Ale Si Míazã Nya Nyui Si Tso Mawu Gbɔ!
Agbalẽ Gbadza Yeye Si Wota Be Wòakpe Ðe Mía Ŋu Le Tɔtrɔyiwɔwɔ Kple Biblia Nusɔsrɔ̃ Gɔme Dzedze Me
1. Agbalẽ gbadza yeye kae woɖe ɖe go le “Dzɔ Wò Dzi Ŋu!” Nutome Gã Takpekpea me be wòakpe ɖe mía ŋu le tɔtrɔyiwɔwɔ kple Biblia nusɔsrɔ̃ gɔme dzedze me?
1 Le “Dzɔ Wò Dzi Ŋu!” Nutome Gã Takpekpea me la, dzi dzɔ mí ŋutɔ esi woɖe agbalẽ gbadza yeye si akpe ɖe mía ŋu le tɔtrɔyiwɔwɔ kple Biblia nusɔsrɔ̃ gɔme dzedze me la ɖe go. Vovototo boo mele Nya Nyui Si Tso Mawu Gbɔ! kple Nusi Mawu Di ƒe agbalẽ gbadza si teƒe wòva xɔ ɖo la dome o, elabena nusɔsrɔ̃awo le kpuie hele bɔbɔe. Esia ana míate ŋu azãe atsɔ adze Biblia nusɔsrɔ̃ gɔme le ʋɔtru nu gɔ̃ hã. Gake to vovo na Nusi Mawu Di ƒe agbalẽ gbadza si dzro Kristotɔwo ƒe nudidi siwo ate ŋu asesẽ na nusrɔ̃vi aɖewo be woalɔ̃ ɖe wo dzi me la, agbalẽ gbadza yeye sia ya he susu yi nya nyui si le Biblia me koŋ dzi tẽe.—Dɔw. 15:35.
2. Susu ka tae wota Nya Nyui gbalẽ gbadzaa ɖo?
2 Susu ka tae wotae ɖo? Mía nɔvi aɖewo gblɔna be ne ɖe woagate ŋu atrɔ asi le agbalẽ aɖe si le bɔbɔe wu, si ahe amewo ava nyateƒea me, si míate ŋu azã atsɔ akpe ɖe amewo ŋu be woalɔ̃ be woasrɔ̃ Biblia Ƒe Nufiafia gbalẽa kpli yewo la, anye ne anyo ŋutɔ. Zi geɖe la, ame siwo agbalẽ gãwo sɔsrɔ̃ doa vɔvɔ̃ na lɔ̃na be yewoazã agbalẽ gbadzawo atsɔ asrɔ̃ Biblia. Azɔ hã, ele bɔbɔe be woaɖe agbalẽ gbadzawo gɔme ɖe gbegbɔgblɔ geɖewo me.
3. Aleke agbalẽ gbadza sia to vovo tso Biblia srɔ̃gbalẽ bubuwo gbɔe?
3 Ale Si Wotrɔ Asi Le Eŋui: Woŋlɔ míaƒe Biblia srɔ̃gbalẽ geɖewo be amewo nate ŋu axlẽe ase egɔme bɔbɔe nenye be ame aɖeke mekpe ɖe wo ŋu o gɔ̃ hã. Agbalẽ sia ya to vovo. Ðe wotae be nufiala aɖe natsɔe akpe ɖe nusrɔ̃via ŋu wòasrɔ̃ Biblia. Eya ta ne míele enam la, anyo ŋutɔ be míadzro memama ɖeka alo eve me kple amea. Memamawo le kpuie, eya ta míate ŋu adzro eme kple amea le ʋɔtru nu alo le eƒe dɔwɔƒe gɔ̃ hã. Togbɔ be anyo be míadze egɔme tso nusɔsrɔ̃ 1 dzi hã la, míate ŋu azã agbalẽa ƒe nusɔsrɔ̃ ɖe sia ɖe si sɔ atsɔ adze egɔme faa.
4. Aleke agbalẽ gbadza sia akpe ɖe mía ŋu be míafia nu tso Biblia me tẽe?
4 Zi geɖe la, nyabiase siwo nɔa míaƒe agbalẽ geɖewo me la ƒe ŋuɖoɖowo nɔa memamawo me. Gake le agbalẽ sia gome la, Biblia me koŋue woakpɔ ŋuɖoɖoawo le. Ame geɖe dina be yewoasrɔ̃ nu tso Biblia la me ke menye tso míaƒe agbalẽwo me o. Eya ta womeŋlɔ mawunyakpukpui siwo woyɔ la dometɔ akpa gãtɔ me nyawo ɖe agbalẽa me o. Ele be míaxlẽ mawunyakpukpuiawo tso Biblia ŋutɔ me tẽe. Esia kpena ɖe nusrɔ̃viwo ŋu wokpɔnɛ be nu si srɔ̃m yewole la tso Mawu gbɔ.—Yes. 54:13.
5. Nu ka tae wòle vevie be nufialaa nadzra ɖo nyuie ɖe nusɔsrɔ̃ ɖe sia ɖe ŋu?
5 Womeɖe mawunyakpukpuiawo katã me le agbalẽ gbadza sia me o. Nu ka tae? Wotae be wòade dzi ƒo na nusrɔ̃via be wòabia nya eye esia akpe ɖe nufialaa ŋu be wòazã eƒe nufiafiaŋutete. Eya ta ele vevie be míadzra ɖo nyuie ɖe nusɔsrɔ̃ ɖe sia ɖe ŋu. Gake de dzesii: Mègaƒo nu fũu o. Ŋɔŋlɔawo me ɖeɖe doa dzidzɔ na mí. Gake eɖea vi geɖe wu ne míena nusrɔ̃via ɖe ale si wòse ŋɔŋlɔawo gɔmee la gblɔ. Ne míezã nyabiasewo ŋuɖɔɖotɔe la, míate ŋu akpe ɖe eŋu wòabu tame ake ɖe nu si fiam mawunyakpukpui ɖe sia ɖe le ŋu.—Dɔw. 17:2.
6. Aleke míate ŋu azã agbalẽ gbadza sia (a) le afi si amewo kea ɖi Mawu ƒe anyinɔnɔ kple Biblia la le? (b) ne míele gbeƒã ɖem tso aƒe me yi aƒe me? (d) ne míedi be míado Biblia nusɔsrɔ̃ ɖe amewo gbɔ tẽe? (ɖ) ne míele tɔtrɔyiwo wɔm?
6 Míate ŋu ana agbalẽ gbadza sia ɣesiaɣi abe ale si ko míenaa nusrɔ̃gbalẽ bubuwo ene, metsɔ le agbalẽ si nam míele le ɣletia me la me o. Ado dzidzɔ na gbeƒãɖela geɖe be yewoazãe atsɔ ado nusɔsrɔ̃ ɖe amewo gbɔ tẽe le ʋɔtru nu. Gawu la, abe ale si wogblɔe le nutome gã takpekpea me ene la, míakpɔe be “agbalẽ sia zazã le tɔtrɔyi wɔwɔ me vivina ŋutɔ!”—Kpɔ aɖaka siwo le axa 5-7.
7. Akeke nàte ŋu azã agbalẽ gbadza sia atsɔ awɔ Biblia nusɔsrɔ̃e?
7 Ale Si Míawɔ Nusɔsrɔ̃a: Àte ŋu axlẽ nyabiase siwo gbɔ xexlẽdzesiwo le, siwo woŋlɔ kple nuŋlɔtsi toto la atsɔ adze nusɔsrɔ̃a gɔme. Eyome miaxlẽ memamawo kple mawunyakpukpui siwo gbɔ woŋlɔ ɖo be “xlẽ.” Zã nyabiasewo ŋuɖɔɖotɔe nàtsɔ akpe ɖe aƒemenɔlaa ŋu wòase nu si ŋɔŋlɔawo fia la gɔme. Hafi miayi akpa si kplɔe ɖo dzi la, bia aƒemenɔlaa be wòaɖo nyabiasea ŋu be nàka ɖe edzi be ese egɔme. Le gɔmedzedzea la, anyo wu be nàdzro nyabiase siwo woŋlɔ kple nuŋlɔtsi toto la ɖeka ko me kplii. Ne ɣeyiɣia va le yiyim la, àte ŋu ava dzro nusɔsrɔ̃ blibo ɖeka me kplii.
8. Aleke wòle be míahe susu ayi mawunyakpukpuiawo dzii, eye nu ka tae?
8 Mawunyakpukpui siwo gbɔ woŋlɔ ɖo be “xlẽ” la ɖo nyabiase si woŋlɔ kple nuŋlɔtsi toto la ŋu tẽe. Ne èle susu hem yi mawunyakpukpui aɖe dzi la, ƒo asa na nyawo abe, “Apostolo Paulo ŋlɔ bena” alo, “Kpɔ nya si Yeremiya gblɔ ɖi ɖa” ene gbɔgblɔ. Aƒemenɔlaa ate ŋu asusu be amegbetɔ dzro aɖe ko ƒe nyawo xlẽm míele na ye. Anyo wu ne míegblɔ be, “Mawu ƒe Nya la gblɔ be” alo, “Kpɔ nya si Biblia gblɔ ɖi ɖa.”
9. Ðe wòle be míaxlẽ mawunyakpukpui siwo katã le nusɔsrɔ̃a mea?
9 Ðe wòle be míaxlẽ mawunyakpukpui siwo katã woyɔa, alo esiwo gbɔ woŋlɔ “xlẽ” ɖo la koa? Esia anɔ te ɖe nɔnɔmeawo dzi. Susu aɖe tae mawunyakpukpui siwo katã le afi ma la li ɖo. Nufiame veviwo le wo katã me. Gake le nusrɔ̃vi aɖewo gome la, vovomanɔameŋu, woƒe ɖetsɔleme, alo woƒe nuxexlẽŋutete ate ŋu abia be míaxlẽ mawunyakpukpui siwo gbɔ woŋlɔ “xlẽ” ɖo la ko.
10. Ɣekaɣie míate ŋu atrɔ nusɔsrɔ̃a ayi Biblia Ƒe Nufiafia gbalẽa me?
10 Ɣeyiɣi Si Míatrɔ Nusɔsrɔ̃a Ayi Ðe Biblia Ƒe Nufiafia Gbalẽa Me: Ne Biblia nusɔsrɔ̃a le edzi yim ɖe ɖoɖo nu hena ɣeyiɣi aɖe la, miate ŋu atrɔe ayi Biblia Ƒe Nufiafia gbalẽa me loo alo miayi Nya Nyui gbalẽ gbadza la sɔsrɔ̃ dzi va se ɖe eƒe nuwuwu. Gbeƒãɖelawo ate ŋu adae kpɔ anya ɣeyiɣi nyuitɔ si woatrɔ nusɔsrɔ̃a ayi agbalẽ bubu me. Ne míetrɔe yi Biblia Ƒe Nufiafia gbalẽa me la, ɖe míadze egɔme tso gɔmedzedzea? Se aɖeke meli ku ɖe esia ŋu o. Ame sia ame ƒe ŋutete le vovo. Ke hã aɖe vi na nusrɔ̃vi akpa gãtɔ ne wogasrɔ̃ nyati mawo ake, siwo me woɖe tsitotsito, le Biblia Ƒe Nufiafia gbalẽa me.
11. Nu ka tae wòle be míazã agbalẽ gbadza yeye sia nyuie?
11 Le xexe sia si me nya nyui mebɔ ɖo o me la, mɔnukpɔkpɔ gã aɖee wònye na mí be míaɖe gbeƒã nya nyuitɔ kekeake—si nye be Mawu ƒe Fiaɖuƒea le dzi ɖum eye eteƒe madidi o ahe xexe yeye si me dzɔdzɔenyenye anɔ la avɛ! (Mat. 24:14; 2 Pet. 3:13) Míeka ɖe edzi be ame geɖe siwo ase gbedeasi sia la alɔ̃ ɖe nya siawo siwo tso gbɔgbɔ me la dzi be: “Du nyui xɔla ƒe afɔwo nyo le towo dzi loo! Eya, ame si ɖea gbeƒã ŋutifafa, eye wòtoa gbe nyui, eɖea gbeƒã xɔname, eye wòle gbɔgblɔm na Zion be: Wò Mawu enye fia!” (Yes. 52:7) Neva eme be míazã agbalẽ gbadza yeye sia atsɔ agblɔ nya nyui si tso Mawu gbɔ la na ame siwo tsikɔ le wuwum le míaƒe anyigbamamaa me!
[Aɖaka si le axa 5]
Afi Si Amewo Kea Ði Mawu Ƒe Anyinɔnɔ Kple Biblia La Le:
● Le teƒe aɖewo la, gbeƒãɖelawo de dzesii be ne yewoyɔ “Mawu” alo “Biblia” ŋkɔ ko la, amewo tsia nya ɖe yewo nu. Ekema anyo be nàdzro nyati siwo ku ɖe nu siwo ŋu amewo tsi dzi ɖo le nutoa me ŋu la me, abe nu si tae míehiã dziɖuɖu nyui, afi si míakpɔ aɖaŋuɖoɖo nyui siwo akpe ɖe ƒomewo ŋu le, kple nu si etsɔme ahe vɛ ene. Ðewohĩ ne míeyi amea gbɔ zi geɖe hedzro ale si míewɔ nya be Mawu li, kple nu si tae míate ŋu aka ɖe Biblia dzi la me kplii vɔ la, ekema míate ŋu ayi numedzodzroa dzi le Nya Nyui gbalẽ gbadza la me.
[Aɖaka si le axa 6]
Ne Míele Gbeƒã Ðem Tso Aƒe Me Yi Aƒe Me:
● “Meva be magblɔ ale si wòle bɔbɔe be míanya nu si Mawu ɖo be yeawɔ na ameƒomea le etsɔme la ŋu nya na wò. Èbu be Mawu ava ɖe míaƒe fukpekpewo ɖa na mí gbe ɖeka? [Ðe mɔ wòaɖo eŋu.] Agbalẽ gbadza sia ana nàkpɔ ale si Biblia ɖo nya sia ŋui. [Tsɔ agbalẽ gbadza la nɛ, mixlẽ nusɔsrɔ̃ 1 ƒe memama gbãtɔ, eyome miaxlẽ Yeremiya 29:11.] Ðe nèkpɔe le nya siawo me be Mawu di be nuwo nanyo na mí le etsɔmea? [Ðe mɔ wòaɖo eŋu.] Ne èdii la, agbalẽ sia ate ŋu azu tɔwò. Ne metrɔ va la, míadzro memama evelia me akpɔ Biblia ƒe ŋuɖoɖo na biabia si nye, ‘Aleke Mawu aɖe ameƒomea tso nu siwo hea fukpekpe vanɛ me?’” Ne vovo le aƒemenɔlaa ŋu le yiyi zi gbãtɔ me la, ke miate ŋu axlẽ memama evelia hã kple mawunyakpukpui etɔ̃ siwo kpe ɖe eŋu ahadzro wo me. Wɔ ɖoɖo nàtrɔ ayi aɖadzro nusɔsrɔ̃ ma ƒe nyabiase evelia me kplii.
● “Ame geɖe lɔ̃a gbedodoɖa, vevietɔ ne wole kuxiwo me tom. Ðe wò hã nèdoa gbe ɖa ɣeaɖewoɣia? [Ðe mɔ wòaɖo eŋu.] Èsusui be Mawu ɖoa to gbedodoɖawo katã, alo be gbedodoɖa aɖewo medzea eŋu oa? [Ðe mɔ wòaɖo eŋu.] Agbalẽ aɖe le asinye si ana míakpɔ nyabiase siawo ƒe ŋuɖoɖowo tso Biblia me. [Tsɔ agbalẽa nɛ, eye miadzro nusɔsrɔ̃ 12 lia ƒe memama gbãtɔ me, eye miaxlẽ mawunyakpukpui siwo gbɔ woŋlɔ ɖo be “xlẽ.”] Ðe menyo ŋutɔ be Mawu lɔ̃ faa be yeaɖo to mí oa? Gake be gbedodoɖa naɖe vi na mí bliboe la, ele be míanya Mawu nyuie. [Ʋu nusɔsrɔ̃ 2 lia nàtsɔ tanya sueawo fiae.] Ne èdii la, agbalẽ sia ate ŋu azu tɔwò, eye magatrɔ ava ne míakpɔ ale si Biblia ɖo biabia siawo ŋui.”
