INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • km 9/04 axa 3
  • Ele Be Míade Bubu Yehowa ƒe Dziɖuɖu Ŋu

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Ele Be Míade Bubu Yehowa ƒe Dziɖuɖu Ŋu
  • Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2004
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Nɔ Mawu Ƒe Dziɖuɖu Te Nuteƒewɔwɔtɔe
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2002
  • Nu Ka Ta Wòle Be Míade Bubu Ame Siwo Le Ŋusẽnɔƒewo Ŋu?
    “Minɔ Mawu Ƒe Lɔlɔ̃ La Me Ðaa”
  • Tenɔnɔ Ðe Nuteƒewɔwɔ Ƒe Dodokpɔ La nu
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1996
  • Mide Bubu Amesiwo Woɖo Mia Nu ŋu
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2000
Kpɔ Bubuwo
Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2004
km 9/04 axa 3

Ele Be Míade Bubu Yehowa ƒe Dziɖuɖu Ŋu

Nukae vaa wò susu me ne èse blematɔ siwo nye Korax, Datan, kple Abiram ŋkɔ? Aglãdzedzee! Ðe nuka ŋu? Ðe Mawu ƒe dziɖuɖu ŋu. Wogblɔ nu gbegblẽ si do tso woƒe nuwɔnaa me ɖe Mose IV, ta 16, eye wodzro nya la me kpuie le nyati si nye “Nɔ Mawu ƒe Dziɖuɖu Te Nuteƒewɔwɔtɔe” me le August 1, 2002, ƒe Gbetakpɔxɔ me. Àkpɔe be aɖe vi na ye ne èxlẽ nyati sia eye emegbe nèkpɔ alesi woɖe nusi wowɔ la fia le video si nye Respect Jehovah’s Authority (De Bubu Yehowa ƒe Dziɖuɖu Ŋu) me. Àkpɔ ʋiʋli si yi edzi le Korax vi wɔnuteƒeawo kple wo fofo, amesi tsi tre ɖe xexeame katã ƒe Dziɖulagã ŋu, dome. (Mose IV, 26:9-11) Ele be nusi dzɔ ŋutɔŋutɔ ƒe drama sia naʋã mí katã be míayi edzi awɔ nuteƒe na Yehowa geɖe wu.

Ne èle videoa kpɔm la, de dzesi kpeɖodzi siwo li be Korax kple ehati aglãdzelawo do kpo nu le nuteƒewɔwɔ ƒe dodokpɔ si va wo dzi la me le go vevi ade me: (1) Aleke womede bubu Mawu ƒe dziɖuɖu ŋu o? (2) Aleke woɖe mɔ dada, nɔƒegãdidi, kple ŋuʋaʋã kpɔ ŋusẽ ɖe wo dzii? (3) Aleke wohe susu yi amesiwo Yehowa tia la ƒe gbɔdzɔgbɔdzɔwo ko dzii? (4) Nyatoƒoetoto ƒe nɔnɔme kae dze le wo ŋu? (5) Nukatae subɔsubɔ ƒe ɖoƒe siwo le wo si la medze wo ŋu o? (6) Aleke wona xɔlɔ̃wo kple ƒometɔwo nɔ vevie na wo wu nuteƒewɔwɔ na Mawu?

De ŋugble le alesi nusɔsrɔ̃ siwo le Biblia me drama sia me la ate ŋu aku ɖe alesi mía ŋutɔwo míebua Mawu ƒe dziɖuɖu egbeae ŋu: (1) Aleke wòle be míawɔ nu ɖe nyametsotso siwo hamemegãwo awɔ le hamea me ŋui, eye nukatae? (2) Aleke míawɔ atsi tre ɖe nukpɔsusu gbegblẽ ɖesiaɖe si anɔ mía me ŋui? (3) Aleke wòle be míawɔ nui ɖe amesiwo wotia be woaxɔ ŋgɔ la ƒe gbɔdzɔgbɔdzɔwo ŋu? (4) Nukae wòle be míawɔ ne nyatoƒoetoto ƒe gbɔgbɔ di be yeaɖo mía me? (5) Aleke wòle be míase le mía ɖokui me le mɔnukpɔkpɔ ɖesiaɖe si woana mí ŋu? (6) Amekawoe mele be woanɔ vevie na mí wu nuteƒewɔwɔ na Mawu gbeɖe o, eye ɣekaɣie esia ate ŋu anye dodokpɔ sesẽ na mí?

Ne miedzro nyati sia me le hamea me vɔ la, nukata màwɔ ɖoɖo agakpɔ video sia ake oa? Na susu siwo ta wòle be míade bubu Yehowa ƒe dziɖuɖu ŋu ɣesiaɣi ɖo la natsi susu me na wò ɖikaa!—Ps. 18:26; 37:28.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe