Nutome Sue Takpekpe ƒe Ðoɖowɔɖi Yeye
Le ‘ɣeyiɣi sesẽ siawo siwo me nɔnɔ sẽ’ me la, míehiã mawumenunya be Yehowa nakpɔ ŋudzedze ɖe mía ŋu eye ŋudzedzekpɔkpɔ ma nanɔ mía dzi ɖaa. (Tim. II, 3:1) Ƒe 2005 subɔsubɔƒea ƒe nutome sue takpekpe ƒe ɖoɖowɔɖia ana aɖaŋuɖoɖo kple dzideƒonamenya nyuiwo mí, eye tanya si ŋu wòaku ɖo enye “‘Nunya si Tso Dziƒo’ Nefia Mɔ Wò.”—Yak. 3:17.
Nuƒo kpuiwo ƒe gbãtɔ, si nye “‘Nunya si Tso Dziƒo’ Ðeɖefia le Míaƒe Agbe Me,” akpe ɖe mía ŋu míakpɔ nusi wòbia be míanɔ dzadzɛ, míanye ŋutifafamewo, míase nu gɔme na ame, ahanɔ klalo be míawɔ nusi wodi tso mía si. Emegbe nutome sue dzikpɔla adzro nunya si tso dziƒo la ƒe akpa etɔ̃ bubu aɖewo me. Nutome gã dzikpɔla aƒo ŋkeke gbãtɔa ƒe nuƒo mamlɛtɔ, eye aɖe alesi togbɔ be ame aɖewo bua Kristotɔ subɔlawo be wonye “ame masrɔ̃nuwo kple ame manyanuwo” hã la, wodzra wo ɖo be woatsɔ Mawu ƒe nunya aƒo nui me.—Dɔw. 4:13.
Le ŋkeke evelia dzi la, nuƒo kpui siwo ƒe tanyae nye “Minyã Nusiwo Doa Ame Ðe Ŋgɔgbe” akpe ɖe mía ŋu míakpɔ nusiwo ate ŋu aɖe dzi le mía ƒo le gbɔgbɔ me adze sii ahaƒo asa na wo. Aɖe alesi míate ŋu atu ame bubuwo ɖo le hamea ƒe kpekpewo me, le gbeadzisubɔsubɔdɔa me, kple le ƒomea me la hã afia mí. Dutoƒonuƒoa, si ƒe tanyae nye “Alesi Mawumenunya Ðea Vi Na Míi” la ana míaɖe ŋudzedzekpɔkpɔ geɖe wu afia ɖe viɖe siwo míekpɔna ne míewɔ Mawu ƒe gɔmeɖosewo dzi le míaƒe agbe me la ŋu. Nuƒo mamlɛtɔ si nye “Mawu ƒe Nunya Tsɔtsɔ Wɔ Dɔe Kpɔa Mía Ta” la ado ŋusẽ míaƒe tameɖoɖo kplikpaa be míadi nunya tso Yehowa gbɔ le ŋkeke mamlɛ siawo me.
Nusrɔ̃la yeyewo ƒe nyɔnyrɔxɔxɔ nye takpekpe ɖesiaɖe ƒe akpa vevi aɖe. Woawɔ Teokrasi Subɔsubɔ Sukua eye woadzro Gbetakpɔxɔ Nusɔsrɔ̃ si woawɔ le kwasiɖa ma me hã me le ɖoɖowɔɖia me. Yehowa di be mía dometɔ ɖesiaɖe nakpɔ viɖe tso nunya si wònana me. Aɖaŋuɖoɖo kple dzideƒonamenya siwo le mía lalam le míaƒe nutome sue takpekpea me la aɖe vi geɖe na mí le gbɔgbɔ me.—Lod. 3:13-18.