● “Egbea ame geɖe tsi dzi vevie ɖe nu siwo le dzɔdzɔm le xexea me ŋu. Èsusu be nɔnɔmeawo ava ka ɖe eme gbe ɖeka? [Ðe mɔ wòaɖo eŋu.] Ewɔa nuku na ame geɖe ne wokpɔe be nya nyui siwo le Biblia me la naa mɔkpɔkpɔ ame. Nyabiase siwo ƒe ŋuɖoɖowo le Biblia me la dometɔ aɖewo dze le afi sia.” Tsɔ agbalẽa nɛ, eye nàna wòatia nyabiase siwo le megbekpaa dzi la dometɔ si wòadi be yeakpɔ ŋuɖoɖo na. Eyome ʋu nusɔsrɔ̃ ma, eye nàwɔ ale si míewɔa Biblia nusɔsrɔ̃e la fiae. Wɔ ɖoɖo nàtrɔ ayi aɖadzro nusɔsrɔ̃ ma ƒe nyabiase evelia me kplii.
[Aɖaka si le axa 7]
Do Nusɔsrɔ̃ Ðe Amewo Gbɔ Tẽe:
● “Meva be magblɔ Biblia nusrɔ̃gbalẽ yeye aɖe ŋu nya na wò. Nusɔsrɔ̃ 15 ye le agbalẽ sia me, si ana nàkpɔ nyabiase vevi aɖewo ƒe ŋuɖoɖowo le wò Biblia me. [Tsɔ agbalẽa ƒe ŋgɔgbekpa kple megbekpa fiae.] Èdina be yease Biblia gɔme nyuiea? [Ðe mɔ wòaɖo eŋu.] Na mafia ale si nusɔsrɔ̃mɔnu sia le bɔbɔe la wò. [Midzro nusɔsrɔ̃ 3 lia ƒe nyabiase 3 lia ƒe memama gbãtɔ me, eye miaxlẽ Nyaɖeɖefia 21:4, 5. Ne asɔ la, midzro memama si kplɔe ɖo kple mawunyakpukpui siwo gbɔ woŋlɔ ɖo be “xlẽ” la hã me.] Ne èdii la, agbalẽ sia ate ŋu azu tɔwò. Made dzi ƒo na wò be nàna míawɔ Biblia nusɔsrɔ̃ sia zi ɖeka ya teti ne nàkpɔ. Ne edzɔ dzi na wò la, ke míate ŋu ayi nusɔsrɔ̃a dzi. Ne megatrɔ va la, míadzro nusɔsrɔ̃ gbãtɔ me nàkpɔ. Axa ɖeka pɛ koe.”
[Aɖaka si le axa 7]
Zãe Ne Èle Tɔtrɔyiwo Wɔm:
● Ne míetrɔ yi ame si ɖe ɖetsɔleme fia gbɔ la, míate ŋu agblɔ be: “Enyo ŋutɔ be megakpɔ wò. Metsɔ agbalẽ aɖe si ana míakpɔ ale si Biblia ɖo biabia vevi geɖewo ŋui la vɛ na wò. [Tsɔ agbalẽa nɛ eye nàtsɔ nyati siwo le megbekpaa dzi la fiae.] Nyati siawo dometɔ kae do dzidzɔ na wò wu? [Ðe mɔ wòaɖo eŋu. Eye miaʋu nyati si wòtia la.] Na mawɔ ale si agbalẽ sia sɔsrɔ̃ ana nàkpɔ nya sia ƒe ŋuɖoɖo le Biblia me la afia wò.” Midzro memama ɖeka alo eve me eye miaxlẽ mawunyakpukpui siwo gbɔ woŋlɔ ɖo be “xlẽ” nàtsɔ awɔ ale si míesrɔ̃a Biblia kple amewoe la fiae. Biblia nusɔsrɔ̃ gɔmee ma nèdze! Tsɔ agbalẽa nɛ eye wɔ ɖoɖo nàtrɔ ayi. Ne miewu nusɔsrɔ̃ ma nu la, miagate ŋu adzro nusɔsrɔ̃ bubu si aƒemenɔlaa tia me loo alo ayi aɖadze egɔme tso nusɔsrɔ̃ gbãtɔ dzi.