa ŋutifafa nɔa ƒomea me vɛ. Ƒome aɖe ŋlɔ be: “Míeƒoa [ha siawo] zi gbɔ zi geɖe le aƒeme kple le ʋu me gake alesi woƒo wo wonya see na esese meti mí kpɔ gbeɖe o. Zi geɖe la, Kingdom Melodies hawo ƒoƒo naa susume dzea akɔ anyi ne èle dzadzram ɖo hena Kristotɔwo ƒe kpekpewo yiyi alo ne èle mɔ zɔm yina takpekpe.” Nɔvinyɔnu aɖe gblɔ be: “Wo sese doa dzidzɔ nam ŋutɔ ne mele aƒemedɔwo wɔm—dzidzɔ si mekpɔna ne mele hawo sem hele awuwo dzi ɖom la mele gbɔgblɔ me o! Meɖoe be maƒo ha siawo ɣesiaɣi si dzi mele dzɔyem tututu o. Haƒoƒoa naa nye dzi dzea eme! . . . Ha ɖesiaɖe naa mekpɔa dzidzɔ.” Ðe ɣeyiɣi aɖewo li si me ha fadziname siawo tɔgbe aɖe vi na wòa?

4 Ha geɖe siwo li egbea ƒe akpa gãtɔ ɖea xexeame ƒe gbɔgbɔ fiana. Dzilawo ate ŋu akpe ɖe wo viwo ŋu woana ha nyuiwo navivi wo nu ne wozãa Kingdom Melodies ha siwo woƒo helé ɖi la nyuie. Biblia-nusrɔ̃vi kple ɖetsɔlemetɔ geɖewo hã adi be yewoanya nu tso gbɔgbɔmeha vivi siwo hea kafukafu vɛ na Yehowa hedoa ŋusẽ ame la ŋu.—Ps. 47:2, 3, 7, 8.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe