Agbalẽ Gbadza Yeyea Mamadɔ Tɔxɛ
1 Xexeame ƒe nɔnɔmewo ɖea fu na ame geɖe egbea, gake wo dometɔ ʋɛ aɖewo koe se nusitae nuwo le alea gɔme, alo nya nusi etsɔme ahe vɛ kple nusi wòle be woawɔ atsi agbe le ʋɔnudrɔ̃ŋkeke si gbɔna la dzi. (Xez. 9:4) Be míakpe ɖe wo ŋu woanya míaƒe ɣeyiɣia ƒe vevienyenye la, míele dɔ tɔxɛ aɖe wɔ ge tso Dzoɖa, February 21, vaseɖe Kwasiɖa, March 20 ama agbalẽ gbadza yeye si nye Minɔ Ŋudzɔ!
2 Míate ŋu ana agbalẽ gbadzaa le aƒeme yi aƒeme dɔa, tɔtrɔyiwo, vomeɖaseɖiɖi me, alo le ɖaseɖiɖimɔnu bubuwo me. Gake menye amesiame koe míana Minɔ Ŋudzɔ! la o. Ke boŋ míanae amesiwo ɖe ɖetsɔleme fia ɖe nusi Biblia gblɔ ku ɖe xexemenudzɔdzɔwo ŋu. Amesiwo metsɔ ɖe le gbedasia me tututu o ya la, míate ŋu ana trakt wo.
3 Àte ŋu anyɔ ame aɖe ƒe ɖetsɔleme to gbɔgblɔ me be:
◼ “Egbea kuxi sesẽ kple nudzɔdzɔ dovoɖiname siwo bɔ le míaƒe ɣeyiɣiawo me ɖea fu na ame geɖe. [Gblɔ esi wonya le nutoa me ƒe kpɔɖeŋu aɖe.] Ènya be wogblɔ nusiawo ŋu nya ɖi le Biblia mea? [Na wòaɖo eŋu. Emegbe xlẽ mawunyakpukpui aɖe si sɔ kple kuxi si ŋu nèƒo nu le, abe Mateo 24:3, 7, 8; Luka 21:7, 10, 11; alo Timoteo II, 3:1-5 ene.] Biblia ɖe nusi míaƒe ɣeyiɣia me nudzɔdzɔwo fia kple etsɔme si ava na ameƒomea me. Àdi be yeanya nu geɖe tso eŋua? [Na wòaɖo eŋu. Na agbalẽ gbadza lae ne eɖe ɖetsɔleme vavã fia.] Míedo asi ɖe agbalẽ sia ŋu o. Gake ne èdi be yeadzɔ nu faa be míatsɔ ado alɔ xexeame katã ƒe subɔsubɔdɔa la, adzɔ dzi na mí be míaxɔe.”
4 Alo àkpɔ be enana mɔnu sia hã anyo:
◼ “Egbea xexeamenudzɔdzɔ dziŋɔwo alo afɔku siwo dzɔna ɖe amewo dzi doa nuxaxa na ame geɖe. Ame aɖewo biana be nukatae Mawu mexea mɔ ɖe nudzɔdzɔ mawo nu o hã. Biblia ka ɖe edzi na mí be madidi o la, Mawu aɖe ameƒomea ƒe fukpekpewo ɖa. Se yayra siwo Mawu ahe vɛ na ameƒomea ɖa. [Xlẽ Psalmo 37:10, 11.] Àdi be yeanya nu bubuwo tso yayra siawo ŋua?” Wu dzeɖoɖoa nu abe alesi wofiae do ŋgɔ ene.
5 Dze agbagba nàxɔ amesiame si xɔ agbalẽ gbadzaa ƒe ŋkɔ kple adrɛs eye nàwɔ ɖoɖo atrɔ yi ava tu eƒe ɖetsɔlemea ɖo. Alesi míawɔe ŋuti ɖaŋuɖoɖowo adze le March 2005 Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ me. Ne ame aɖe ɖe ɖetsɔleme vavã fia le sasrãkpɔ gbãtɔ me la, àte ŋu adze Biblia-nusɔsrɔ̃ gɔme kplii enumake le Minɔ Ŋudzɔ! ƒe agbalẽ gbadzaa me alo le agbalẽ bubu, abe Nusi Mawu Di ene, me.
6 Agbalẽ gbadza yeyea ƒe ɖewo anɔ hamea me ale be le Subɔsubɔ Kpekpe si me míadzro nyati sia me le megbe teti la, míate ŋu axɔ wo. Ne anyo la, gbeƒãɖelawo kple mɔɖelawo naxɔ agbɔsɔsɔ si nu asu na wo le kwasiɖa si me míawɔ dɔ tɔxɛa le ƒe ŋkeke gbãtɔwo dzi ko gbɔ. Míebia Yehowa ƒe yayra ɖe dɔ tɔxɛ sia wɔwɔ dzi be wòanye kafukafu nɛ eye wòaɖe vi na dzianukwaretɔwo le afisiafi.—Ps. 90:17.