Mɔ Nyui Aɖe Si Dzi Míato Ase Vivi Na Fiaɖuƒehawo
Mawu subɔlawo bua hadzidzi be enye nunana nyui aɖe tso Yehowa gbɔ. (Yak. 1:17) Fiaɖuƒehawo ƒoƒo blewuu do ŋgɔ na hamea ƒe kpekpewo kple wo megbe siaa doa dzidzɔ na hame geɖewo. Teokrasihawo ƒoƒo do ŋgɔ na kpekpeawo faa akɔ na mí ne míeva ɖo Fiaɖuƒe Akpata me. Ekpena ɖe mía ŋu míedzraa míaƒe susu ɖo hena tadedeagu. Tsɔ kpe ɖe eŋu la, míaƒe ha yeyeawo ƒoƒo nana be haƒoƒoa tsia susu me na mí eye wòkpena ɖe mía ŋu míenyaa hawo dzidzi nyuie. Ha siawo ƒoƒo le kpakpã vɔ megbe nana míedea ha kple mía nɔewo hedea dzi ƒo na mía nɔewo le nɔnɔme dodzidzɔname aɖe me. Eya ta ele be hamemetsitsiwo ƒe hawo nawɔ ɖoɖo nyuie be woanɔ Fiaɖuƒeha si nye Sing to Jehovah—Piano Accompaniment (esi woƒo kple haƒonuwo) ƒom do ŋgɔ na kpekpeawo kple le kpakpã vɔ megbe siaa. Ele be woakpɔ egbɔ hã be woalé mɔ na haƒoƒoa nyuie be wòagaxe mɔ na nɔviawo be woaɖo dze o.