Nutome Sue Takpekpe Ƒe Numetoto
Míazã nyati sia atsɔ adzra ɖo ɖe ƒe 2005 subɔsubɔƒea ƒe nutome sue takpekpea ŋu eye emegbe míagazãe atsɔ ato emee. Nyati si nye “Ðoɖo Yeye Hena Takpekpe Suewo me Nyawo me Dzodzro,” si dze le emedegbalẽvi sia ƒe axa 4 lia, ɖe alesi woawɔ esiae me. Le numetotoa wɔɣi la, ma ɣeyiɣia ɖe nyabiaseawo katã nu. Ele be numetotoa naku ɖe alesi míate ŋu awɔ nya siwo míese la ŋudɔe ŋu koŋ.
ŊKEKE GBÃTƆ ƑE ŊDI
1. Nukae akpe ɖe mía ŋu míatu mawumenunya ɖo?
2. Agbagba kae amesiwo le nutome suea me la dze be yewoatsɔ nyanyuia aɖo ame geɖe wu gbɔe?
ŊKEKE GBÃTƆ ƑE ŊDƆ
3. Nukatae wòle vevie be ɖi naganɔ Kristotɔwo ŋu le ememe o? Nukae esia bia be míawɔ?
4. Aleke míate ŋu aɖee fiae be míele ŋutifafa me kple mía nɔviwo?
5. Nukae nye nugɔmesesename, eye aleke míate ŋu aɖee afia le alesi míezãa míaƒe ɣeyiɣi mee?
6. Nukae míesrɔ̃ tso Saul kple Noa ƒe kpɔɖeŋuwo me? Mɔ kawo nue míate ŋu aɖee afia le be ‘míelɔ̃na faa be míaɖo to’? (Yak. 3:17)
7. Aleke Kristotɔwo ate ŋu awɔ aƒo asa na agbe eve nɔnɔe?
8. Aleke míate ŋu asrɔ̃ Paulo ƒe kpɔɖeŋu le Mawu ƒe nunya gbɔgblɔ mee?
ŊKEKE EVELIA ƑE ŊDI
9. Nukatae wòle be míakpɔ nyuie le nuwɔna siwo míeminyana me, eye nukae akpe ɖe mía ŋu míawɔ esia?
10. Agbagba kawo dzem nutome suea me tɔwo le be yewoade kpekpeawo edziedzi, eye aleke esia wɔwɔ ɖe vi na woe?
11. Aleke ƒome ƒe tawo ate ŋu atu woƒe aƒemetɔwo ɖoe?
12. Nutome suea ƒe nuhiahiã kawo dzie wohe míaƒe susu yii?
ŊKEKE EVELIA ƑE ŊDƆ
13. Abe alesi wòdze le dutoƒonuƒoa me ene la, nu dzɔdzɔe kawoe nunya si tso dziƒo na wowɔ?
14. Nukatae nunya mele eme o be míaɖo ŋu ɖe mía ɖokuiwo alo amesiwo mawumenunya mefiaa mɔ o la ŋu? Go kawo mee wòhiã be míanɔ ŋudzɔ le?
15. Mɔtetre kawo mee nunya si tso dziƒo la ɖea mí tsoe?
16. Nukatae wòle vevie be míatsɔ aɖaŋu siwo woɖo na mí le nutome sue takpekpea me la awɔ dɔe?